Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mesia La! Ame Si Dzi Mawu Ato Ana Ðeɖe Ameƒomea

Mesia La! Ame Si Dzi Mawu Ato Ana Ðeɖe Ameƒomea

Mesia La! Ame Si Dzi Mawu Ato Ana Ðeɖe Ameƒomea

“Elabena ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo la me.”—1 KOR. 15:22.

1, 2. (a) Aleke Andrea kple Filipo wɔ nui esi wodo go Yesu? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ame si Mesia la nye ŋuti kpeɖodzi gbogbowo le mía si wu esi nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo si?

ESI Andrea ka ɖe edzi be Yesu si tso Nazaret ye nye Mawu ƒe Amesiamina la ta la, egblɔ na nɔvia Petro be “míekpɔ Mesia la.” Filipo hã kpɔ kakaɖedzi nenema ke eye wòdi exɔlɔ̃ Natanael hegblɔ nɛ be: “Míekpɔ ame si ŋu nya Mose ŋlɔ ɖe Se la me, si ŋu Nyagblɔɖilawo hã ŋlɔ nu tsoe, si nye Yesu, Yosef vi, tso Nazaret.”—Yoh. 1:40, 41, 45.

2 Ðe nèka ɖe edzi bliboe be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo, si nye Yehowa ƒe ‘Kplɔla Vevitɔ, ame si dzi wotona kpɔa ɖeɖea’? (Heb. 2:10) Ame si Mesia la nye ŋuti kpeɖodzi gbogbo aɖewo le mía si egbea wu esiwo nɔ eyomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la si. Mawu ƒe Nya la na kpeɖodzi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o ku ɖe Yesu ŋu, tso eƒe dzidzi dzi va se ɖe eƒe tsitretsitsi dzi, be eyae nye Kristo la. (Mixlẽ Yohanes 20:30, 31.) Biblia ɖee fia hã be Yesu anɔ eƒe dziƒonɔƒea ayi edzi awɔ nu siwo wòle be wòawɔ abe Mesia la ene la ade goe. (Yoh. 6:40; mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:22.) Egbea la, wò hã àte ŋu anɔ te ɖe nu si nèsrɔ̃ le Biblia me dzi agblɔ be ‘yekpɔ Mesia la.’ Gake gbã la, na míadzro kpeɖodzi siwo na nusrɔ̃la gbãtɔ mawo ƒo nya ta wòsɔ be yewokpɔ Mesia la me.

Woɖe Mesia La Ŋuti “Nya Ɣaɣla Kɔkɔe” La Ðe Go Vivivi

3, 4. (a) Alekee nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ te ŋu ‘kpɔ Mesia la’ dze sii? (b) Nu ka tae nàgblɔ be Yesu ko dzie Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo katã va eme ɖo?

3 Nu kae na Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la te ŋu gblɔ kakaɖedzitɔe be eyae nye Mesia la? Yehowa to nyagblɔɖilawo dzi ɖe nu siwo ana woade dzesi ame si tututu Mesia si gbɔna la anye la fia vivivi. Biblia ŋuti nunyala aɖe tsɔ ale si Yehowa ɖe dzesiawo fia vivivii la sɔ kple kpetata aɖe si wotsɔ kpe kakɛ vovovowo wɔe. Kpɔe ɖa le susu me be ŋutsu vovovo siwo meɖo dze tso dɔ sia ŋu kple wo nɔewo kpɔ o la dometɔ ɖe sia ɖe ye nye ema tsɔ kpetataa ƒe akpa kakɛ aɖe ɖe asi nɔ gegem ɖe xɔ aɖe me. Ne wofɔ akpa kakɛ si wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ vɛ la kpe ale si dze eye wòzu ame aɖe ƒe dzedzeme blibo la, àƒo nya ta wòasɔ be ame aɖe kokokoe anya trɔ asi le kpe kakɛ vovovoawo ŋu tsɔ na ŋutsu vovovoawo. Abe ale si wòle le kpetata sia ƒe kakɛ ɖe sia ɖe gome ene la, Mesia la ŋuti nyagblɔɖi ɖe sia ɖe nye nyatakaka vevi aɖe si ku ɖe Mesia la ŋu.

4 Ðe nane li si ate ŋu aɖee afia be ɖewohĩ nudogoɖenunue Mesia la ŋuti nyagblɔɖiawo katã ƒe emevava ɖe ame ɖeka aɖe ko dzi la nyea? Numekula aɖe gblɔ be asesẽ ŋutɔ be wòadzɔ be nyagblɔɖiawo katã ƒe emevava ɖe ame ɖeka aɖe dzi nanye nudogoɖenunu, eya ta ɖeko wòle be woaƒo nya ta be manya wɔ o. Egblɔ kpee be: “Yesu—ɛ̃, Yesu ɖeka le ŋutinya katã me—koe te ŋu na wova eme.”

