Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔzɔzɔ Yi Blema

Mɔzɔzɔ Yi Blema

Lɛta Aɖe Si Tso United States

Mɔzɔzɔ Yi Blema

WÒ YA kpɔ ale si mɔzɔzɔ ayi aɖakpɔ ale si mia tɔgbuitɔgbuiwo nɔ agbe le blema avivi nuwòe ɖa. Le gɔmesese aɖe nu la, míezɔ mɔ ma tɔgbi. Míaƒe mɔzɔzɔa kplɔ mí tso Switzerland va ɖo United States (Amerika). Ame geɖewo susuna be ŋkuʋuʋu le Amerika ƒe akpa sia akpa, ke hã, míaƒe mɔzɔzɔa kplɔ mí yi Amerika ƒe teƒe aɖe si míekpɔ ale si amewo nɔa agbee ƒe alafa eve enye esi va yi. Na míaƒo nu tso eŋu na wò.

Esi míedoa Switzerlandtɔwo ƒe gbetagbe si wodona le Germany ta la, wokpe mí be míaɖanɔ Indiana ƒe nutoa me hena ɣleti etɔ̃. Míaƒe taɖodzinue nye be míaɖagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na Amish ƒome siwo kpɔtɔ doa wo tɔgbuiwo degbe le afi ma. Ƒome siawo dometɔ alafa geɖe le Indiana.

Anabaptisttɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 17 lia me ƒe dzidzimeviwoe Amishiawo nye. Woƒe kplɔla, Jacob Amman, si nɔ Switzerland la ƒe ŋkɔ mee woɖe woƒe ŋkɔa tso. Mawuvɔ̃la siawo ƒe Biblia sɔsrɔ̃ ɣemaɣiwo na wode dzesii be mawutsidede ta na vidzĩwo kple asrafodɔwɔwɔ menyo o. Woƒe tenɔnɔ sia wɔe be dziɖuɖua ti wo yome. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã ku ɖe woƒe dzixɔseawo ta. Yometitia nu nɔ sesẽm ɖe edzi, eye esia ƒoe ɖe wo dometɔ aɖewo nu wosi yi France kple Switzerland dukɔa ƒe akpa bubuwo. Kaka ƒe alafa 19 lia ƒe domedome naɖo la, wo dometɔ akpe geɖe si yi United States. Woyi edzi kpɔtɔ lé woƒe dekɔnuwo me ɖe asi le afi ma, eye wokpɔtɔ doa Switzerlandtɔwo ƒe gbetagbe si wodona le Germany la hã.

Esi míeyi ɖasrã ame fatu siawo kpɔ eye míeƒo ʋɔ na wo la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wokpɔ mí le woƒe ʋɔtru nu míele wo degbe dom! Kpɔ nudzɔdzɔa le susu me ɖa.

Wobia mí le Switzerlandtɔwo ƒe gbetagbe si wodona le Germany la me be: “Aleke wɔ miele mía degbe dom?”

Míeɖo eŋu be: “Esi míetso Switzerland tae.”

Ewɔ nuku na wo wogblɔ be: “Gake menye Amishiawo mienye o ɖe!”

Wo dometɔ geɖewo xɔ mí nyuie, eye mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpɔ ale si wonɔa agbee, si ɖi mɔ si nu amewo nɔa agbe le le blema ke. Le elektrikkaɖi teƒe la, wozãa gomekaɖi; le ʋuwo teƒe la, wozãa sɔwo kple keke siwo sɔ tena; le pɔmpitsi teƒe la, wozãa vudometsi; eye le radio teƒe la, woawo ŋutɔwo wodzia ha.

Nu si wɔ dɔ ɖe mía dzi wue nye wo dometɔ siwo gbɔ míeyi ƒe ɖokuibɔbɔ kple ale si wowɔa nu ŋuɖɔɖotɔe. Amishiawo dometɔ geɖewo wɔ ɖoɖo xlẽa Biblia gbe sia gbe, eye dzeɖoɖo kple wo nɔewo tso Biblia me nyawo ŋu dzɔa dzi na wo. Esia na mɔnukpɔkpɔ su mía si míeɖo dze geɖe kpli wo tso tameɖoɖo si le Mawu si na ameƒomea kple anyigba la ŋu.

