Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàsrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbea?

Ðe Wòle Be Nàsrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbea?

Ðe Wòle Be Nàsrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbea?

GBEGBƆGBLƆ eve, siwo nye Hebrigbe kple Helagbe, me koe woŋlɔ Biblia ƒe akpa gãtɔ ɖo zi gbãtɔ. * Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia tee ame siwo ŋlɔ Biblia ɖe gbegbɔgblɔ eve siawo me la wɔ dɔa le. (2 Samuel 23:2) Eya ta esɔ be woagblɔ tso nya siwo woŋlɔ ɖi la ŋu be “[wotso] Mawu ƒe gbɔgbɔ me.”—2 Timoteo 3:16, 17.

Ke hã, ame akpa gãtɔ siwo xlẽa Biblia egbea la mese Hebrigbe alo Helagbe o. Ke boŋ ele be woazã Biblia si gɔme woɖe ɖe gbe si wose me. Ðewohĩ nenemae wòle le wò hã gowòme. Esi wònye be menye Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã ame siwo ɖe Biblia gɔme o ta la, ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be: ‘Ðe mate ŋu ase Biblia me nyawo gɔme bliboe ne mele esi gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ bubu me la zãma, alo ɖe masrɔ̃ Hebrigbe kple Helagbe hafia?’

Nu Siwo Ŋu Wòle Be Nàbu

Hafi nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma la, nu geɖewo li siwo ŋu wòle be nàbu. Gbã la, ele be nànya be blema Hebrigbe kple Helagbe nyanya ɖeɖe menana ame sea Biblia me gbedeasia gɔme enumake nukutɔe o. Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la be: “Miele Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito, elabena miesusuna be yewoato wo dzi akpɔ agbe mavɔ; eye woawo kee le ɖase ɖim tso ŋunye. Evɔ miedi be yewoava gbɔnye, ne miakpɔ agbe o.” (Yohanes 5:39, 40) Nu kae nye woƒe kuxia? Hebrigbea gɔme masemase nyuie yea? Ao, elabena woɖu tu na gbe sia nyuie. Gake Yesu yi edzi ɖe nu me be: “Menyae nyuie be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o.”—Yohanes 5:42.

Nenema kee apostolo Paulo hã gblɔ na Kristotɔ Helagbedola siwo nɔ blemadu Korinto me la be: “Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo hã dia nunya; gake míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo si wohe ɖe ati ŋu la, wònye nukikli na Yudatɔwo, gake wònye bometsinya na dukɔwo ya.” (1 Korintotɔwo 1:22, 23) Eya ta eme kɔ ƒãa be menye Hebrigbe alo Helagbe sesee ana ame aɖe nase gbedeasi si le Mawu ƒe Nyaa me la gɔme o.

Nu vevi evelia si ŋu wòle be míabue nye be, togbɔ be ame aɖewo se Hebrigbe kple Helagbe siwo wodona egbea hã la, woto vovo tso Hebrigbe kple Helagbe siwo wozã tsɔ ŋlɔ Biblia la gbɔ sãsãsã. Esesẽna na Helagbedola akpa gãtɔ egbea be woase Helagbe si wotsɔ ŋlɔ Biblia zi gbãtɔ la gɔme nyuie. Nu si ta wòle nenemae nye be nya yeye geɖewo va xɔ ɖe nya aɖewo siwo wozãna tsã la teƒe, eye gɔmesese vovovowoe le nya xoxo siwo womeɖɔli o gɔ̃ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gɔmesese si le blema Helagbe me nya si gɔme woɖe le Dɔwɔwɔwo 7:20 kple Hebritɔwo 11:23 be “dze ɖeka” ŋu le Helagbe si wodona egbea mee nye “ɖi kokoe.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wowɔ tɔtrɔ geɖewo le gbeŋutise kple ale si wotua nyawo ɖoe hã gome.

Ne èsrɔ̃ egbegbe Hebrigbe kple Helagbe hã la, ema mefia kokoko be ana nàse Biblia gɔme le Hebrigbe kple Helagbe siwo me woŋlɔe ɖo gbã la gɔme nyuie wu o. Ahiã godoo be nàzã nyagɔmeɖegbalẽwo kple gbeŋutisegbalẽwo bene woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si wozã gbegbɔgblɔ mawo esime wonɔ Biblia ŋlɔm.

Nu vevi etɔ̃liae nye be, gbegbɔgblɔ yeye sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe kura o. Togbɔ be nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ le gbegbɔgblɔ bubu me mesesẽna akpa le gɔmedzedzea me o hã la, ate ŋu abia kutrikuku hena ƒe geɖe hafi ame nate ŋu aɖu tu na gbegbɔgblɔ yeye aɖe nyuie. Gake hafi nàva ɖo afi ma la, nya sia anye nyateƒe le gowòme be, Sidzedze si mede edeƒe o la, afɔkue. Nu ka tae míegblɔ nenema?