5, 6. (a) Aleke woadrɔ̃ ʋɔnu Satanae? (b) Aleke Mawu ɖe ƒome si me ‘dzidzimevi’ la ado tso la fia vivivi?

5 Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo ku ɖe “nya ɣaɣla kɔkɔe” aɖe si lɔ nu vovovowo ɖe eme ŋu, eye wònye nya vevi aɖe si ka nuwɔwɔ siwo katã si nunya le. (Kol. 1:26, 27; 1 Mose 3:15) Ʋɔnu si woava drɔ̃ Satana Abosam, “da xoxo la,” ame si kplɔ amegbetɔƒomea katã de nu vɔ̃ kple ku me, hã le nya ɣaɣla ma me. (Nyaɖ. 12:9) Aleke woadrɔ̃ ʋɔnu siae? Yehowa gblɔe ɖi be ‘dzidzimevi’ aɖe atso ‘nyɔnua’ me si ava gbã ta na Satana. ‘Dzidzimevi’ sia si ŋugbe wodo la agbã ta na da la ahato esia dzi aɖe ame si gbɔ aglãdzedze, dɔléle, kple ku tso, la ɖa. Gake gbã la, Mawu aɖe mɔ Satana naɖu afɔkpodzi na nyɔnu la ƒe ‘dzidzimevi’ la, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.

6 Yehowa ɖe ame si ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wòdo la anye la fia vivivi. Mawu ka atam na Abraham be: “Anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokuiwo to wò dzidzime la dzi.” (1 Mose 22:18, NW) Mose gblɔe ɖi be Ame sia anye “nyagblɔɖila aɖe” si de ŋgɔ wu ye. (5 Mose 18:18, 19) Wona kakaɖedzi David be Mesia la anye eƒe dzidzimevi, si ava nɔ eƒe fiazikpui la dzi tegbee, eye nyagblɔɖilawo hã va ɖo kpe nya sia dzi emegbe.—2 Sam. 7:12, 16; Yer. 23:5, 6.

Yesu Ƒe Mesianyenye Ŋuti Kpeɖodziwo

7. Gɔmesese ka nue Yesu do tso Mawu ƒe “nyɔnu” la me le?

7 Mawu dɔ Via, si nye eƒe nuwɔwɔ gbãtɔ la, tso Eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe habɔbɔ si le abe srɔ̃a ene, si le dziƒo la me, wòva zu ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wodo la. Esia bia be Mawu ƒe Tenuvi la ‘naɖi gbɔlo eɖokui’ ahagblẽ agbe deŋgɔ si wònɔ le dziƒo la ɖi be woadzii abe amegbetɔ deblibo ene le anyigba dzi. (Flp. 2:5-7; Yoh. 1:14) Gbɔgbɔ kɔkɔea, si ‘do vɔvɔli ɖe’ Maria dzi la kpɔ egbɔ be wòva eme be ‘woyɔ vi si wòdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.’—Luka 1:35.

8. Alekee Yesu na Mesia ŋuti nyagblɔɖi aɖe va eme esime wòyi be woanyrɔ ye ɖe tsi me?

8 Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo gblɔ afi si woadzi Yesu le kple ɣeyiɣi si me wòado la ɖi. Wodzi Yesu le Betlexem abe ale si wogblɔe ɖi ene. (Mixa 5:1) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava vevie. Esia na ame aɖewo bia nya tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela la ŋu be: “Alo eyae nye Kristo laa?” Gake Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Ame si tri akɔ wum la gbɔna.” (Luka 3:15, 16) Esi Yesu xɔ ƒe 30, eye wòva Yohanes gbɔ le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me be wòanyrɔ ye la, eto esia me ɖe eɖokui fia abe Mesia la ene ɖe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ. (Dan. 9:25) Tso ekema dzi la, edze eƒe subɔsubɔdɔ si yɔ fũu kple nudzɔdzɔ vevi geɖewo la gɔme hegblɔ be: “Ɣeyiɣi ɖoɖi la de, eye Mawu fiaɖuƒe la gogo.”—Mar. 1:14, 15.