Eteƒe medidi o, nutoa me tɔwo katã see be amedzrowo tso Switzerland va. Ame geɖewo bia tso mía si be míaɖasrã yewoƒe ƒometɔwo kpɔ, eye míewɔ esia dzidzɔtɔe. Nu si gado dzidzɔ na mí ŋutɔe nye esi wokpe mí be míava srã Amishiawo ƒe suku aɖe kpɔ, eye míenɔ mɔ kpɔm nɛ vevie. Nu kawoe ayi edzi le afi ma?

Míeƒo sukuʋɔa. Nufiala la ʋu ʋɔa eye wòkpe mí enumake be míage ɖe sukuxɔa me. Esi míege ɖe eme la, sukuvi 38 la katã fɔ ŋku ɖe mí amedzro eneawo dzi dzoɣlii. Wo katã wonye sukuxɔ vovovo enyi me viwo, evɔ wo katã wohele xɔ ɖeka me, eye woxɔ tso ƒe 7 va se ɖe ƒe 15. Nyɔnuviwo do sukuwu legbee si le blɔ eye woɖɔ kuku ɣi; ŋutsuviawo do atalegbe yibɔɔ kple dziwui si le blɔ. Xɔa ƒe xɔmesasrã la kɔkɔ ŋutɔ. Wosi aŋɔ blɔ ɖe xɔa ƒe gli etɔ̃ ŋu, eye nuŋlɔkpe aɖe le gli enelia si nye ŋgɔdzea la ŋu. Anyigba ƒe nɔnɔmetata nogoo aɖe kple xexemedukɔwo ƒe nɔnɔmetata aɖewo siwo woxatsa ɖi la te ɖe nuŋlɔkpea ŋu. Eye gamlekpui aɖe le dzogoea dzi.

Esi wona zikpui mí eye míebɔbɔ nɔ anyi ɖe sukuviawo ŋgɔ la, wofɔ ŋku ɖe mía dzi henɔ mɔ kpɔm vevie be yewoase nu si ta míeva ɖo. Nufiala la yɔ sukuxɔ ɖe sia ɖe me viwo va eƒe kplɔ̃ ŋu, eye wòbia gbe wo ku ɖe sukudɔdeasi si wòna wo le ŋkeke si do ŋgɔ dzi la ŋu. Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi nufialaa bia nya ɖeviawo tso nusɔsrɔ̃ aɖe si ku ɖe Switzerland Towo ŋu la ŋu. Nufiagbalẽawo tsi, eya ta nufialaa bia mí be, ɖe Switzerland dukɔa gakpɔtɔ le abe ale si agbalẽa ɖɔe ene hã. Ðe nyiwo gakpɔtɔ yia gbeɖuƒe le toawo tame le dzomeŋɔlia, eye ɖe sno gadzana ɖe toawo dzia? Esi míetsɔ míaƒe foto siwo le amadede vovovowo me, siwo me totame siwo yɔ fũu kple sno dze le la fiae eye wòtsɔe sɔ kple esiwo le nufiagbalẽa me, siwo ya le amadede yibɔ kple ɣi me la, ewɔ nuku nɛ eye wòdo dzidzɔ nɛ ŋutɔ.

Nufialaa srɔ̃, si nye eƒe kpeɖeŋutɔ le nufiafia me la bia nya si amewo lɔ̃a biabia la be, “Ðe miate ŋu adzi ha wòade dzia?” Míeɖo eŋu be míate ŋui o. Ke hã, esi míenya ale si Amishiawo tea ŋu dzia ha wòdea dzi ta la, míebia be woadzi ha ɖeka na mí. Wodzi haa na mí, eye míaƒe nu ku esi míenɔ to ɖom esime ame 40 la katã tsɔ gbe ɖeka nɔ ha dzim abe hadziha ene. Emegbe nufialaa ɖe asi le ɖeviawo ŋu be woado aɖafe fefe vie.

