Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyakpakpa Ðeka Hea Bubu Ðe Go

Nyakpakpa Ðeka Hea Bubu Ðe Go

Nyakpakpa Ðeka Hea Bubu Ðe Go

APOSTOLO Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la be: “Mikpɔ nyuie.” Nu ka ƒe nuxlɔ̃ame nam wònɔ? Eɖe eme be: “Ðewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe.”—Kolosetɔwo 2:8.

Togbɔ be Paulo xlɔ̃ nu alea hã la, tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo la, Kristotɔ aɖewo va te blema xexemenunya ƒe nukpɔsusu aɖewo zazã tsɔ nɔa woƒe dzixɔsewo me ɖem. Nu ka tae? Wodi be yewoƒe nu nadze agbalẽnyalagã siwo nɔ Roma Fiaɖuƒea me la ŋu ahato esia dzi ahe ame geɖewo ava Kristotɔnyenye me.

Justin Martyr, si nye Kristotɔ siawo dometɔ siwo xɔ ŋkɔ wu la dometɔ ɖeka, xɔ edzi se be Mawu ƒe Nyanuɖela ɖe eɖokui fia Hela xexemenunyalawo xoxoxo do ŋgɔ na Yesu ƒe vava. Le Justin kple nufiala bubu siwo ƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kple etɔ ƒe nya nu la, xexemenunya kple xotutuwo dede Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me na Kristotɔnyenye va de du wu.

Ame geɖe siwo menye Kristotɔwo tsã o la ƒo zi ɖe Kristotɔnyenye sia si ƒomevi Justin Martyr to vɛ la ŋu. Ke hã, nyakpakpa ɖeka xɔxɔ de eme va na woto bubuwo vae, siwo nye nyakpakpa siwo dzi ame geɖe va xɔ se egbea be wonye Kristotɔwo ƒe nufiafiawo. Be nàde dzesi nyakpakpa siawo la, tsɔ nya siwo numekugbalẽ siwo gbɔna gblɔ la sɔ kple nu si tututu Biblia fia.

[Picture Credit Lines on page 3]

Abosam: Barrators—Giampolo/The Doré Illustrations For Dante’s Divine Comedy/Dover Publications Inc.; mawudɔlawo: Art Resource, NY; mawuɖekaetɔ̃ ƒe kpetata: Museo Bardini, Florence