Nya Sia Gɔme Ðe?

Ðe ame aɖe si le mia degbe srɔ̃m la bia gɔmesese si le nya aɖe koŋ ŋu la wò kpɔa? Ne nenemae la, àlɔ̃ ɖe edzi be ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nu ka tae? Elabena gɔmesese geɖe ate ŋu anɔ nya ɖeka ma ke ŋu. Ðewohĩ àbia amea be wòatsɔ nya ma awɔ kpɔɖeŋu aɖe na ye. Ne megblɔ nya aɖeke kpe ɖe nya si gɔme wòdi be yease ŋu o la, ɖewohĩ asesẽ be nàgblɔ nyaa ƒe gɔmesese si tututu asɔ la nɛ. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ame aɖe bia wò be gɔmesese kae le nya “ga” ŋu hã. Gɔmesese vovovowo ate ŋu anɔ nya sia ŋu, le mɔ si nu ame aɖe di be yeazãe le nu. Ate ŋu afia ga si wotsɔ ƒlea nui loo, gakpo ƒomevi aɖe loo, alo ga si woƒona, abe sukuga, alo gasɔ ƒe ga ene. Le go bubu me la, ate ŋu afia game, abe ne wobia be, ‘ga nenie ƒo hã’? ene. Woagate ŋu azãe wòafia nuwɔna si woagbugbɔ awɔ, abe ne wogblɔ be “gava ake” ene. Gake ne wogblɔ be wode ame ga la, efia be wolé amea tu. Ke azɔ, gɔmesese siawo katã dometɔ kae woate ŋu agblɔ be eyae nye nyuitɔa?

Woate ŋu aŋlɔ gɔmesese vovovo siwo ate ŋu anɔ nya ɖeka aɖe si la ɖe nyagɔmeɖegbalẽ me. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖewo ate ŋu aɖo gɔmesese vovovo siawo ɖe ɖoɖo si nu wozãa wo ɖo wu la nu. Gake nya siwo ƒo xlã nya si gɔme nèdi be yease lae ana nànya gɔmesese nyuitɔ si asɔ nɛ. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ènya nu vi aɖe tso atikewɔwɔ ŋu, eye lãmegbegblẽ aɖe le fu ɖem na wò evɔ mènya dɔléle si tututu ƒe dzesi wònye o. Àte ŋu azã atikewɔwɔ ŋuti nyagɔmeɖegbalẽ aɖe be wòakpe ɖe ŋuwò nànya dɔléle si ƒe dzesi wònye. Nyagɔmeɖegbalẽa ate ŋu aɖee afia be le go 90 le alafa me me la, dzesi mawo fia dɔléle aɖe koŋ, gake le go 10 le alafa me me hã egafiaa dɔléle bubu kura. Ahiã godoo be nàganya nu bubuwo kpee hafi nàte ŋu anya dɔléle si tututu le fu ɖem na wò. Nenema kee nyateƒe si wònye be gɔmesese aɖe koŋ ye nɔa nya aɖe si zi geɖe la mawɔe be nàse nyati vevi aɖe si xlẽm nèle la gɔme nenye be wogazã nya ma ke le gɔmesese bubu aɖe nu o. Ehiã be nàse nya siwo ƒo xlã nya ma la gɔme hafi anya gɔmesese si tututu nu wozãe ɖo.

Le nya siwo wozã le Biblia me hã gome la, nya siwo ƒo xlãe lae akpe ɖe ŋuwò nànya gɔmesese si nu wozãe ɖo. Le kpɔɖeŋu me, gɔmesese vovovo ate ŋu anɔ Hebrigbe kple Helagbe me nya siwo gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” la si. Le go aɖewo me la, woate ŋu aɖe egɔme be “ya” wòasɔ nyuie. (2 Mose 10:13; Yohanes 3:8) Le go bubuwo me la, efiaa agbeŋusẽ si le nu gbagbewo katã me, amegbetɔwo kple lãwo siaa. (1 Mose 7:22; Psalmo 104:29; Yakobo 2:26) Woyɔa nuwɔwɔ makpɔmakpɔ siwo le dziƒo la hã be gbɔgbɔwo. (1 Fiawo 22:21, 22; Mateo 8:16) Woyɔa Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la be gbɔgbɔ kɔkɔe. (1 Mose 1:2; Mateo 12:28) Wogate ŋu zãa nya ma ke wòfiaa nu si ʋãa ame wòɖea nɔnɔme alo seselelãme aɖe fiana, alo wɔa nu le mɔ aɖe koŋ nu, eye wògate ŋu fiaa tamesusu ƒe nɔnɔme si amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe koŋ ɖena fiana la hã.—Yosua 2:11; Galatiatɔwo 6:18.

