Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Etsɔme Nyui Aɖe Tu Aƒe!

Etsɔme Nyui Aɖe Tu Aƒe!

Etsɔme Nyui Aɖe Tu Aƒe!

“Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—PSALMO 37:10, 11.

ÐE NÀDI be yeakpɔ nyagblɔɖi sia me vava teƒea? Ðikeke mele eme o be àdii godoo. Susu vevi geɖewo li siwo ta nàte ŋu aka ɖe edzi be nya siawo ava eme kpuie.

Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖee fia kɔtɛ be “ŋkeke mamlɛawo” mee míele la dometɔ ʋɛ aɖewo ko mee míedzro le nyati siwo do ŋgɔ me. (2 Timoteo 3:1-5) Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔa ʋã Biblia ŋlɔlawo wogblɔ nya mawo ɖi be woana mɔkpɔkpɔ mí. (Romatɔwo 15:4) Nyagblɔɖi mawo me vava nye kpeɖodzi be xaxa siwo me tom míele la nu ayi kpuie.

Nu kae ava ɖe ŋkeke mamlɛawo yome? Mawu Fiaɖuƒea aɖu ameƒomea dzi. (Mateo 6:9) Se ale si Biblia gblɔ be nuwo anɔ ɣemaɣi la ɖa:

Woatsi dɔwuame nu. “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

Woaɖe dɔléle ɖa. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

Woadzra anyigbaa ɖo wòazu yeye. “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

Esiawoe nye Biblia me nyagblɔɖi dedziƒoname siwo ava eme kpuie la dometɔ ʋɛ aɖewo. Ðe manyo be nàbia Yehowa Ðasefowo woaɖe nu si ta woka ɖe edzi bliboe be etsɔme nyui aɖe tu aƒe la me na wò oa?