Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tu Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina Gbeɖe O La Ðo

Tu Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina Gbeɖe O La Ðo

Tu Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina Gbeɖe O La Ðo

‘Lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.’—1 KOR. 13:7, 8.

1. (a) Alekee amewo ƒoa nu tso lɔlɔ̃ ŋu zi geɖe? (b) Ame ka kple nu kawo koŋue ame geɖewo lɔ̃na?

AMEWO gblɔa nya geɖe tso lɔlɔ̃ ŋu. Wokafua nɔnɔme sia hedoa vivi ɖe eŋu le hadzidziwo me. Lɔlɔ̃ nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi aɖe. Gake zi geɖe la, wozãnɛ le lɔlɔ̃gbalẽwo me nyakpakpawo kple esiwo woɖena fiana le sinimawo me la me, eye wole esiawo dometɔ gbogbo aɖewo dzram le asiwo me. Ke hã, ewɔ nublanui ŋutɔ be lɔlɔ̃ vavã si wòle be wòanɔ amewo si na Mawu kple wo haviwo la zu dze bu ɖe ama me. Míele nu siwo Biblia gblɔ be woadzɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me la teƒe kpɔm. Amewo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.”—2 Tim. 3:1-5.

2. Nuxlɔ̃ame kae Biblia na mí ku ɖe lɔlɔ̃ si mesɔ o ŋu?

2 Ŋutete le amegbetɔwo si be woalɔ̃ ame, ke hã, Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu ku ɖe lɔlɔ̃ si mesɔ o la ŋu. Eye Biblia gblɔ nu si dzɔna ne lɔlɔ̃ ma ƒo ke ɖe ame ƒe dzi me. (1 Tim. 6:9, 10) Èɖo ŋku nya si apostolo Paulo ŋlɔ tso Dema ŋu la dzia? Togbɔ be Dema wɔ dɔ aduadu kple Paulo hã la, egblẽ Paulo ɖi le esi wòlɔ̃ nu siwo le xexea me ta. (2 Tim. 4:10) Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu Kristotɔwo le afɔku sia tututu ŋu. (Mixlẽ 1 Yohanes 2:15, 16.) Xexe sia, eƒe mɔwo, kple emenu siwo nu gbɔna yiyi ge kpuie la lɔlɔ̃ tsi tsitre ɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple nu siwo tso egbɔ la ŋu.

3. Kuxi kae dze ŋgɔ mí, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?

3 Togbɔ be míele agbe le xexe sia me hã la, míenye eƒe akpa aɖeke o. Eya ta ele be míadze agbagba aƒo asa na lɔlɔ̃ ŋuti nukpɔsusu totro si le amewo si le xexea me. Ele vevie be míawɔ nu sia nu si míate ŋui be lɔlɔ̃ si mesɔ o nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Ekema ame kawoe wòle be míatu lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi la ɖo na ahaɖee afia wo? Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatu lɔlɔ̃ si doa dzi le nuwo katã me, si nu metsina gbeɖe o la ɖo? Alekee lɔlɔ̃ sia tutuɖo ate ŋu aɖe vi na mí fifia kple le etsɔme siaa? Míehiã na nya siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nukpɔsusu ale be woafia mɔ mí le agbe me.