Togbɔ be Hebrigbe kple Helagbe me nyagɔmeɖegbalẽwo ate ŋu ayɔ gɔmesese vovovo siwo le nya aɖe si hã la, nya bubu siwo ƒo xlã nya mae ana nànya gɔmeseseawo dometɔ si sɔ. * Alea wòle ne èle Biblia xlẽm le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔe ɖo loo, alo le gbe bubu si me woɖe egɔme ɖo la me.

Ðe Wògblẽ Be Woazã Biblia Siwo Gɔme Woɖe Tso Gbe Gbãtɔawo Mea?

Ame aɖewo ku kutri vevie srɔ̃ Hebrigbe alo Helagbe gbãtɔa alo evea siaa. Togbɔ be wonya be yewomate ŋu ase nya sia nya gɔme pɛpɛpɛ o hã la, edoa dzidzɔ na wo be yewote ŋu xlẽa Biblia le gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ wo ɖo la me hesena le wo ɖokuiwo me be agbagba siwo yewodze srɔ̃ gbe siawo la menye dzodzro o. Ke hã, ne màte ŋu awɔe nenema o la, ɖe wòle be dzi naɖe le ƒowò nàdzudzɔ agbagbadzedze be yeanya nyateƒe siwo le Biblia mea? Kura o! Susu geɖewo li siwo tae míegblɔe alea.

Gbã la, ele be míanya be esɔ be ame nazã Biblia si gɔme woɖe tso gbegbɔgblɔ gbãtɔawo me ɖe gbe bubu me. Le nyateƒe me la, Biblia si gɔme woɖe ɖe Helagbe mee ame siwo ŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si ame aɖewo yɔna be Nubabla Yeye, la zã ne wole nya yɔm tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. * (Psalmo 40:7; Hebritɔwo 10:5, 6) Togbɔ be wose Hebrigbe eye woate ŋu ayɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me hã la, edze ƒãa be wokpɔe be anyo wu be yewoayɔ nyaawo tso Biblia si gɔme woɖe, si bɔ ɖe ame siwo wonɔ nua ŋlɔm na la dometɔ akpa gãtɔ si la me boŋ.—1 Mose 12:3; Galatiatɔwo 3:8.

Evelia, ne ame aɖe se gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo hã la, Yesu ƒe nyawo, siwo gɔme woɖe ɖe gbe bubu me la koe wòate ŋu akpɔ axlẽ. Nu si ta wòle alea ɖoe nye be, Hebrigbe ƒomevi aɖe mee Yesu ŋutɔ ƒo nu le, eye Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔlawo ŋlɔ wo ɖe Helagbe me. * Ele be ame sia ame si susunɛ be ne ame aɖe tea ŋu xlẽa Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ƒe nyawo le gbe siwo me woŋlɔ wo ɖo zi gbãtɔ me ko la, nunya tɔxɛ aɖe le esi la nabu nu si nya ma afia la ŋu nyuie. Nyateƒe si wònye be Yehowa ɖe mɔ ame siwo eƒe gbɔgbɔa ʋã woŋlɔ eƒe Subɔla gãtɔ la ƒe nyawo ɖi la ŋlɔ wo ɖe gbegbɔgblɔ bubu me—si nye gbegbɔgblɔ si gɔme ame geɖe sena nyuie wu ɣemaɣi—la ɖee fia be menye gbe si me míaxlẽ Biblia le lae le vevie o. Nu si le vevie ye nye be míaxlẽ Mawu ƒe gbedeasi si tso gbɔgbɔ me la le gbegbɔgblɔ si gɔme míate ŋu ase ahawɔ edzi la me.

Etɔ̃lia, ele be “nya nyui” si le Biblia me la nayi na ame tsɛ siwo tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” me. (Nyaɖeɖefia 14:6; Luka 10:21; 1 Korintotɔwo 1:27-29) Esia ta, ame siwo li egbea la dometɔ akpa gãtɔ ate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu le Biblia si gɔme woɖe ɖe woa ŋutɔwo degbe me la me. Le gbegbɔgblɔ geɖewo me la, Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo li, si wɔe be amewo ate ŋu atia esi dze wo ŋu. *

