Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Amewo xexlẽ kae wɔe be wova dzi Yesu le Betlexem?

Le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe nya nu la, esi Kaisaro Augusto de se be woaxlẽ ame siwo katã le Roma Fiaɖuƒea me la, “amewo katã zɔ mɔ yi be woaŋlɔ yewo ŋkɔ, ame sia ame [yi] wo dedu me.” (Luka 2:1-3) Betlexem ye nye du si me Yosef, ame si xɔ Yesu nyi la, tso, eya ta Yosef kple Maria ƒe mɔzɔzɔ, si nye wɔwɔ ɖe se si wode dzi, ye wɔe be wova dzi Yesu le Betlexem. Ŋkɔŋɔŋlɔ ƒe ɖoɖo sia wɔe be adzɔxɔxɔ le amewo si kple amewo tiatia hena asrafodɔwɔwɔ nɔ bɔbɔe.

Esime Romatɔwo ɖu Egipte dzi le ƒe 30 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, ŋutinya ɖee fia be, Egiptetɔwo xlẽa woƒe dukɔa me tɔwo xoxoxo. Nunyalawo xɔe se be Egiptetɔwo ƒe amexexlẽ ƒe ɖoɖoa ye Romatɔwo srɔ̃, eye wowɔ ɖoɖo sia tɔgbi ŋu dɔ le woƒe fiaɖuƒea ƒe akpa bubuwo hã.

Esia ƒe kpeɖodzi ɖekae nye sedede aɖe si Roma fiaɖuƒea ƒe nutomefia si nɔ Egipte la na wode agbalẽ me le ƒe 104 Mía Ŋɔli (M.Ŋ.) me. Segbalẽ sia ƒe kɔpi aɖe si wodzra ɖo ɖe Britaintɔwo ƒe Agbalẽdzraɖoƒe la xlẽ be: “Gaius Vibius Maximus, Egipte ƒe Dununɔla (gblɔ be): Esi wònye be ɣeyiɣia ɖo be woaxlẽ amewo le aƒe sia aƒe me ta la, ele vevie be ame siwo katã yi ɖatso kɔƒe ɖe duta le susu aɖewo ta la nagbɔ ava woƒe aƒewo me ale be woate ŋu axlẽ wo le ɖoɖoa nu, eye be woate ŋu ade agble ɖe anyigba si woka na wo la hã dzi veviedodotɔe.”

Nu ka tae Yosef ɖo tame be yeana srɔ̃gbegbalẽ Maria, evɔ wònye srɔ̃ɖeŋugbedodo me koe woa kple Maria wonɔ hafi?

Le Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe nya nu la, esime ‘wodo Maria ŋugbe na Yosef’ eye hafi woava ɖe wo nɔewo la, Yosef see be Maria fɔ fu. Esi Yosef menya be ‘gbɔgbɔ kɔkɔe lae na’ Maria fɔ fua o ta la, Yosef anya bui be Maria mewɔ nuteƒe na ye o, eya ta eɖo tame be yeagbee.—Mateo 1:18-20.

Yudatɔwo bua ame eve siwo le srɔ̃ɖeŋugbedodo me la abe srɔ̃tɔwo ene. Ke hã, ame eveawo manɔ wo nɔewo gbɔ ɖekae abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene o va se ɖe esime woɖe wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa nu bliboe hafi. Srɔ̃ɖeŋugbedodoa blaa ame evea ale gbegbe be, ne—ŋugbetɔsrɔ̃a va trɔ eƒe susu, alo le susu aɖewo siwo nye ŋkubiãnya ta—srɔ̃ɖeɖea medze edzi o la, ekema ɖetugbia ŋuti mevo be wòaɖe srɔ̃ o va se ɖe esime wona srɔ̃gbegbalẽe hafi. Ne wodo nyɔnu aɖe ŋugbe evɔ ŋugbetɔsrɔ̃a va ku do ŋgɔ na srɔ̃kpekpea la, wobua nyɔnua ahosie. Gake le go bubu me la, ne nyɔnua wɔ matre le esime woa kple ŋutsua wole ŋugbedodo me la, wobua nyɔnua be ewɔ ahasi eye woƒoa kpee wòkuna.—5 Mose 22:23, 24.

Ðikekemanɔmee la, Yosef bu nu si gbegbe me Maria ato ne wodo ŋukpee le dutoƒo la ŋu. Togbɔ be ekpɔe be ele be yeaɖaka nya la ta na ame tsitsi siwo dze hã la, edi be yeakpɔ eta ale be woagado ŋukpee le dutoƒo o. Eya ta etso nya me be yeagbee le adza me. Le nyateƒe me la, ne srɔ̃gbegbalẽ le vidada aɖe, si si srɔ̃ mele o, si la, esia afia be eɖe srɔ̃ kpɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Amewo xexlẽ ƒe se si Roma fiaɖuƒea ƒe nutomefia si nɔ Egipte la de le ƒe 104 M.Ŋ. me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© The British Library Board, all rights reserved (P.904)