Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Protestant Sɔlemeha Aɖee Yehowa Ðasefowo Nyea?

Protestant Sɔlemeha Aɖee Yehowa Ðasefowo Nyea?

Exlẽlawo Bia Be

Protestant Sɔlemeha Aɖee Yehowa Ðasefowo Nyea?

Yehowa Ðasefowo mebua wo ɖokuiwo be yewonye Protestant sɔlemeha aɖe o. Nu ka tae?

Ame siwo nɔ ʋiʋlim vevie be woawɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo le Roma Katolikohaa ƒe nufiafia aɖewo ŋu lae va ɖo Protestant subɔsubɔhaa anyi le Europa le ƒe alafa 16 lia me. Takpekpe aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Diet of Speyer, si wowɔ le ƒe 1529 me la, mee wozã nya “Protestant” le zi gbãtɔ na Martin Luther yomedzelawo. Tso ɣemaɣi la, wova zãa nya sia na ame siwo katã wɔ ɖeka kple Ðɔɖɔɖotaʋlilawo heda asi ɖe woƒe nukpɔsusuwo kple gɔmeɖosewo dzi. Esia tae Merriam-Webster’s Collegiate Dictionary, Tata 11 lia, ɖe Protestant gɔme be enye “sɔlemeha ɖe sia ɖe si melɔ̃ ɖe Papa la ƒe ŋusẽ dzi o, eye woda asi ɖe Ðɔɖɔɖotaʋiʋlia ƒe gɔmeɖosewo dzi, abe xɔsee nana ame ƒe nu dzea Mawu ŋu, xɔsetɔwo katã nye nunɔlawo, kple be Biblia ɖeka ko mee woɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔ ɖe go le, ene.”

Togbɔ be Yehowa Ðasefowo melɔ̃ ɖe papa la ƒe ŋusẽ dzi o, eye woka ɖe edzi bliboe be Biblia me koe nyateƒea le hã la, woto vovo tso Protestant sɔlemehaa gbɔ le mɔ ɖedzesi geɖewo nu. Le nyateƒe me la, mawusubɔsubɔ ŋuti numekugbalẽ si woyɔna be The Encyclopedia of Religion gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu be, “woawo ya woto vovo kura.” Na míadzro mɔ siwo nu woto vovo le la dometɔ etɔ̃ me akpɔ.

Gbã la, togbɔ be Protestanttɔwo gbe nu le Katolikotɔwo ƒe dzixɔse aɖewo gbɔ hã la, Ðɔɖɔɖotaʋlilawo galé Katolikohaa ƒe nufiafia aɖewo me ɖe asi, abe Mawuɖekaetɔ̃, dzomavɔ, kple luʋɔmakumaku ene. Yehowa Ðasefowo ya kpɔ kakaɖedzi be menye ɖeko nufiafia mawo mewɔ ɖeka kple nu si Biblia fia o, ke wotrɔ gbo ale si wòle be míabu Mawui hã.—Kpɔ magazine sia ƒe axa 4-7.

Evelia, Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔhaa metsi tsitre ɖe subɔsubɔha aɖe koŋ ŋu kple susu be yewoaɖɔe ɖo o, ke boŋ enye esi doa nufiafia nyuitɔ ɖe ŋgɔ. Wotsɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia nya vevii, be: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ ele be wòafa tu na amewo katã, wòanya nufiafia, wòaɖu eɖokui dzi le vɔ̃ me, wòafia nu tsitretsiɖeŋulawo le tufafa me.” (2 Timoteo 2:24, 25) Yehowa Ðasefowo ʋua go ale si subɔsubɔha geɖewo ƒe nufiafia aɖewo tsi tsitre ɖe nu si Biblia fia ŋu ya. Gake menye didi be yewoaɖɔ subɔsubɔha mawo ɖo tae wowɔnɛ ɖo o. Ke boŋ woƒe taɖodzinue nye be yewoakpe ɖe ame sia ame si ko di be Mawu kple eƒe Nya, Biblia, ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ye si la ŋu. (Kolosetɔwo 1:9, 10) Ne ame siwo si dzixɔse bubuwo le la tsɔ tɔteteɖenudzi gbe lɔlɔ̃ ɖe woƒe numeɖeɖewo dzi la, womeƒoa wo ɖokuiwo ɖe glãkahehe si me tsɔɖui aɖeke mele o la me o.—2 Timoteo 2:23.

Etɔ̃lia, to vovo na Protestant subɔsubɔ si woto vɛ, si va ma kakɛkakɛe ɖe subɔsubɔha bubu geɖewo me la, Yehowa Ðasefowo ya kpɔtɔ nye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si wɔ ɖeka. Le nufiafia siwo dzi woxɔ se gome la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ vovovo 230 me la wɔna ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mi katã miagblɔ nya ɖeka.” Mama aɖeke mele wo dome o. Ke boŋ “[wowɔ] ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.” (1 Korintotɔwo 1:10) Wodzea agbagba vevie le wo nɔewo dome be “[yewoawɔ] ɖeka le gbɔgbɔ la me le ŋutifafa ƒe nublanu la me.”—Efesotɔwo 4:3.