Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Ðo Ƒukpo Dzĩ Gã La Dzi

Biblia La Ðo Ƒukpo Dzĩ Gã La Dzi

Biblia La Ðo Ƒukpo Dzĩ Gã La Dzi

MADAGASCAR ye nye ƒukpo siwo lolo wu le xexea me la dometɔ enelia, eye wòle afi si didi tso Afrika ƒe anyieheɣedzeƒe ƒuta gbɔ abe kilometa 400 ene. Madagascartɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa tso gbe aɖe gbe ke, elabena wota Madagascargbe me Biblia si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le la na wo ƒe 170 kple edzivɔwoe nye esia. Ðokuitsɔtsɔsavɔ kple kutrikuku ɖe dzesi le Madagascargbe me Biblia la tata ƒe ŋutinya me.

Ƒukpo bubu aɖe si te ɖe Madagascar ŋu, si nye Mauritius, dzie wodze Biblia gɔme ɖeɖe ɖe Madagascargbe me gɔme le zi gbãtɔ. Tso keke ƒe 1813 me ke la, Aƒetɔ Robert Farquhar, si nye Britain dziɖuɖua teƒenɔla si nɔ Mauritius dzi ɖum la, na wote Nya Nyui Gbalẽawo gɔme ɖeɖe ɖe Madagascargbe me. Emegbe ede dzi ƒo na Radama I, si nye Madagascar fia, be wòabia London Mawunyadɔgbedelawo Ƒe Habɔbɔa ne woaɖo nufialawo ɖe wo le Ƒukpo Dzĩ Gã la, si nye ŋkɔ si wolɔ̃a yɔyɔ na Madagascar, dzi.

Le August 18, 1818 dzi la, mawunyadɔgbedela eve, siwo nye David Jones kple Thomas Bevan, siwo tso Wales la, ɖo tɔdziʋu tso Mauritius va ɖo melidzeƒedu si nye Toamasina me. Wokpɔe be ame siwo le afi ma la, doa vevie mawusubɔsubɔ, eye tɔgbui kukuwo subɔsubɔ kple kɔnyinyiwo le vevie na wo ŋutɔ. Madagascartɔwo doa gbe aɖe si de to, si dzɔ tso gbe aɖe si Malaysiatɔwo kple Polynesiatɔwo dona la me.

Esi Jones kple Bevan ɖo suku sue aɖe vɔ megbe kpuie la, wokplɔ wo srɔ̃wo kple wo viwo tso Mauritius va Toamasina. Gake nublanuitɔe la, asrã dze ƒome evea me tɔwo katã dzi, eye Jones srɔ̃ kple via siaa ku le December 1818 me. Le ɣleti eve megbe la, dɔlélea wu Bevan ƒome bliboa katã. David Jones koe tsi agbe le wo katã dome.

Jones meɖe mɔ nudzɔdzɔ gbãdziname sia ɖe dzi le eƒo o. Eɖoe kplikpaa be yeana Mawu ƒe Nya la nasu Madagascartɔwo si. Esi Jones trɔ yi Mauritius henɔ afi ma va se ɖe esime eƒe lãme sẽ vɔ megbe la, edze Madagascargbea, si sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe o la, sɔsrɔ gɔme. Esia megbe kpuie la, ete Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa gɔme ɖeɖe.

Le October 1820 me la, Jones trɔ yi Madagascar. Eyi ɖanɔ Antananarivo, si nye fiadu la me, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, eɖo suku yeye aɖe. Nɔnɔmeawo mede wo dzi kura o. Sukugbalẽwo, nuŋlɔkpewo, kplɔ̃ kple zikpuiwo menɔ anyi o. Gake wotrɔ asi le nusrɔ̃ɖoɖoawo ŋu nyuie, eye sukuviawo hã tsɔ dzo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu.

Esi Jones ɖeɖe wɔ dɔ ɣleti adre aɖewo megbe la, woɖo mawunyadɔgbedela bubu, si ŋkɔe nye David Griffiths, ɖa be wòava xɔ ɖe Bevan teƒe. Ame eve siawo wɔ dɔ kutrikukutɔe ɖe Biblia la gɔme ɖe Madagascargbe me.

Wote Biblia La Gɔme Ðeɖe

Le ƒe 1820-awo ƒe gɔmedzedze la, Madagascargbe si woŋlɔna koe nye esi woyɔ be sorabe—si nye Madagascargbe si wotsɔna Arabtɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔna. Gake ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu xlẽnɛ. Eya ta esi mawunyadɔgbedelaawo bia mɔ le Fia Radama I gbɔ be yewoazã Romatɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo ɖe sorabe teƒe la, Fia la lɔ̃ ɖe edzi.

Wote Biblia gɔme ɖeɖe le September 10, 1823 dzi. Jones ɖe Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Mateo gɔme, eye Griffiths hã ɖe Mose ƒe Agbalẽ Evelia kple Luka gɔme. Ŋutsu eve siawo wɔ dɔ kutrikukutɔe. Tsɔ kpe ɖe woƒe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu la, wogafiaa nu le sukua me ŋdi kple ŋdɔ siaa. Wogadzrana ɖo nyuie kpɔa sɔlemewɔnawo dzi le gbegbɔgblɔ etɔ̃ me hã. Ke hã, gbegɔmeɖeɖedɔa ye xɔ nɔƒe vevitɔ.