Ale Si Míatu Lɔlɔ̃ Ðo Na Yehowa

4. Aleke míenana míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu tsina ɖe edzii?

4 Be woatu nane ɖo ate ŋu afia be woadzrae ɖo ahalé be nɛ bene wòatsi nyuie. Bu agbledela aɖe si ku kutri dzobo anyigba hedzra edzi ɖo hafi ƒã nukuwo ɖe edzi ŋu kpɔ. Anɔ mɔ kpɔm be nukuawo natsi nyuie. (Heb. 6:7) Nenema kee wòle be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu hã nanɔ tsitsim ɖe edzii. Nu kae hiã hafi esia nanya wɔ? Ele be míadzra kpɔɖeŋunyigba nyui si nye míaƒe dzi, afi si woƒã Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ɖo, la dzi ɖo. Míate ŋu awɔ esia to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe me, bene míadzi eyama ŋuti sidzedze ɖe edzi. (Kol. 1:10) Kpekpeawo dede edziedzi kple gomekpɔkpɔ le wo me hã ana míaƒe sidzedze nadzi ɖe edzi. Ðe mía dometɔ ɖe sia ɖe le eƒe ŋutete katã ŋu dɔ wɔm be yeana yeƒe sidzedze nade to ɖe edzia?—Lod. 2:1-7.

5. (a) Mɔ kawo dzie míate ŋu ato asrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesiwo ŋu? (b) Nya kae nàte ŋu agblɔ tso Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ ŋu?

5 Yehowa toa eƒe Nya la dzi ɖea eƒe amenyenye fiaa mí. Ne míesrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo heyia edzi dzia Yehowa ŋuti sidzedze ɖe edzi la, míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nɔnɔme ɖedzesiwo—eƒe dzɔdzɔenyenye, ŋusẽ, nunya, kple ƒo wo katã ta la, eƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o—ŋu ade to ɖe edzi. Dzɔdzɔenyenye dzena le Yehowa ƒe mɔwo katã kple eƒe se deblibo la me. (5 Mose 32:4; Ps. 19:8) Míate ŋu ade ŋugble le nu siwo katã Yehowa wɔ la ŋu bene eƒe nunya deŋgɔ la nawɔ dɔ ɖe mía dzi. (Ps. 104:24) Xexe gbahoo la hã naa kpeɖodzi mí be Yehowae nye ŋusẽ triakɔ kple ŋusẽ mavɔ Dzɔtsoƒe.—Yes. 40:26.

6. Alekee Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí, eye dɔ kae esia wɔ ɖe dziwò?

6 Nya kae míate ŋu agblɔ tso Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ, si nye lɔlɔ̃ ŋu? Ekeke eƒe nɔnɔme sia ɖe enu ale be wòɖea vi na mí katã. Eɖe lɔlɔ̃ sia fia esi wòtsɔ tafea na bena amegbetɔƒomea nakpɔ ɖeɖe. (Mixlẽ Romatɔwo 5:8.) Amegbetɔƒome bliboa tae woxe tafe sia ɖo, gake ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia sia ŋu heɖenɛ fiana be yewoxɔ Via dzi se la koe wòaɖe vi na. (Yoh. 3:16, 36) Ele be ale si Mawu tsɔ Yesu na be wòanye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la naʋã míawo hã be míalɔ̃e.

7, 8. (a) Nu kae wòle be míawɔ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ Mawu? (b) Nɔnɔme kawoe Mawu ƒe amewo le akɔ kpem kple hafi gale eƒe seawo dzi wɔm?

7 Alekee míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Mawu ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí la ta? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔ si tso gbɔgbɔ me lae nye: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.” (1 Yoh. 5:3) Ɛ̃, lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu ʋãa mí míewɔa eƒe seawo dzi. Esiae nye susu siwo ta míeɖia ɖase le eƒe ŋkɔa kple eƒe Fiaɖuƒea, si ɖea vi na amewo, ŋuti la dometɔ ɖeka. Ne míewɔnɛ tso dzi blibo me la, míeɖenɛ fiana be susu nyuiwo tae míewɔa Mawu ƒe seawo dzi ɖo.—Mat. 12:34.

8 Mía nɔvi siwo le xexea me godoo la kua kutri wɔa Mawu ƒe seawo dzi, togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒe gbedeasia me o alo gbenɛ keŋkeŋ gɔ̃ hã. Ke hã, womenaa ta o, wonɔa woƒe subɔsubɔdɔa dzi be yewoawɔe ade goe. (2 Tim. 4:5) Nenema kee lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa míawo hã míenana Mawu ŋuti sidzedze sua ame bubuwo si, hedzea agbagba be míanɔ eƒe se bubuawo katã hã dzi wɔm.

