Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutifafame Aɖewo Ʋli Woƒe Ŋkɔ Nyui La Ta

Ŋutifafame Aɖewo Ʋli Woƒe Ŋkɔ Nyui La Ta

Ŋutifafame Aɖewo Ʋli Woƒe Ŋkɔ Nyui La Ta

AME SIWO LE RUSSIA NADE DZESII: Nyati sia tata ana ame miliɔn geɖe, siwo le dukɔ siwo wu 230 me la, nanya nu tso ale si wole mɔ xem ɖe ablɔɖe si le amewo si be woasubɔ Mawu la nu madzemadzee le Russia ŋu. Gbetakpɔxɔ lae nye magazine si gɔme woɖena ɖe gbe vovovowo me hetana wu bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Nyati sia anɔ gbegbɔgblɔ 188 me. Woata ɖekaɖeka miliɔn 40 edzivɔ. Dumegã aɖewo madi be dukɔ bubuwo nanya nu si le dzɔdzɔm ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le Russia o. Gake Yesu ƒe nya siawo ava eme be: “Wometsyɔ nu naneke dzi nyuie, si womava ɖe ɖe go o, eye naneke mele ɣaɣla, si mava dze gaglãa woakpɔ o.”—LUKA 12:2.

LE December 2009 kple January 2010 me la, Russia ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ eve tso nya me be Yehowa Ðasefowo nye subɔsubɔha si dze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu. Edze abe nane si dzɔ kpɔ va yi la gale mo dom ɖa ene. Esime Soviettɔwo nɔ Russia dzi ɖum la, wobu fɔ Ðasefo geɖe madzemadzee be wonye dukɔa ƒe futɔwo. Woɖe aboyo wo yi anyigba didiwo dzi, wode wo gaxɔ me, eye wozi wo dzi le dɔsesẽwɔsaɖawo me. Esi dziɖuɖu ma mu la, wokɔ Yehowa Ðasefowo ŋu be womeɖi fɔ o. Dziɖuɖu yeyea da ŋkɔ nyui si nɔ wo ŋu la ɖe wo dzi ake. * Gake fifia, ame aɖewo di be yewoagagblẽ Ðasefowo ŋu ake.

Tso ƒe 2009 ƒe gɔmedzedze me la, dziɖuɖua tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔblɔɖe ŋu vevie. Le February ɖeɖe dzaa me la, setɔwo wɔ nyagɔmekuku 500 kple edzivɔwo le dukɔ bliboa me. Nu ka tae? Be yewoahe nu siwo me wobe Ðasefoawo da se dzi le la ɖe go. Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, kpovitɔwo dze wo dzi le Fiaɖuƒe Akpatawo kple aƒewo me esime woli kpoo le woƒe hame ƒe kpekpewo me. Woxɔ woƒe agbalẽwo kple nunɔamesiwo. Dziɖuɖua nyã senyala siwo tso dukɔ bubuwo me va asi kpe ge ɖe Ðasefowo ŋu be woaʋli wo ɖokui ta la, eye woxe mɔ na wo be woagage ɖe dukɔa me azɔ o.

Le October 5, 2009 dzi la, dedzidɔwɔlawo zi Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo dzi le de si te ɖe St. Petersburg ŋu la dzi. Wota agbalẽawo le Germany, eye wotsɔ wo yina na hame gbogbo aɖewo le Russia hafi. Russia dedzidɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe si kpɔa nu siwo se meɖe mɔ be woatsɔ atso de o gbɔ lae ka agba la me. Nu ka tae? Agbalẽ aɖe si tso dziɖuɖua gbɔ gblɔ be “ɖewohĩ agbalẽ siwo ate ŋu ahe mawusubɔsubɔ me zitɔtɔwo vae lae le eme.”

Fuɖeɖe na Ðasefowo edziedzi alea va ɖo eƒe sesẽaƒe azɔ. Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔwo kpakple Altay Republic (si nye Russia ƒe akpa aɖe la) ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo tso nya me be Ðasefowo ƒe agbalẽ vovovowo, siwo dome esi xlẽm nèle fifia hã le la, dea dzi ƒo na amewo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu. Yehowa Ðasefowo tsɔ nyaa yi ʋɔnu be woagbugbɔ adrɔ̃, eye dukɔ bubuwo hã ƒo nu ɖe wo nu, gake gbeɖegbeɖea koe! Ʋɔnudrɔ̃ƒeawo ƒe nyametsotsowo gale dɔ wɔm, si wɔe be mele se nu be Ðasefoawo nadɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo tso duta ahama le Russia o.