Eya ta alekee nàwɔ aka ɖe edzi be yese nyateƒe si le Biblia me la gɔme? Yehowa Ðasefowo kpɔe be Biblia sɔsrɔ̃ le nyatiwo ƒe ɖoɖo aɖe koŋ nu, si nye mɔnu si ana woadzro nya siwo ƒo xlã kpukpui aɖe me lae nye mɔ nyuitɔ si dzi yewoato ase gbedeasi si le Mawu ƒe Nyaa me la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa nyati ɖeka, abe “Srɔ̃ɖeɖe” ene, eye wodia mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso nyati ma ŋu la hedzroa wo me. Le mɔ ma nu la, wonana Biblia ƒe akpa ɖeka ɖea eƒe akpa bubu me. Ðe manyo ŋutɔ be nàna Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo femaxee ƒe ɖoɖo si le Yehowa Ðasefowo si la naɖe vi na wò oa? Gbegbɔgblɔ ka kee nèɖadona o, Mawu ƒe didie nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Timoteo 2:4; Nyaɖeɖefia 7:9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo ɖe Aramgbe me, si nye gbegbɔgblɔ aɖe si de sɔsɔ ge kple Hebrigbe si wozã le Biblia me la kloe. Afi siwo wozãe le ƒe ɖewoe nye Ezra 4:8 va se ɖe 6:18 kple 7:12-26, Yeremiya 10:11, kpakple Daniel 2:4b va se ɖe 7:28.

^ mm. 14 Ele be míade dzesii be le Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖewo me la, ale si woɖe nyawo gɔme le Biblia aɖe koŋ, abe King James Version Biblia la ene, me la koe woŋlɔna ɖe eme, ke menye gɔmesese vovovo siwo ate ŋu anɔ nyaawo si o.

^ mm. 17 Kaka Yesu Kristo kple eƒe apostoloawo ƒe ɣeyiɣiawo naɖo la, woɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwo katã gɔme ɖe Helagbe me. Biblia gɔmeɖeɖe siae wova yɔ be Septuagint, eye Yudatɔ siwo doa Helagbe la hã zãnɛ ŋutɔ ɣemaɣi. Septuagint la mee woyɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo me nya alafa geɖe siwo dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la ƒe akpa gãtɔ tso.

^ mm. 18 Wogblɔna be Hebrigbe mee apostolo Mateo ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖo gbã. Ne ele nenema hã la, Mateo ƒe agbalẽa si gakpɔtɔ li va se ɖe egbea la, nye esi gɔme woɖe tso nuŋlɔɖi gbãtɔ aɖe si nɔ Helagbe me la me, eye anɔ eme be eya ŋutɔe ɖe egɔme.

^ mm. 19 Kpɔ nyati si nye “Aleke Nàwɔ Atia Biblia Gɔmeɖeɖe Nyuitɔ?,” si dze le magazine sia ƒe tata si nye May 1, 2008 tɔ la me hena numeɖeɖe ku ɖe Biblia gɔmeɖeɖe ƒomevi vovovo siwo li, kple ale si nàwɔ anya gɔmeɖeɖe si sɔ nyuie wu la ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Septuagint La

Yudatɔ Helagbedola siwo nɔ anyi le Yesu kple eƒe apostolowo ƒe ɣeyiɣiawo me la, zã Septuagint la, si le Helagbe me la ŋutɔ. Enye Hebri Ŋɔŋlɔawo si gɔme woɖe ɖe Helagbe me. Septuagint la ɖe dzesi ŋutɔ, menye le esi wònye eyae nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔ ko ta o, ke boŋ le agbagbadzedze kple ƒe gbogbo si gbegbe egɔmeɖeɖe bia la hã ta. Gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te Septuagint la gɔme ɖeɖe le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me, eye ame bubuwoe va wu dɔ sia nu le ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo megbe.

Kristotɔ gbãtɔwo va bi ɖe Septuagint la zazã me kaba ŋutɔ hetsɔnɛ ɖoa kpe edzi be Yesue nye Kristo, Mesia si ŋugbe wodo la. Ale si gbegbe wova bi ɖe Septuagint la zazã me la wɔe be ame aɖewo va bua Biblia sia be enye “Kristotɔwo” ƒe gɔmeɖeɖe. Esia va wɔe be Yudatɔ akpa gãtɔ megava zãnɛ ale o, eye wòna amewo va ɖe bubu geɖewo gɔme ɖe Helagbe me. Trɔ̃subɔla zu Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Aquila hã ɖe Biblia siawo dometɔ ɖeka gɔme le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me. Esi Biblia ŋuti nunyalagã aɖe nɔ nu ƒom tso Biblia gɔmeɖeɖe sia ŋu la, eƒo nu tso “nu ɖedzesi aɖe si dze le eme” ŋu. Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si wotsɔ blema Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la, dze le Aquila ƒe Helagbe me Biblia gɔmeɖeɖe bliboa me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Israel Antiquities Authority

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Ele vevie be míaxlẽ Biblia me gbedeasi si tso gbɔgbɔ me la le gbegbɔgblɔ si gɔme míate ŋu ase bɔbɔe ahawɔ edzi la me