Nu Si Tae Míelɔ̃ Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Ðo

9. Nu kawo mee Kristo do dzi le, eye nu kae ʋãe?

9 Tsɔ kpe ɖe Mawu lɔlɔ̃ ŋu la, susu bubu geɖewo gali siwo ta míetua lɔlɔ̃ ɖo na Via hã. Togbɔ be míekpɔ Yesu kpɔ o hã la, zi ale si míele nu geɖe srɔ̃m tso eŋuti ko la, lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la hã gadea to ɖe edzi. (1 Pet. 1:8) Nu siwo me Yesu do dzi le la dometɔ aɖewo ɖe? Esi wònɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, amewo lé fui dzodzro, ti eyome, tso enu alakpatɔe, hedzui. Eye wodo vloe le mɔ bubuwo hã nu. (Mixlẽ Yohanes 15:25.) Lɔlɔ̃ si le Yesu si na Fofoa ʋãe wòdo dzi le dodokpɔ mawo katã me. Eye lɔlɔ̃e ʋãe wòtsɔ eƒe agbe sa vɔe be wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.—Mat. 20:28.

10, 11. Le nu si Kristo wɔ na mí ta la, nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu?

10 Ale si Yesu wɔ nui la wɔa dɔ ɖe mía dzi. Esi míele ŋugble dem le nu si Kristo wɔ na mí ŋu la, lɔlɔ̃ si le mía si na eyama gadea to ɖe edzi. Abe eyomedzelawo ene la, ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míatu lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia mí la tɔgbi ɖo ahalé eme ɖe asi, ale be míate ŋu ado dzi awɔ eƒe sedede si nye be míaɖi ɖase le Fiaɖuƒea ŋu na amewo ahawɔ wo woanye nusrɔ̃lawo la dzi.—Mat. 28:19, 20.

11 Le esi Kristo ɖe lɔlɔ̃ ma fia amegbetɔƒome bliboa ta la, míesenɛ le mía ɖokui me be ele be míawɔ dɔ si wode mía si la ade goe hafi nuwuwua nava. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 5:14, 15.) Lɔlɔ̃ si le Kristo si la koŋ tae wòwɔ nu si wòle be wòawɔ bene Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔƒomea nava eme la de goe. Eye kpɔɖeŋu si Kristo gblẽ ɖi na mí be míadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ la ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be Mawu ƒe tameɖoɖoa naɖe vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Esia bia be míatu lɔlɔ̃ ɖo na Mawu bliboe ale si wòanya wɔ. (Mat. 22:37) Ne míewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi heléa eƒe seawo me ɖe asi la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e eye míeɖoe kplikpaa be míade Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me, abe ale si Yesu wɔe ene.—Yoh. 14:23, 24; 15:10.

