Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:

• Gɔmesese ka nue Mawu ate ŋu ana nànye kesinɔtɔ le?

Le blema la, Yehowa tsɔ ŋutilãmekesinɔnuwo yra ame aɖewo abe Abraham kple Salomo ene. Gake kesinɔnu siwo hiã Kristotɔwo wu, siwo Mawu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu wòasu wo si la dometɔ aɖewoe nye xɔse, ŋutifafa, dzidzeme, kple dzidzɔ.—9/1, axa 3-7.

• Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu ɖe Petro esime wònɔ nyɔnyrɔm ɖe ƒua me la me? (Mat. 14:28-31)

Ne míede dzesii be nɔvi aɖe meɖe xɔse fia tututu le nane wɔwɔ me o la, míate ŋu ado asi ɖa le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu akpe ɖe eŋu be xɔse geɖe wu nasu esi.—9/15, axa 8.

• Nu ka gbegbe Yehowa tsɔ sa vɔe hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ?

Ete ɖe Yehowa dzi vevie esime wonɔ fu wɔm Via henɔ fewu ɖum le eŋu. Eye abe ale si Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi asa vɔe ene la, Yehowa do dzi esime wowu Via abe nu vlo wɔla aɖe ene.—9/15, axa 28-29.

• Nu ka tae Vatican Codex la nye kesinɔnu?

Enye Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe si woŋlɔ mede ƒe 300 tso esime wowu Biblia bliboa ŋɔŋlɔ nu o. Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽawo katã kloe le eme. Enye dɔwɔnu vevi aɖe si agbalẽnyalawo zãna tsɔ nyana ale si tututu nyawo dze le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me.—10/1, axa 18-20.

• Nufiame kae le ‘xɔtutu’ si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 24:27 me na mí?

Ele be ŋutsu si di be yeaɖe srɔ̃ la nadzra ɖo ɖe agbanɔamedzi ma tsɔtsɔ ŋu. Esia lɔ ale si wòasu te ɖe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple ŋgɔxɔxɔ le ƒomea ƒe tadedeaguwɔnawo me ɖe eme.—10/15, axa 12.

• Nu ka tae masɔ be woagblɔ be Protestant sɔlemeha aɖee Yehowa Ðasefowo nye o?

Ame siwo nɔ ʋiʋlim vevie be woawɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo le Roma Katolikohaa ƒe nufiafia aɖewo ŋu lae va ɖo Protestant subɔsubɔhaa anyi le Europa le ƒe alafa 16 lia me. Wozãna nya “Protestanttɔwo” na ame siwo lé Ðɔɖɔɖotaʋiʋli ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi. Yehowa Ðasefowo melɔ̃ ɖe edzi be papa lae nye Kristotɔwo katã ƒe ŋgɔnɔla o, woxɔe se tso dzi blibo me be Biblia la ɖeka ko mee woɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔ ɖe go le, ke hã, wogbe nu le nufiafia kple nuwɔna siwo tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu, siwo bɔ ɖe Protestant hawo me la gbɔ.—11/1, axa 19.

• Ðe wòle be ame nasrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbe hafi ate ŋu ase Biblia gɔmea?

Ao. Gbegbɔgblɔ mawo nyanya ɖeɖe mate ŋu ana ame nase Biblia ƒe gbedeasia gɔme nyuie wu o. Agahiã kokoko be ame si srɔ̃ gbe mawo la nanɔ nyagɔmeɖegbalẽwo kple gbeŋutisegbalẽwo zãm. Nyateƒe si wònye be Mawu ɖe mɔ ame siwo eƒe gbɔgbɔa ʋã woŋlɔ eƒe Subɔla gãtɔ la ƒe nyawo ɖi la ŋlɔ wo ɖe gbegbɔgblɔ bubu me la ɖee fia be ame ate ŋu azã Biblia siwo gɔme woɖe ɖe gbe siwo míedona egbea la me ahasrɔ̃ nyateƒea tso wo me.—11/1, axa 20-23.

• Alekee Yehowa kple Yesu ɖo nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

Togbɔ be ɖoƒe kɔkɔ aɖee Yehowa le hã la, ewɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu le bubu kple dɔmenyo me. Esime wònɔ nu ƒom na Abraham kple Mose siaa la, ezã Hebrigbe me nya aɖe si gɔme woɖena zi geɖe be “meɖe kuku.” (1 Mose 13:14; 2 Mose 4:6) Mawu ɖoa to amegbetɔwo hã. (1 Mose 18:23-32) Yesu hã wɔe nenema, eye zi geɖe la, etsɔa amewo ƒe ŋkɔwo yɔa woe, eye wòlɔ̃ faa na kpekpeɖeŋu ame siwo dome wònɔ la.—11/15, axa 25.

• Nu ka tae Kristotɔ vavãwo meɖua Asiatɔwo Ƒe Ƒe Yeye la o?

Asiatɔwo Ƒe Ƒe Yeye la nye azã vevi aɖe le Asiatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi. Le azãɖuɖua me la, wodzea agbagba be yewoabia dzɔgbenyui ahade bubu gbɔgbɔwo ŋu. Kristotɔwo dea bubu wo dzilawo ŋu, gake womeƒoa wo ɖokuiwo ɖe kplɔ̃ɖoɖo siwo me amewo dzea agbagba be yewoado ka kple tɔgbui kukuwo bene woakpɔ yewo ta, alo be yewoana yewoƒe nu nadze aƒekɔ ƒe mawuwo ŋu la me o.—12/1, axa 20-23.