9. Nu ka dzie Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ka ɖo togbɔ be nyateƒe bliboa menɔ nyanya na wo o hã?

9 Ke hã, ehiã be woaɖɔ nukpɔsusu siwo nɔ ame aɖewo si ku ɖe Mesia la ŋu ɖo. Amewo bu Yesu be enye Fia, eye esɔ nenema hã, gake ɣeyiɣi aɖe megbe hafie woava se egɔme bliboe be dziƒoe wòanɔ aɖu dzi le etsɔme. (Yoh. 12:12-16; 16:12, 13; Dɔw. 2:32-36) Ke hã, esi Yesu bia be, “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?” hã la, Petro ɖo eŋu nɛ enumake be: “Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.” (Mat. 16:13-16) Petro gaɖo eŋu ɣebubuɣi nenema ke, esime ame geɖewo trɔ le Yesu yome, le eƒe nufiafia aɖe si ɖia wo nu la ta.—Mixlẽ Yohanes 6:68, 69.

Toɖoɖo Mesia La

10. Nu ka tae Yehowa te gbe ɖe edzi be ele vevie be míaɖo to ye Vi la?

10 Esi Mawu ƒe Tenuvi la nɔ dziƒo la, enye gbɔgbɔmeme triakɔ aɖe. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, enye ‘Fofoa teƒe nɔla.’ (Yoh. 16:27, 28) Egblɔ be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.” (Yoh. 7:16) Esi Yehowa nɔ eɖem fia be Yesu ye nye Mesia la le nɔnɔmetɔtrɔa me la, egblɔ be: “Miɖo toe.” (Luka 9:35) Ɛ̃, ele be míaɖo to Mawu ƒe Ame Titia sia. Esia bia xɔse kple dɔ nyuiwo wɔwɔ—nu eve siawo katã hiã vevie hafi míate ŋu adze Mawu ŋu ahakpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 3:16, 35, 36.

11, 12. (a) Susu kawo tae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo gbe Yesu dzi xɔxɔ se be eyae nye Mesia la? (b) Ame kawoe xɔ Yesu dzi se?

11 Togbɔ be kpeɖodzi gbogbo aɖewo ɖee fia be Yesu ye nye Mesia la hã la, Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me melɔ̃ ɖe edzi be eyae o. Nu ka tae? Elabena nukpɔsusu aɖewo nɔ wo si xoxo ku ɖe ame si Mesia la anye ŋu; wosusui be ame sia ava nye dunyahedziɖula aɖe si ava na ablɔɖe yewo tso Romatɔwo ƒe ameteteɖeanyi me. (Mixlẽ Yohanes 12:34.) Eya ta esesẽ na wo be woaxɔ Mesia si ŋu nyagblɔɖiwo gblɔ le be woado vloe, agbee, anye ŋutsu kpehiã, kple ame si dzi dɔléle le, eye woawui mlɔeba, la dzi ase. (Yes. 53:3, 5) Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã mese nu si tae meva nye dunyahedziɖula si na ablɔɖe wo o la gɔme o. Ke hã, woyi edzi wɔ nuteƒe, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, gɔmesese vavãtɔ va su wo si.—Luka 24:21.

12 Nu bubu si na amewo gbe Yesu dzi xɔxɔ se be enye Mesia lae nye eƒe nufiafiawo, siwo gɔme sese sesẽ na ame geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu be hafi ame nage ɖe Fiaɖuƒea me la, ele be ‘wòagbe nu le eɖokui gbɔ,’ ‘wòaɖu’ yeƒe ŋutilã, ano yeƒe ʋu, ‘woagbugbɔe adzi,’ eye manye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Mar. 8:34; Yoh. 3:3; 6:53; 17:14, 16) Dadalawo, kesinɔtɔwo, kple alakpanuwɔlawo bu nudidi siawo be wo dzi wɔwɔ sesẽ akpa. Ke hã, Yudatɔ ɖokuibɔbɔla aɖewo xɔ edzi se be Yesu ye nye Mesia la, abe ale si Samariatɔ aɖewo hã xɔe se ene, esi wogblɔ be: “Ame siae nye xexea ɖela vavã.”—Yoh. 4:25, 26, 41, 42; 7:31.