Aleke Ðasefowo awɔ nui esi dziɖuɖua le agbagba dzem be yeagblẽ ŋkɔ nyui si le wo ŋu la ahaɖo asi woƒe dɔa dzi? Eye ŋusẽ kae Ʋɔnua ƒe nyametsotsowo akpɔ ɖe Russiatɔwo katã ƒe subɔsubɔblɔɖe dzi?

Ale Si Wotso Ðe Tsitretsiɖeŋua Ŋu Kpatae

Le Fiɖa, February 26, 2010 dzi la, Yehowa Ðasefo siwo ade 160,000 dze agbalẽvi tɔxɛ aɖe si ƒe tanyae nye Could It Happen Again? A Question for the Citizens of Russia (Ðe Wòagadzɔ Akea? Biabia Si Ŋu Wòle Be Russiatɔwo Nabu) la ƒe ɖekaɖeka miliɔn 12 mama gɔme le Russia godoo. Le kpɔɖeŋu me, le Siberia ƒe dugã Usol’ye-Sibirskoye me la, Ðasefo alafa geɖe do ɖe mɔdodowo dzi fɔŋli 5:30 hena agbalẽvia mama. Ame siwo woɖe aboyoe yi Siberia le ƒe 1951 me ɖe woƒe xɔse ta la dometɔ aɖewo hã nɔ wo dome. Yame fa miamiamia ɖo dzidzenu Celsius -40° gake wonɔ te ɖe enu henɔ agbalẽvi 20,000 si wode wo si la mam.

Be amewo nanya nu tso ŋkeke etɔ̃ ƒe agbalẽvimamadɔa ŋu la, Yehowa Ðasefowo wɔ takpekpe aɖe kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo le Russia ƒe dugã Moscow. Ame siwo wokpe wova ƒo nu la dometɔ ɖekae nye Aƒetɔ Lev Levinson, si nye amegã aɖe le Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi Dɔwɔƒea. Eƒo nu tso fuɖename kple yometiti manyatelenu si me Yehowa Ðasefowo to le Nazi Germany kple Soviet Union, kpakple ale si dziɖuɖua kɔ wo ŋui mlɔeba la ŋu kpuie. Egblɔ hã be: “Wogblɔ le Dukplɔla Yeltsin ƒe nyameʋuʋua me be subɔsubɔha siwo katã yome woti le Soviettɔwo ŋɔli la ŋuti kɔ tso nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la me. Eye wòde se be woagbugbɔ nu siwo woxɔ le wo si la ana wo. Nunɔamesi gobi aɖeke menɔ Yehowa Ðasefowo si le Soviet Union dziɖuɖua te o, gake wogada ŋkɔ nyui si nɔ wo ŋu la ɖe wo dzi.”

Gake amewo gadi be yewoagblẽ ŋkɔ nyui ma. Aƒetɔ Levinson gblɔ be: “Dukɔ si gblɔ be yewomewɔe nyuie o la kee le ame siawo yome tim dzodzro ake.”

Agbalẽvimamadɔa Ðe Kpe

Ðe agbalẽvimamadɔa te ŋu ɖo eƒe taɖodzinua gbɔa? Aƒetɔ Levinson gblɔ be: “Esi menɔ mɔ dzi gbɔna [nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe] takpekpea la, mekpɔ amewo le keteke me wole agbalẽvi sue siwo mam Yehowa Ðasefowo le le Russia godoo egbea la xlẽm. . . . Amewo nɔ anyi ɖe eŋu le exlẽm, eye woƒe susu le nu si xlẽm wole la ŋu hã.” * De dzesi esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

Nyɔnu tsitsi aɖe si le Moslemtɔwo ƒe nuto aɖe me le Russia titina la xɔ agbalẽvia hebia be nu ka ŋue wòku ɖo hã. Esi wogblɔ nɛ be eku ɖe amewo ƒe gomenɔamesiwo kple ablɔɖe le Russia ŋu la, ewɔ dɔ ɖe edzi wògblɔ be: “Azɔ ko, ame aɖe le nu ƒom tso nya siawo ŋu! Russia gale tɔtrɔm ɖo ta Soviet Union ƒe ɣeyiɣiwo me le go sia me. Akpe kakaka. Miawoe le dɔ nyui wɔm!”

