Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ɣeyiɣi Ðoɖi” La Tu Aƒe

“Ɣeyiɣi Ðoɖi” La Tu Aƒe

“Ɣeyiɣi Ðoɖi” La Tu Aƒe

ABE nyagblɔɖila Xabakuk ene la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã di vevie be woaɖe fukpekpewo ɖa. Esi wova nya nu siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava wɔ atsɔ aɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi la, wobia Yesu be: “Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò [anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me] kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mateo 24:3) Le nya sia ŋu ɖoɖo me la, Yesu gblɔ be Yehowa Mawu ɖeka koe nya ɣeyiɣi si tututu Fiaɖuƒea akpɔ ŋusẽ blibo ɖe anyigba la dzi. (Mateo 24:36; Marko 13:32) Ke hã, Yesu kple Biblia ŋlɔla bubu aɖewo gblɔ nu siwo anɔ dzɔdzɔm le xexea me, siwo aɖee afia be ɣeyiɣi ma tu aƒe la dometɔ aɖewo ɖi.—Kpɔ  aɖaka si le ɖusime.

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nu siawo le dzɔdzɔm le afi sia afi egbea oa? Yesu gblɔ ɖi hã be woawɔ nufiafiadɔ aɖe ade goe le anyigba katã dzi. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Nu sia tututue le dzɔdzɔm egbea. Yehowa Ðasefowo le dɔ ma wɔm. Ðasefo siwo wu miliɔn adre, siwo le dukɔ 236 me, la le gbeƒã ɖem nu siwo Fiaɖuƒea ava wɔ la na amewo, eye wole kpekpem ɖe wo ŋu be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Mawu, ame si ƒe lɔlɔ̃nu wònye be yeaɖe fukpekpe kple vevesese ɖa la, ƒe nudidi dzɔdzɔewo. Yi edzi nànɔ nu srɔ̃m tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, ekema mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nànɔ agbe le xexe si me fukpekpe manɔ o la me tegbee.

[Aɖaka si le axa 8]

 Ŋɔŋlɔ Siwo Ku Ðe Ŋkeke Mamlɛawo Ŋu

MATEO 24:6, 7; NYAÐEÐEFIA 6:4

• Aʋa siwo tɔgbi medzɔ kpɔ o

MATEO 24:7; MARKO 13:8

• Anyigbaʋuʋu gãwo

• Nuɖuɖu ƒe veve

LUKA 21:11; NYAÐEÐEFIA 6:8

• Dɔvɔ̃wo

MATEO 24:12

• Sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi

• Lɔlɔ̃ ƒe toyiyi

NYAÐEÐEFIA 11:18

• Anyigba la gbegblẽ

2 TIMOTEO 3:2

• Galɔlɔ̃ vivivo

• Tomaɖomaɖo dzilawo

• Ameɖokuilɔlɔ̃ si gbɔ eme

2 TIMOTEO 3:3

• Amemalɔmalɔ̃

• Ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o

• Ame ɖokui dzi maɖumaɖu nye kuxi na ame ƒomeviwo katã

• Nu nyui malɔmalɔ̃ ƒe bɔbɔ

2 TIMOTEO 3:4

• Dzidzɔkpɔkpɔlɔlɔ̃ wu esi woalɔ̃ Mawu

2 TIMOTEO 3:5

• Ame geɖe gblɔna alakpatɔe be Kristotɔwoe yewonye

MATEO 24:5, 11; MARKO 13:6

• Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo le dɔ dzi

MATEO 24:9; LUKA 21:12

• Kristotɔ vavãwo yome titi

MATEO 24:39

• Amewo metsɔa ɖeke le Biblia ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Yehowa Ðasefowo le nu fiam amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu le anyigba katã dzi