Azɔ nufialaa srɔ̃ bia tso mía si be míadzi ha aɖe na yewo. Esi wònye be míetsɔ mía de ƒe ha aɖewo, siwo le Switzerlandtɔwo ƒe gbetagbe si wodona le Germany me ɖe asi ta la, míelɔ̃. Nya sia kaka ɖe ɖeviawo dome, eye le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la, sukuviawo katã trɔ va sukuxɔa me. Míetsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye míedzi ha na wo ale si míate ŋui.

Emegbe wokpe mí be míaɖaɖu ŋdɔnu kple Amishiawo ƒe ƒome aɖe si me ame 12 le. Woɖo kplɔ̃ legbee aɖe si dzi nuɖuɖu viviwo yɔ fũu—anagoteba, halã, bli, abolo, nyinotsi babla, numiemie ɖuɖuawo, akpɔnɔ viviwo, kple numeɖenu bubuwo. Hafi míadze nua ɖuɖu gɔme la, ame sia ame ŋutɔ do gbe ɖa le ta me. Esi ame sia ame ka eƒe nuɖuɖua eye míenɔ nua ɖum la, míenɔ dze ɖom tso Switzerland, du si me wo tɔgbuiwo tso la ŋu, eye woɖo dze tso woƒe agbenɔnɔ kple agbledede ŋu na mí. Ðeviawo nɔ dalĩ dom henɔ nu kom enuenu le nua ɖuɣi katã. Esi ame sia ame ɖu nu vɔ la, wogado gbe ɖa, eye emae nye dzesi be ɖeviawo ate ŋu atso le kplɔ̃a ŋu—gake menye be woaɖafe o. Dɔdeasi le wo dometɔ ɖe sia ɖe si ku ɖe nuɖukplɔ̃a dzi dzadzraɖo kple agbakɔklɔ ŋu, eye esia fia be ele be woaɖadu tsi gbã ahaɖoe dzo dzi hafi atsɔe aklɔ agba.

Esi ɖeviawo nɔ agba klɔm la, wo dzilawo kpe mí be míava wɔ ɖeka kpli yewo le akpata me. Zikpui bɔbɔewo menɔ xɔa me o, gake míenɔ atiklɛwo dzi heɖe dzi ɖi. Woɖe Germanygbe me Biblia tsitsi aɖe tso aɖaka aɖe me, eye abe ale si Amish ƒomewo wɔna ɖaa ene la, eteƒe medidi hafi míete dze tuameɖowo ɖoɖo tso mawusubɔsubɔ ŋu o. Nu kae nye Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la kple ameƒomea? Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be ame fafawo anyi anyigba la dome? Ðe Mawu ɖoe ŋutɔŋutɔ be yeawɔ funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me tegbea? Ame kawoe le wɔwɔm ɖe se si Yesu de be woaɖe gbeƒã nya nyuia na anyigba dzi dukɔwo katã la dzi? Biabia siawo—kple bubu geɖewo—me dzodzro kple ame siwo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me, siwo ŋutɔ si Biblia le la do dzidzɔ na mí ŋutɔ.

Fifia míeɖoa ŋku míaƒe mɔzɔzɔ sia, si kplɔ mí yi blema, si me nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo su mía si le la, dzi kple dzidzɔ. Míele mɔ kpɔm hele gbe dom ɖa be dze siwo míeɖo kple Switzerlandtɔwo ƒe gbetagbe si wodona le Germany la dola siawo nawɔe be wo dometɔ geɖe nava se nya nyuia, gake menye esia ɖeɖe ko o, ke woaɖe mɔ hã be nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ si le Mawu ƒe Nya, Biblia la, me nage ɖe woƒe dziwo me.