Lɔlɔ̃ Ƒe Mɔ Si De Ŋgɔ Wu La Yome Titi

12. Nu kae Paulo wɔnɛ esi wòƒo nu tso “mɔ aɖe si de ŋgɔ wu” la ŋu?

12 Apostolo Paulo nye Kristo srɔ̃la. Esi wònye be edze Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ ale si wòate ŋui ta la, dzi nɔ eƒo wòde dzi ƒo na nɔviawo be woasrɔ̃ ye. (1 Kor. 11:1) Togbɔ be Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Korinto be woayi edzi anɔ gbɔgbɔa ƒe nunana aɖewo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, abe dɔdada kple gbegbɔgblɔ bubuwo dodo ene, dim vevie hã la, ena wonya be mɔ bubu aɖe si nyo wu la li si yome wòle be woati. Egblɔ le 1 Korintotɔwo 12:31 be: “Ke hã, mafia mɔ aɖe si de ŋgɔ wu la mi.” Nya siwo dze le kpukpui siwo kplɔe ɖo me la ɖee fia be mɔ si de ŋgɔ wu siae nye lɔlɔ̃. Gɔmesese ka nue wòde ŋgɔ wu le? Paulo yi edzi wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe nu si wòwɔnɛ la me. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 13:1-3.) Ne ŋutete deŋgɔwo le esi wòte ŋu wɔ nu gã geɖewo gake lɔlɔ̃ mele esi o la, viɖe kae wòanye? Maɖe vi aɖeke koŋ o! To Mawu ƒe gbɔgbɔa dzi la, ena nyateƒenya vevi sia dze ƒãa. Numekɔkɔ nyui ka gbegbee nye esi wòna si kpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi!

13. (a) Nu kae nye ƒe 2010 ƒe mawunyakpukpuia? (b) Gɔmesese ka nue lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o le?

13 Eyome Paulo gblɔ nu si lɔlɔ̃ nye kple nu si menye o la na mí. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 13:4-8.) Azɔ gbɔ dzi ɖi nàdzro ɖokuiwò me akpɔe ɖa be aleke nèle agbe nɔm ɖe nudidi siawo nui hã. Lé ŋku ɖe nya mamlɛ siwo le kpukpui 7 lia me kple nya siwo le kpukpui 8 lia ƒe gɔmedzedze la koŋ ŋu. Afi ma gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.’ Esiae anye míaƒe ƒe 2010 ƒe mawunyakpukpuia. De dzesii be Paulo gblɔ le kpukpui 8 lia me be woava ɖe gbɔgbɔa ƒe nunanawo, siwo dome nyagbɔgblɔɖi kple gbegbɔgblɔ bubuwo dodo le—siwo ŋu dɔ wowɔ le Kristo hamea ƒe gɔmedzedze me—la ɖa. Esia fia be wo nu ayi. Gake lɔlɔ̃ ya anɔ anyi ɖaa. Yehowa nye lɔlɔ̃, eye eli tegbee. Eya ta lɔlɔ̃ nu mayi akpɔ gbeɖe o. Nɔnɔme sia ayi edzi anɔ anyi ɖaa le esi wònye mía Mawu mavɔ la ƒe nɔnɔme ta.—1 Yoh. 4:8.

Lɔlɔ̃ Doa Dzi Le Nuwo Katã Me

14, 15. (a) Alekee lɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔwo me? (b) Nu ka tae nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe gbe tanana?

14 Nu kae kpena ɖe Kristotɔwo ŋu be wodoa dzi le dodokpɔwo, nɔnɔme sesẽwo, kple kuxi ƒomevi ɖe sia ɖe si me wotona la me? Lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi la koŋ ye doa ŋusẽ wo. Lɔlɔ̃ sia bia nu geɖe wu míaƒe nunɔamesiwo tsɔtsɔ sa vɔe ko. Ebia hã be míalɔ̃ faa alé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi va se ɖe ku me gɔ̃ hã ɖe Kristo ta. (Luka 9:24, 25) De ŋugble tso Ðasefo siwo kpe fu le fuwɔamesaɖawo, dɔsesẽwɔsaɖawo, kple gaxɔwo me, le Xexemeʋa II wɔɣi kple emegbe siaa, ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ŋu kpɔ.