Esi wole agbalẽvi sia tsɔm na nyɔnu aɖe le Chelyabinsk la, egblɔ be: “Mexɔ agbalẽvi sia hexlẽe xoxo. Mele mia dzi bliboe. Nyemegadze si subɔsubɔha aɖeke si aʋli eƒe xɔse ta le ɖoɖo nu nyuie alea gbegbe o. Ale si miedoa awui la dzea ŋunye, eye mieɖɔa ŋu ɖo ɣesiaɣi hã. Edze kɔtɛ be mieka ɖe miaƒe dzixɔsewo dzi ŋutɔŋutɔ. Ewɔ nam be Mawu li kpli mi.”

Le St. Petersburg la, wobia ŋutsu aɖe si gblɔ be yexlẽ agbalẽvia xoxo la be nu si wòxlẽ la dzɔ dzi nɛ hã. Eɖo eŋu be, “Ɛ̃. Esi menɔ exlẽm la, nye lãme ble fu, eye mefa avi gɔ̃ hã. Wowɔ fu mamanye [le Soviettɔwo ŋɔli], eye egblɔ nya geɖe nam tso ale si wowɔ nu ɖe gaxɔmenɔla bubuwo ŋui ŋu nam. Wo dometɔ geɖe nye nu vlo wɔlawo, gake ame aɖewo ya meɖi fɔ o evɔ wohede wo gaxɔ me le woƒe xɔse ta. Mekpɔe be ele be ame sia ame nanya nu si dzɔ, eya ta nu nyuitɔae nye ema wɔm miele.”

Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Russia?

Yehowa Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe ale si wokpɔ ablɔɖe aɖe si nu le Russia le ƒe blaeve siwo va yi la me ŋu. Ke hã, ale si ablɔɖe tea ŋu dona le ame si bɔbɔe la le nyanya me na wo nyuie. Nenye be ale si wole wo ŋu gblẽm fifia la nye dzesi be Russia agatrɔ ayi ɖe ameteteɖeanyi ƒe blukɔ ɣeyiɣiwo me loo alo manɔ nenema o hã la, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim ko hafi míanya.

Ke hã, Yehowa Ðasefowo ɖoe kplikpaa be nu ka kee ɖadzɔ o, yewoayi edzi aɖe gbeƒã Biblia ƒe ŋutifafa gbedeasi, si naa mɔkpɔkpɔ ame la. Agbalẽvi tɔxɛa ɖe woƒe tameɖoɖo kplikpaa la fia, si nye be: “Ameteteɖeanyia madze edzi o. Míadzudzɔ nuƒoƒo tso Yehowa Mawu kple eƒe Nya, Biblia ŋu ŋuɖɔɖotɔe le bubu me gbeɖe o. (1 Petro 3:15) Esime wonɔ ŋɔdzinuwo wɔm ɖe mía ŋu le Nazi Germany ƒe dziɖuɖu te la, míedzudzɔ o, esime wote amewo ɖe anyi ŋutasesẽtɔe le míaƒe dukɔa me la, míedzudzɔ o, eye fifia hã míadzudzɔ akpɔ o.—Dɔwɔwɔwo 4:18-20.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Moscow dze agbalẽvia mama gɔme gaƒoƒo aɖewo do ŋgɔ na nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe takpekpea wɔwɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Woɖe aboyo Vladimir Litvin (exɔ ƒe 81) yi Krasnoyarskiy Kray esime wòxɔ ƒe 14. Le Fiɖa ŋdi kanya la, exɔ ŋgɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le agbalẽvi tɔxɛa mama me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Nikolai Yasinski (exɔ ƒe 73) kpɔ gome le agbalẽvia mama me dzonɔamemetɔe. Ebia be, “Nyateƒee wònye be wogale mía yome ti ge ahaxɔ gome si le mía si be míasubɔ Yehowa la le mía si akea?”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Stepan Levitsky (exɔ ƒe 85) kple srɔ̃a, Yelena. Enɔ gaxɔ me ƒe ewo le esi wokpɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖeka le esi ta

 [Aɖaka si le axa 19]

Ŋkɔ Nyui Ƒe Ðaseɖigbalẽwo

Woɖe asi le Ðasefo siwo wolé de ga le Soviettɔwo ŋɔli la ƒe mamlɛtɔwo ŋu le ƒe 1990 me. Dzi dzɔ Yehowa Ðasefo akpe geɖe be wokɔ yewo ŋu, eye dziɖuɖua na agbalẽ wo si nye ɖaseɖiɖi be womenye “dukɔa ƒe futɔwo” o, ke boŋ be wonye ame maɖifɔwo. Woyɔa agbalẽ mawo be Ŋkɔ Nyui Ƒe Ðaseɖigbalẽwo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ðe Agbalẽ Siawo Dea Aglãdzedze Ƒe Dzi Ƒoa?

Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gblɔ be wodea dzi ƒo na amewo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu la ƒe ɖewoe nye esiawo

Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo * (etame)

Te Ðe Yehowa Ŋu

Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?

Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee *

Questions Young People Ask—Answers That Work, Babla 1 *

Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? *

Agbalẽ siawo kpena ɖe amewo ŋu wodea bubu Mawu kple eƒe Nya, Biblia ŋu. Wodea dzi ƒo na amewo be woawɔ woƒe nuŋububu ŋutete ŋu dɔ ahado dzixɔse kple xexemenunya siwo wofiaa wo la akpɔ nyuie. Ðe nèsusu be ele be woaɖo asi agbalẽ siawo dzi hafia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 36 Agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ vovovowo me nàte ŋu akpɔ axlẽ le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

^ mm. 39 Agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ vovovowo me nàte ŋu akpɔ axlẽ le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

^ mm. 40 Agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ vovovowo me nàte ŋu akpɔ axlẽ le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

^ mm. 41 Agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ vovovowo me nàte ŋu akpɔ axlẽ le Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Gbedeasi Sẽŋu Aɖe

Agbalẽvi si ƒe tanyae nye Could It Happen Again? A Question for the Citizens of Russia (Ðe Wòagadzɔ Akea? Biabia Si Ŋu Wòle Be Russiatɔwo Nabu) la ɖee fia amewo kɔtɛ be Yehowa Ðasefowo medzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋu o. Eɖe ɖekawɔwɔ si le nu si wɔm dziɖuɖua le fifia be yeagblẽ Yehowa Ðasefowo ŋu kple nudzɔdzɔ siwo na woti wo yome kutɔkutɔe le mɔ madzemadze nu le Soviettɔwo ŋɔli dome la fia kɔtɛ. Agbalẽvia de dzi ƒo na exlẽlawo be woayi Russiagbe me Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw-russia.org be woaxlẽ nu geɖe tso Yehowa Ðasefo siwo le Russia la ŋuti nya kple dɔ si wowɔna ŋu. Nya aɖe si Russia Dukplɔla Dmitri Medvedev gblɔ le dukɔa ƒe ŋkuɖodziwɔna si nye Ŋkeke Si Dzi Woaɖo Ŋku Ame Siwo Dziɖuɖua Te Ðe Anyi Dzi la hã dze le agbalẽvia me. * Togbɔ be Yehowa Ðasefowo mede ha le Soviettɔwo ŋɔli o hã la, wonɔ ame siwo Soviet dziɖuɖua te ɖe anyi vevie la dome.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

[Aɖaka si le axa 21]

Ŋkuɖoɖo Ame Siwo Wote Ðe Anyi La Dzi

Le wɔna aɖe, si Russiatɔwo tsɔ ɖoa ŋku ame siwo wote ɖe anyi le Soviet dziɖuɖua te dzi, si wogawɔ nyitsɔ laa me la, Dukplɔla Dmitri Medvedev gblɔ nya siawo:

“Egbeae nye Ŋkeke Si Dzi Woaɖo Ŋku Ame Siwo Dziɖuɖua Te Ðe Anyi Dzi. . . . Manya wɔ be míase ŋɔdzinu siwo gbegbe wowɔ le dukɔ bliboa me la gɔme o . . . Nutowo kple amewo ƒe ƒuƒoƒo blibowo tsrɔ̃ le dukɔa me. . . . Woti subɔsubɔhawo katã me tɔwo yome. [Ŋkuɖodziwɔna sia le yiyim na] ame miliɔn geɖe siwo wogblẽ agbe dome na la—womedrɔ̃ ʋɔnu wo hafi wu wo o, eye womewɔ woƒe ku ŋuti nuŋlɔɖi hã o; woɖe aboyo wo hekplɔ wo yi fuwɔamegaxɔwo me, eye wowɔ fu wo le dɔ si wowɔna kple afi si wotso ta ko. Wogblɔ ɖe ƒome blibowo ŋu be wonye ‘dukɔa ƒe futɔwo’ kple ‘wo dzi delawo.’ Mina míabu eŋu kpɔ ko: Ame miliɔn geɖe ku le ŋɔdzinuwɔwɔwo kple alakpanutsotsowo ta. Woxɔ woƒe gomenɔamesiwo katã le wo si, womeɖi wo bubutɔe gɔ̃ hã o. Wotutu woƒe ŋkɔ ɖa ƒe geɖewoe nye esia abe ɖe womenɔ anyi kpɔ o ene.

“Womate ŋu ado taflatsɛ aɖeke ɖe ameteteɖeanyi siawo ta o.”