Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Li Ðo?

Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Aleke vɔ̃ɖinyenye dze egɔmee?

Esi Satana da alakpa gbãtɔ ye vɔ̃ɖinyenye dze egɔme le anyigba dzi. Satana menye ame vɔ̃ɖi esi Mawu wɔe o. Enye mawudɔla deblibo hafi, gake “meli ke ɖe nyateƒe la me o.” (Yohanes 8:44) Edi be woatsɔ tadedeagu si Mawu ɖeɖe ko dze na la ana ye. Satana ble nyɔnu gbãtɔ, Xawa, wòɖo toe le esi teƒe be wòaɖo to Mawu. Adam wɔ ɖeka kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu. Adam ƒe nuwɔna sia he fukpekpe kple ku vae.—Xlẽ 1 Mose 3:1-6, 17-19.

Satana nɔ tsitre tsim ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu esi wògblɔ na Xawa be megaɖo to Mawu o. Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ wɔ ɖeka kple Satana, eye wogbe be Mawu naganye yewoƒe Dziɖula o. Le esia ta Satana va zu “xexea dzi ɖula.”—Xlẽ Yohanes 14:30; Nyaɖeɖefia 12:9.

2. Ðe kpɔtsɔtsɔ nɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋua?

Ŋutete nɔ amegbetɔ kple mawudɔla siwo Mawu wɔ la ŋu be woawɔ eƒe nudidiwo dzi bliboe. (5 Mose 32:5) Mawu na ablɔɖe mí be míatiae nenye be míawɔ nyui alo vɔ̃. Ablɔɖe sia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be míelɔ̃ Mawu.—Xlẽ Yakobo 1:13-15; 1 Yohanes 5:3.

3. Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?

Yehowa ɖe mɔ ɖe aglãdzedze ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. Nu ka tae? Be wòaɖee afia be dziɖuɖu si me Mawu ƒe asi mele o la maɖe vi na amewo o. (Yeremiya 10:23) Nu siwo dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ƒe 6,000 ye nye esia la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu ɖe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple dɔléle ɖa o.—Xlẽ Nyagblɔla 7:29; 8:9; Romatɔwo 9:17.

Gake eme nyona na ame siwo lɔ̃ be Mawu nanye yewoƒe Dziɖula. (Yesaya 48:17, 18) Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa. Ame siwo abɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la koe anɔ anyigba dzi.—Yesaya 2:3, 4; 11:9; xlẽ Daniel 2:44.

4. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si le Mawu ƒe dzigbɔɖi ta?

Satana gblɔ be amegbetɔwo maɖo to Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe o. Mawu ƒe dzigbɔɖia na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia nenye be míedi Mawu ƒe dziɖuɖu loo alo amegbetɔwo tɔ? Ale si míenɔa agbee ye aɖe ame si dzi míede la afia.—Xlẽ Hiob 1:8-11; Lododowo 27:11.

5. Aleke míatiae be Mawu nanye míaƒe Dziɖula?

Míeɖenɛ fiana be míedi be Mawu nanye míaƒe dziɖula ne míedi mɔ nyuitɔ si nu wòle be míasubɔe le le eƒe nya Biblia me, eye míenɔa agbe ɖe enu. (Yohanes 4:23) Azɔ hã, míaƒo asa na dunyahehe kple aʋawɔwɔ, abe ale si Yesu wɔe ene.—Xlẽ Yohanes 17:14.

Satana zãa eƒe ŋusẽa tsɔ doa agbe gbegblẽ nɔnɔ kple nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu ɖe ŋgɔ. Ne míeƒo asa na nuwɔna mawo la, ɖewohĩ mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo aɖu fewu le mía ŋu alo woatsi tsitre ɖe mía ŋu. (1 Petro 4:3, 4) Eya ta ekpo ɖe mía gbɔ. Ðe míade ha kple ame siwo lɔ̃ Mawua? Ðe míaɖo to eƒe se siwo me nunya kple lɔlɔ̃ le la? Ne míewɔ esiawo la, míaɖee afia be Satana ka aʋatso esi wògblɔ be ame aɖeke maɖo to Mawu o.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 6:9, 10; 15:33.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 11 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Adam wɔ nyametsotso gbegblẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Míaƒe nuwɔnawoe aɖee afia nenye be míedi be Mawu nanye míaƒe Dziɖula