15 Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖekae nye esi ku ɖe ɖekakpui Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Wilhelm si tso Germany ŋu. Esi Nazitɔwo tso nya me be yewoada tui la, mena ta o, ke boŋ eyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Eŋlɔ ɖe lɛta aɖe si wòŋlɔ tsɔ na kaklã eƒe ƒometɔwo me be: “Nu si le vevie wue nye be, míalɔ̃ Mawu abe ale si míaƒe Kplɔla Yesu Kristo de se na mí be míawɔe ene. Ne míele eƒe akpa dzi sesĩe la, aɖo eteƒe na mí.” Emegbe eƒe ƒomea me tɔ aɖe ƒe nya sia dze le Gbetakpɔxɔ aɖe me be: “Esime míaƒe ƒomea nɔ nɔnɔme sesẽawo me tom la, míekpɔa egbɔ be lɔlɔ̃ na Mawu xɔa nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi.” Nɔnɔme sia kee nɔvi geɖe siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom le gaxɔwo me le Armenia, Eritrea, South Korea, kple dukɔ bubu aɖewo me la ɖena fiana. Nɔvi siawo lé woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa me ɖe asi sesĩe maʋamaʋãe.

16. Nu kawo mee mía nɔvi siwo le Malawi la do dzi le?

16 Le teƒe geɖewo la, dodokpɔ ƒomevi bubu aɖewo do mía nɔviwo ƒe xɔse kple dzidodo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 26 sɔŋ la, Yehowa Ðasefo siwo le Malawi la kpe fu geɖe le nɔnɔme sesẽ siwo dziɖuɖu ƒe mɔxexe ɖe woƒe dɔa nu, tsitretsiɖeameŋu vevie, kple ŋutasẽnuwɔwɔ bubuwo he va wo dzi la me. Gake woɖo woƒe dzidodoa teƒe na wo. Esime wote wo yome titi la, Ðasefo 18,000 lɔƒoe nɔ dukɔa me. Gake le ƒe blaetɔ̃ megbe la, woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu teƒe eve va ɖo 38,393 sɔŋ. Nu sia tɔgbi dzɔ le dukɔ bubuwo hã me.

17. Nɔnɔme sesẽ kawoe ame siwo le ƒome siwo ma le subɔsubɔnyawo gome la doa goe, eye nu kae na wote ŋu doa dzi?

17 Ele eme be zi geɖe la, menɔa bɔbɔe na Mawu ƒe amewo be woanɔ te ɖe tsitretsiɖeŋulawo ƒe amedzidzedzewo nu o ya. Gake ne Kristotɔ ɖekaɖekawo ƒe ƒometɔwoe tsi tsitre ɖe wo ŋu la, tenɔnɔ ɖe enu gasesẽna wu. Ame ƒe aƒemetɔwo alo eƒe ƒometɔ kplikplikpliwo ƒe tsitretsiɖeŋu ate ŋu aɖe fu nɛ vevie. Eye ɖe Yesu megblɔe ɖi be adzɔ alea oa? Ɛ̃, eye nu sia dzɔ ɖe ame geɖewo dzi vavã. (Mat. 10:35, 36) Ƒewuivi geɖewo do dzi le wo dzila dzimaxɔsetɔwo ƒe yometiti me. Wonyã wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã le aƒe me, gake Ðasefo aɖewo xɔ wo dɔmenyotɔe. Ame aɖewo dzilawo gbe nu le wo gbɔ gɔ̃ hã. Nu kae kpe ɖe ame siawo ŋu be wote ŋu do dzi le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe wo ŋu alea me? Menye lɔlɔ̃ na nɔviwo ƒe habɔbɔa ta koe o, ke ƒo wo katã ta la, lɔlɔ̃ vavã si le wo si na Yehowa kple Via hã tae.—1 Pet. 1:22; 1 Yoh. 4:21.

18. Alekee lɔlɔ̃ si doa dzi le nuwo katã me te ŋu kpena ɖe Kristotɔ srɔ̃tɔwo ŋu?

18 Nɔnɔme bubu geɖewo hã li siwo me lɔlɔ̃ si doa dzi le nuwo katã me la kpena ɖe ame ŋu le. Le srɔ̃tɔwo dome la, lɔlɔ̃ kpena ɖe wo ŋu be wowɔa Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:6) Ne srɔ̃tɔ Kristotɔwo le go dom ‘xaxawo le ŋutilã me’ la, ele be woaɖo ŋku edzi be Yehowa wɔa akpa vevi aɖe le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me. (1 Kor. 7:28) Eƒe Nya la gblɔ be ‘lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me,’ eye atsu kple asi siwo ɖea eƒe nɔnɔme sia fiana la dome te ŋu nɔa kplikplikpli, si wɔnɛ be woƒe srɔ̃ɖeɖea lia ke.—Kol. 3:14.