13. Alekee woɖu afɔkpodzi na Yesu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu?

13 Yesu gblɔe ɖi be nunɔlawo ƒe tatɔwo abu fɔ ye, eye ame siwo menye Yudatɔwo o ahe ye ɖe ati ŋuti, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔ ye ɖe tsitre. (Mat. 20:17-19) Esi wòlɔ̃ ɖe edzi le Sanhedrin la ŋkume be yee nye ‘Kristo, Mawu ƒe Vi la’ la, wobu fɔe be egblɔ busunya. (Mat. 26:63-66) Pilato mekpɔ ‘naneke le eŋu si dze ku o,’ gake esi wònye be Yudatɔwo tsɔ nya ɖe Pilato ŋu be ele aglã dzem ɖe dziɖuɖua ŋu ta la, “etsɔ Yesu de asi na woƒe lɔlɔ̃nu.” (Luka 23:13-15, 25) Woto esia dzi ‘gbe nu le agbe ƒe Kplɔla Vevitɔ la’ gbɔ, togbɔ be kpeɖodziwo ɖee fia kɔtɛ be Mawu ye dɔe ɖa hã. (Dɔw. 3:13-15) ‘Wotsrɔ̃’ Mesia la, abe ale si wogblɔe ɖi ene, to ehehe ɖe ati ŋuti me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia dzi. (Dan. 9:26, 27; Dɔw. 2:22, 23) To ewuwu vɔ̃ɖitɔe alea me la, nyagblɔɖi si ku ɖe ‘afɔkpodziɖuɖu’ nɛ, si wogblɔ ɖi le 1 Mose 3:15 la, va eme ɖe edzi.

Nu Si Ta Wòhiã Be Mesia La Naku

14, 15. (a) Susu eve kawo tae Yehowa ɖe mɔ Yesu ku? (b) Nu kae Yesu wɔ le eƒe tsitretsitsi vɔ megbe?

14 Yehowa ɖe mɔ Yesu ku le susu vevi eve aɖewo ta. Gbã la, Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ yi ɖe ku me kpɔ “nya ɣaɣla kɔkɔe” la ƒe akpa vevi aɖe gbɔ. Eɖee fia bliboe be ame deblibo ate ŋu ‘atsɔ eɖokui ana Mawu’ keŋkeŋ ahaʋli Mawu ƒe dziɖulanyenye ta le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake si Satana ahe ava edzi la me gɔ̃ hã. (1 Tim. 3:16) Evelia, Yesu gblɔ be, ‘Amegbetɔvi la va be yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.’ (Mat. 20:28) “Tafe si sɔ ɖe enu” sia zu avuléle ɖe nu vɔ̃ si ƒe dome Adam ƒe dzidzimeviwo nyi la ta, eye wòʋu mɔ be woate ŋu ana agbe mavɔ ame siwo katã xɔ Yesu Kristo be enye ame si dzi Mawu ato ana ɖeɖe ameƒomea.—1 Tim. 2:5, 6.

15 Le Kristo ƒe yɔdo me nɔnɔ ŋkeke etɔ̃ vɔ megbe la, wofɔe ɖe tsitre, eye le ŋkeke 40 siwo kplɔe ɖo me la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo enuenu tsɔ ɖee fia be yele agbe, eye wòna wo mɔfiame bubuwo hã. (Dɔw. 1:3-5) Emegbe elia yi dziƒo hetsɔ asixɔxɔ si le eƒe tafevɔsaa ŋu la yi na Yehowa henɔ lalam va se ɖe esime eƒe anyinɔɣi abe Mesia Fia ene la nadze egɔme. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, dɔ geɖe dze ŋgɔe.

Dɔ Siwo Dze Ŋgɔe Abe Mesia La Ene Wɔwɔ Ade Goe

16, 17. Ƒo nu tso dɔ siwo dze ŋgɔ Yesu abe Mesia la ene tso esime wofɔe ɖe tsitre yi dziƒo la ŋu.

16 Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔ Yesu ƒe tsitretsitsi ɖo me la, ekpɔ Kristo hamea, si dzi wòle Fia ɖum ɖo la ƒe dɔwɔnawo dzi nuteƒewɔwɔtɔe. (Kol. 1:13) Le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi la, adze eƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔwɔ abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene gɔme. Biblia me nyagblɔɖiwo kple xexemenudzɔdzɔwo ɖo kpe edzi be eƒe anyinɔɣi abe Fia ene la dze egɔme le ƒe 1914 me, eye ƒe sia ke mee “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la hã dze egɔme. (Mat. 24:3; Nyaɖ. 11:15) Esia megbe kpuie la, enɔ ŋgɔ na mawudɔla kɔkɔewo wotsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe tso dziƒo.—Nyaɖ. 12:7-10.

17 Gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ si gɔme Yesu dze le ƒe 29 M.Ŋ. me la gogo eƒe nuwuwu. Ekpɔtɔ vie wòadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo katã. Ekema agblɔ na ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo, siwo xɔe de eme be enye ame si dzi Yehowa ato ana ɖeɖe mí, la be “minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la dome.” (Mat. 25:31-34, 41) Woatsrɔ̃ ame siwo mebɔbɔ wo ɖokui ɖe Fia Yesu te o la katã ɖa, ne Yesu xɔ ŋgɔ na dziƒoʋakɔwo le vɔ̃ɖinyenye katã ɖeɖeɖa me. Emegbe Yesu abla Satana eye wòatsɔ eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe ɖe “aʋli la” me.—Nyaɖ. 19:11-14; 20:1-3.

18, 19. Nu kawoe Yesu awɔ ade goe abe Mesia la ene, eye nu kae ado tso eme na ameƒomea me tɔ toɖolawo?

18 Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia la, awɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe dzesideŋkɔawo katã, abe ‘Aɖaŋuɖola Wɔnuku, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ, kple Ŋutifafafia’ ene bliboe. (Yes. 9:5, 6) Le eƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua me la, atrɔ asi le ameƒomea katã, siwo dome ame siwo wofɔ ɖe tsitre hã le, ŋu woazu ame deblibowo. (Yoh. 5:26-29) Mesia la akplɔ ameƒomea me tɔ ɖokuibɔbɔlawo ayi “agbetsidzɔƒewo” gbɔ, eye esia ana toɖolawo katã nava nɔ ŋutifafa ƒe ƒomedodo nyui aɖe me kple Yehowa. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 7:16, 17.) Le dodokpɔ mamlɛa megbe la, woatsɔ aglãdzelawo katã, siwo dome Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo hã le la, ‘aƒu gbe ɖe ta, si me dzo kple dzokpe le la me,’ eye esia anye tagbagbã na “da” la keŋkeŋ mlɔeba.—Nyaɖ. 20:10.

19 Ðe ale si Yesu awɔ eƒe dɔ abe Mesia la ene ade goe pɛpɛpɛ la mewɔ nuku ŋutɔ oa? Paradisonyigba la dzi ayɔ fũu kple amegbetɔ siwo woɖe, siwo anɔ agbe le lãmesẽ blibo kple dzidzɔ me tegbee. Ɣemaɣi la, woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu tso vlodoamewo katã me, eye woaʋli eƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ta bliboe. Nu nyui kawo gbegbee nye esi le ame siwo katã aɖo to Mawu ƒe Amesiamina la lalam le etsɔ si gbɔna kpuie la me!

Èkpɔ Mesia La?

20, 21. Susu nyui kawoe tae nàƒo nu tso Mesia la ŋu na amewo?

20 Míele Kristo ƒe pa·rou·siʹa, alo anyinɔɣi la me tso ƒe 1914 me. Togbɔ be míate ŋu akpɔ eƒe anyinɔnɔ abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene kple ŋku o hã la, nyagblɔɖiwo me vava ɖo kpe esia dzi kɔtɛ. (Nyaɖ. 6:2-8) Ke hã, abe ale si wònɔ le Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene la, ame akpa gãtɔ siwo li egbea la gbe lɔlɔ̃ ɖe Mesia la ƒe anyinɔɣi la ŋuti kpeɖodziwo dzi. Woawo hã le mɔ kpɔm na mesia si anye dunyahedziɖula, alo mesia si awɔ dɔ to amegbetɔwo ƒe dunyahedziɖuɖuwo dzi. Gake wò ya, èva nyae be Yesu le dzi ɖum abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene fifia. Ðe esia nyanya medo dzidzɔ na wò ŋutɔ oa? Abe ale si wònɔ le nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene la, esia ʋã wò hã nègblɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be: “Míekpɔ Mesia la.”

21 Egbea la, ne wò hã èle nyateƒea fiam amewo la, ɖe nètea gbe ɖe ɖoƒe si Yesu le abe Mesia la ene dzia? Ewɔwɔ alea ana wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo wòwɔ na wò, esiwo wɔm wòle fifia, kple esiwo wòava wɔ le etsɔme ŋu la nadzi ɖe edzi. Ðikeke mele eme o be wò hã èƒo nu tso Mesia la ŋu na ƒowòmetɔwo kple xɔ̃wòwo kpɔ, abe ale si Andrea kple Filipo wɔe ene. Ðe manyo ŋutɔ be nàtsɔ dzo yeye ate ɖe wo ŋu ake, aɖo kpe edzi na wo be Yesu Kristoe nye Mesia si ŋugbe wodo la, ame si dzi Mawu ato aɖe ameƒomea oa?

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Alekee nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ nya ame si Mesia la nye?

• Susu vevi eve kawo tae Yesu ku ɖo?

• Nu kawoe Yesu awɔ ade goe abe Mesia la ene?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Alekee ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔ nya be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo la?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ne èle gbeƒã ɖem na amewo la, ɖe nètea gbe ɖe ɖoƒe si Yesu le abe Mesia la ene dzia?