Le sukuvi 12 aɖewo ƒe kpekpeɖeŋu me la, mawunyadɔgbedelaawo te ŋu wu Hela Ŋɔŋlɔawo katã kple Hebri Ŋɔŋlɔa ƒe agbalẽ geɖewo nu le ɣleti 18 pɛ ko me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wote ŋu ɖe Biblia bliboa gɔme, gake dɔ geɖe ganɔ anyi woawɔ tso eŋu. Enɔ na wo be woawɔ ɖɔɖɔɖowo ahatrɔ asi le teƒe aɖewo ŋu. Woɖo David Johns kple Joseph Freeman, siwo nye gbegbɔgblɔŋutinunyalawo, ɖa tso England be woava kpe asi ɖe wo ŋu.

Kplamatsɛdonuwo

Esi woɖe Biblia gɔme ɖe Madagascargbe me vɔ megbe la, London Mawunyadɔgbedelawo Ƒe Habɔbɔa ɖo Charles Hovenden ɖa be wòava tu Madagascar ƒe agbalẽtaƒe gbãtɔ. Hovenden va ɖo Madagascar le November 21, 1826 dzi. Ke hã, esi wòva ɖo la, mede ɣleti ɖeka hafi asrãdɔ dze eya hã dzi wòku o, si wɔe be ame aɖeke meganɔ anyi si awɔ dɔ tso agbalẽtamɔ̃a ŋu o. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, James Cameron, si nye aɖaŋudɔwɔla bibi aɖe tso Scotland la te ŋu zã mɔfiagbalẽ aɖe si ŋu woke ɖo le mɔ̃a ŋuti nuwo dome tsɔ wɔ dɔ tso agbalẽtamɔ̃a ŋu wòsɔ gbe hena zazã. Le agbagbadzedze geɖe megbe la, Cameron te ŋu ta Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta 1 ƒe akpa aɖe le December 4, 1827 dzi. *

Gake wogado go kplamatsɛdonu bubu aɖe le July 27, 1828 dzi, le Radama I ƒe ku megbe. Esi Fia Radama nɔ agbe la, edo alɔ gbegɔmeɖeɖedɔa ale gbegbe. David Jones gblɔ le ɣemaɣi be: “Fia Radama nye dɔmenyotɔ gã aɖe si doa vivi ɖe ame ŋu. Edzea agbagba geɖe le dzidedeƒo na amewo be woasrɔ̃ agbalẽ me, eye wòdea asixɔxɔ gã nufiafia eƒe amewo ku ɖe ŋkuʋuʋu ŋu wu Sika kple Klosalo.” Ke hã, esi fia la ku la, srɔ̃a si ŋkɔe nye Ranavalona I va xɔ ɖe eteƒe, eye eteƒe medidi hafi wòva dze ƒãa be mado alɔ dɔa abe ale si srɔ̃a wɔe ene o.

Esi woɖo fianyɔnu sia zi dzi vɔ megbe kpuie la, amedɔdɔ aɖe tso England va be yeava ƒo nu kplii ku ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu. Gake womeɖe mɔ nɛ o. Ɣebubuɣi esi mawunyadɔgbedelaawo gblɔ na fianyɔnua be nu geɖe, siwo dome Helagbe kple Hebrigbe hã le, gali yewoafia eteviwo la, eɖo eŋu na wo be: “Helagbe kple Hebrigbe ƒe nya aɖeke metsɔ gbɔnye o, gake madi be manya nenye be miate ŋu afia nye amewo nane si ŋu viɖe le wu, abe adzalẽwɔwɔ ene.” Esi mawunyadɔgbedelaawo kpɔe dze sii be ɖewohĩ woanyã yewo hafi yewoawu Madagascargbe me Biblia la tata nu la, Cameron bia fianyɔnu la be wòana kwasiɖa ɖeka ye yeatsɔ ade ŋugble le eƒe nyaa ŋu.

Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, Cameron tsɔ adzalẽti sue eve, siwo wozã nanewo le nutoa me tsɔ wɔ la yi na fianyɔnu la ƒe amedɔdɔwo. Nu sia kple kpekpeɖeŋunadɔ bubu siwo mawunyadɔgbedelaawo wɔ la na fianyɔnu la ƒe dzi dze eme hena ɣeyiɣi aɖe, si wɔe be wote ŋu ta Biblia bliboa negbe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ ʋɛ aɖewo ko.