19. Nu kae Mawu ƒe amewo wɔna ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ?

19 Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nuwo katã me ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ. Aleae wòdzɔe esime anyigbaʋuʋu aɖe gblẽ nu le Peru, eye ahom sesẽ aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Katrina la hã gblẽ nu le United States ƒe ƒukɔme nuto aɖewo me vevie. Mía nɔvi geɖewo ƒe aƒewo gbã, eye woƒe nunɔamesiwo dome gblẽ le afɔku mawo me. Lɔlɔ̃ ʋã xexea me katã ƒe hamea me tɔwo wodzɔ nu geɖe tsɔ kpe asi ɖe wo ŋu, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo hã kpe asi ɖe woƒe aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo gbugbɔgatu dɔwo ŋu. Kpekpeɖeŋunana siawo nye kpeɖodzi be mía nɔviwo lɔ̃a wo nɔewo heléa be na wo nɔewo ɣesiaɣi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.—Yoh. 13:34, 35; 1 Pet. 2:17.

Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O

20, 21. (a) Nu ka tae lɔlɔ̃ de ŋgɔ nenema gbegbe ɖo? (b) Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeati lɔlɔ̃ ƒe mɔ la yome?

20 Le Yehowa ƒe amewo dome egbea la, míekpɔa ale si wòdze ƒãae be nunya le lɔlɔ̃ ƒe mɔ si de ŋgɔ wu la yome titi me la dzea sii. Le nyateƒe me, eɖea vi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. De dzesi ale si apostolo Paulo te gbe ɖe nyateƒenya ma dzii. Gbã la, egblɔ be gbɔgbɔa ƒe nunanawo nu ava yi, eye Kristo hamea atsi ato ɖevime aɖo tsitsi gbɔ. Eyome eƒo nya ta be: “Gake azɔ la, nu etɔ̃ siawo kpɔtɔ li: xɔse, mɔkpɔkpɔ, lɔlɔ̃; ke nu siawo dometɔ si de ŋgɔ wu ye nye lɔlɔ̃.”—1 Kor. 13:13.

21 Nu siwo dzi míexɔ se fifia la ava va eme mlɔeba, si ana be wo dzi xɔxɔ se magava hiã o. Ne wova wɔ nuwo katã yeye vɔ la, magahiã be míaganɔ mɔ kpɔm na ŋugbedodo siwo míele mɔ kpɔm na vevie fifia la me vava o. Ke lɔlɔ̃ ya ɖe? Eya nu mayi gbeɖe o. Anɔ anyi ɖaa. Esi wònye be eteƒe madidi o, agbe mavɔ asu mía si ta la, ɖikeke mele eme o be míava kpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa vovovoawo adze sii ahase wo gɔme nyuie. Ne èyi edzi wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu heti lɔlɔ̃ ƒe mɔ si de ŋgɔ wu, si nu mayi gbeɖe o la yome la, àte ŋu anɔ agbe ayi ɖe mavɔmavɔ me.—1 Yoh. 2:17.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le lɔlɔ̃ si mesɔ o la ŋu?

• Nu kawo mee lɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le?

• Gɔmesese ka nue lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o le?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Ƒe 2010 ƒe mawunyakpukpuiae nye: ‘Lɔlɔ̃ doa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.’—1 Kor. 13:7, 8.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míeɖia ɖase

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Lɔlɔ̃ si nu metsina o la kpe ɖe mía nɔvi siwo le Malawi la ŋu wodo dzi le nɔnɔme sesẽwo me