Nya Wɔmoyaa Aɖe, Eyome Dziɖeleameƒonya

Togbɔ be le gɔmedzedzea me la, fianyɔnua gbe mawunyadɔgbedelaawo ƒe didiwo dzi wɔwɔ na wo hã la, le May 1831 me la, ede se aɖe si wɔ nuku ŋutɔ. Se ma ɖe mɔ na eteviwo be woaxɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔwo! Gake eteƒe medidi kura hafi wòtrɔ eƒe susu o. Wogblɔ le agbalẽ aɖe si nye A History of Madagascar me be, “ame gbogbo siwo va nɔ nyɔnyrɔ xɔm la na vɔvɔ̃ ɖo dziɖuɖua ƒe akameti siwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi la, eye wona fianyɔnua xɔe se be kɔminiɔxɔxɔ nye ame ɖokui tsɔtsɔ na Britain dziɖuɖua.” Eya ta woxe mɔ ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ azu Kristotɔ nu le ƒe 1831 ƒe nuwuwu, si nye ɣleti ade pɛ ko tso esime woɖe mɔ ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu.

Fianyɔnu la ƒe vedomesinɔnɔ kpakple ale si blemakɔnumeléɖeasilawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu nɔ sesẽm ɖe edzi le dziɖuɖua me la ƒoe ɖe mawunyadɔgbedelaawo nu be woadze agbagba awu Biblia tata nu. Wowu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ya tata nu xoxo hema eƒe kɔpi akpe geɖewo. Gake kplamatsɛdonu bubu aɖe gado mo ɖa le March 1, 1835 dzi, esime Fianyɔnu Ranavalona I xe mɔ ɖe Kristotɔnyenye nu hede se be woatsɔ Kristotɔwo ƒe agbalẽwo katã avae na dziɖuɖua.

Fianyɔnua ƒe sededea fia be, ele be Madagascartɔ siwo nɔ asi kpem ɖe Biblia tata ŋu la nadzudzɔ dɔa. Eya ta esi wònye be mawunyadɔgbedela ʋɛ aɖewo ko dzie dɔ susɔea va tsi ta la, wowɔ dɔ zã kple keli va se ɖe esime woɖe Biblia bliboa ɖe go le June 1835 me. Ɛ̃, Madagascargbe me Biblia la do mlɔeba!

Esi woɖo asi dɔa dzi ta la, woma Bibliawo alɔtsɔtsɔe, eye woɖi Biblia siawo dometɔ 70 ɖe to me bene woanɔ dedie. Ðeko wòsɔ pɛ be woɖe afɔ sia, elabena le ƒe ma ke me la, wonyã mawunyadɔgbedelawo katã ɖa le ƒukpoa dzi, eye wòsusɔ wo ame eve ko. Gake Mawu ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem le Ƒukpo Dzĩ Gã la dzi.

Madagascartɔwo Lɔ̃ Biblia La Vevie

Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na Madagascartɔwo be woate ŋu axlẽ Mawu ƒe Nya la le woawo ŋutɔwo degbe me! Vodada aɖewo le gɔmeɖeɖe sia me, eye gbea hã va trɔ vie. Ke hã, Biblia le aƒe ɖe sia ɖe kloe me, eye Madagascartɔ geɖewo xlẽnɛ edziedzi. Nu si ɖe dzesi ŋutɔ le Biblia sia ŋue nye ale si gbegbe wozã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa me. Le tata gbãtɔawo me la, Mawu ƒe ŋkɔa dze le Hela Ŋɔŋlɔawo hã me. Eya ta Madagascartɔ akpa gãtɔ nya Mawu ƒe ŋkɔ.

Le nyateƒe me la, esi wota Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpi gbãtɔwo le agbalẽtamɔ̃a dzi, eye Aƒetɔ Baker, si nye mɔ̃a dzi kpɔla la, kpɔ ale si dzi dzɔ Madagascartɔawoe la, egblɔ be: “Menye nya gblɔm mele ɖi ya o, gake nyemexɔe se be woate ŋu abu mo na Mawu ƒe nya la le dukɔ sia me gbeɖe o!” Eƒe nyaawo va eme. Asrãdɔ, gbegbɔgblɔ aɖe si sɔsrɔ̃ sesẽ, alo dziɖula aɖeke ƒe sedede mete ŋu xe mɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu be wòagaɖo Madagascar o.

Gake fifia la, nɔnɔmeawo va nyo ɖe edzi. Le mɔ ka nu? Le ƒe 2008 me la, woɖe New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures — Traduction du monde nouveau) Biblia bliboa ɖe go le Madagascargbe me. Gɔmeɖeɖe sia nye ŋgɔyiyiwɔwɔ gã aɖe, elabena woŋlɔe ɖe ale si wodoa gbeae fifia nu, eye egɔme sese hã le bɔbɔe. Eya ta fifia la, Mawu ƒe Nya la va xɔ anyinɔ bliboe wu ɖe Ƒukpo Dzĩ Gã la dzi.—Yes. 40:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Biblia ƒe akpa si wota gbã ɖe Madagascargbe me lae nye Se Ewoawo kple Aƒetɔ ƒe gbedodoɖa la, le Mauritius anɔ abe April alo May 1826 me. Ke hã, Fia Radama ƒe ƒomea kpakple dziɖuɖumegã aɖewo ko sie wòsu.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

“New World Translation” Biblia si le Madagascargbe me la dea bubu Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋu