Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KA TAE hadzila xɔŋkɔ aɖe dzudzɔ hadzidzi heva nɔ ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe Biblia me nyawo gbɔgblɔ na amewo ŋu? Eye nu kae kpe ɖe nu vlo wɔla aɖe si ŋu ʋɔnudrɔ̃la aɖe gblɔ le be mate ŋu atrɔ gbeɖe o la ŋu be wòva zu ame ɖɔʋu? Xlẽ ŋutinya siwo gbɔna be nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.

“Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o.”—ANTOLINA ORDEN CASTILLO

ƑE SI ME WODZII: 1962

DUKƆ SI ME WÒTSO: SPAIN

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: FEFEWƆLA KPLE HADZILA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le kɔƒe sue si woyɔna be Tresjuncos, si le La Mancha nutoa me la me. Míaƒe ƒomea dea agble. Danye nye Katolikotɔ, eye fofonye nye Protestanttɔ. Efiam be ele be made bubu Biblia ŋu; mekpɔnɛ wònɔa exlẽm edziedzi. Danye kplɔm de Katolikohaa me, eye mekplɔnɛ ɖo míedea Misa Kwasiɖa sia Kwasiɖa.

Esi mexɔ ƒe 15 la, meʋu le kɔƒea me yi ɖatsi nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ gbɔ le Madrid. Menɔ dzinyelawo susum ŋutɔ, gake mlɔeba la, dugãmenɔnɔ va dze eme nam. Esi mexɔ ƒe 17 la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ ɣleti ʋɛ aɖewo kple Spaintɔwo ƒe zarzuela aɖeEnye fefewɔha aɖe si me fefewɔlawo dzia ha heɖua ɣe le. Menɔ vivi sem nɛ ale gbegbe, eye meɖoe be mava nye fefewɔla. Medzudzɔ dɔsrɔ̃suku si dem menɔ la heva nɔ dɔ wɔm kple fefewɔha vovovowo. Ɣemaɣi la, xɔ̃nyewo dometɔ ɖeka nɔviŋutsu dze ahiãm. Dzi nɔ dzɔyem be mekpɔ dɔ nyui, ga, kple ame si lɔ̃m.

Menɔ hadziha vovovowo me hetsa le Spain godoo kpakple le dukɔ bubuwo, abe Colombia, Costa Rica, Ecuador, kple Venezuela ene me. Eye medzi ha kple hadziha xɔŋkɔ aɖe, si woyɔna be “La movida madrileña” la, ƒe fefewɔha vovovo siwo le Madrid. Ƒuƒoƒoawo dometɔ ɖeka si me menye hadzila vevitɔ le la kpɔ dzidzedze ŋutɔ.

Dɔa dze ŋunye, gake agbe gbegblẽ si wonɔna la medze ŋunye o. Gakpe ɖe eŋu la, meva nɔ dzi tsim fũu akpa ɖe nye dzedzeme kple bubu si anɔ ŋunye la ŋu. Metsri nuɖuɖu geɖe na ɖokuinye, eye medze dɔ siwo wɔe be nyemegatea ŋu ɖua nu nyuie o.

Nye taɖodzinu vevitɔe nye be mazu fefewɔla. Mlɔeba woxɔm ɖe Madrid Ƒe Fefewɔsuku la me. Wofia mí be ele be fefewɔlaa nadze agbagba akpɔ eɖokui le nɔnɔme si me ame si ƒe wɔƒe wɔm wòle la le me, eye wòase le eɖokui me abe eyama ene. Mekpɔe be esi metsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe la, nye seselelãmewo nu tsi. Nye seselelãmewo megatsoa ememe o, eye mezu ɖokuitɔdila.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Mekpɔe be ele be maku kutri hafi nɔnɔme nyuiwo nasu asinye. Gake nyemenya mɔ si dzi mato awɔ esia o. Eya ta meyi ɖadi kpekpeɖeŋu le gbɔgbɔha aɖe si mía kple dzinyelawo míede kpɔ le Madrid la me. Meyɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa hedo gbe ɖa nɛ.

Ema megbe kpuie la, Yehowa Ðasefo eve va gbɔnye le aƒe me hete Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Metsɔ dzo ɖe Biblia sɔsrɔ̃a ŋu, gake nyemelɔ̃ ɖe woƒe nufiafiawo dometɔ geɖe dzi o. Esther, si nye Ðasefo si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la, gbɔ dzi ɖi nam ŋutɔ. Wo kple eƒe ƒomea ɖe lɔlɔ̃ geɖe fiam, eye wowɔ nu ɖe ŋunye tufafatɔe. Meva te Ðasefowo ƒe kpekpewo dede, eye eteƒe medidi o mede dzesii be meke ɖe nyateƒe si dim menɔ la ŋu.

Medo le fefewɔwɔ ƒe sukua teti koe nye ema, eye dɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋu ɖi nam. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be makpɔ gome le fefe aɖe si woawɔ le fefewɔƒe xɔŋkɔ aɖe si le Madrid. Gake mekpɔe hã be be manye fefewɔla bibi la, ele be maƒo ɖokuinye ɖe fefewɔwɔ me bliboe. Eya ta mlɔeba medi dɔ bubu si akpe ɖe ŋunye be makpɔ vovo ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu geɖe wu. Metsɔ Yesu ƒe nya siawo nya vevii: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye mabu evelia ɖe naneke me o. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mateo 6:24) Nye ahiãvi si mía kpli míeli ƒe enyi la mekpɔ dzidzɔ ɖe nye mawusubɔsubɔ ŋu o, eya ta metso kadodo me kplii. Tɔtrɔ siawo dometɔ aɖeke wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Fifia mewɔa ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ si me meɖea modzaka na ametsitsiwo le. Esia wɔe be mekpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia fiafia ame siwo doa Arabgbe le nuto si me mele la ŋu. Ðe meku kutri geɖe hafi srɔ̃ gbe sia, ke hã, mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ esi mele nu nyui siwo mesrɔ̃ la ŋu nya gblɔm na Arabtɔ siawo siwo lɔ̃a amedzrowɔwɔ hedoa vevie mawusubɔsubɔ la.

Esi menɔ fefewɔwɔ srɔ̃m la, nyemekpɔ dzidzeme o, gake fifia ya taɖodzinu le nye agbe ŋu. Mekpɔe be Yehowa kpe ɖe ŋunye meva nye ame ɖɔʋu, eye mele dzidzɔ kpɔm wu tsã.

“Ʋɔnudrɔ̃laa ƒe nya meva eme ɖe dzinye o.”—PAUL KEVIN RUBERY

ƑE SI ME WODZII: 1954

DUKƆ SI ME WÒTSO: ENGLAND

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: NU VLO WƆLA SẼŊUTA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Dudley, si nye dugã aɖe si me adzɔhawo le le West Midlands. Tso nye ɖevime kee fofonye kpe ɖe ŋunye melɔ̃ agbalẽxexlẽ. Eƒã ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔmenu wɔnukuwo ŋu ɖe menye, gake egblɔ be ɖe nu mawo dzɔ le wo ɖokui si. Egblɔ nam be Mawu meli o. Ke hã, dzinyelawo nana medea Methodisttɔwo ƒe Kwasiɖagbe suku.

Esi mexɔ ƒe enyi la, mekpɔ nutoa me ŋutsuvi aɖewo wotɔ dzo tɔdziʋu aɖe. Kpovitɔwo va, gake esi menɔ vɔvɔ̃m ta la, nyemete ŋu gblɔ nu si dzɔ la na wo o. Ŋutsuviawo do ŋɔdzi nam be magagblɔe o. Setɔwo bu fɔm madzemadzee ɖe ɖevi mawo ƒe nu vlo wɔwɔa ta, si wɔe be mebi dzi. Eya ta megblẽ nuwo le sukuwo, sɔlemexɔwo, kple adzɔnuwɔƒewo ŋu, eye nu siwo dome megblẽ la ade dɔlar akpe geɖe. Kaka maxɔ ƒe ewo la, megena ɖe aƒewo kple fiasewo me fia nuwo. Dzotɔtɔ nuwo va nɔ dzi dzɔm nam, eye metɔ dzo nu geɖewo hã. Nye sukunufialawo gblɔ be menye vi dzeaglã si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o.

Esi mexɔ ƒe 12 la, meke ɖe afakagbalẽ aɖe ŋu, eye mewɔ afakaʋuƒo aɖe na ɖokuinye. Esi dzinyelawo mexɔ Mawu dzi se o ta la, wosusui be gbɔgbɔyɔyɔ nye dzidzɔdonamenu si magblẽ naneke le ŋunye o, si ana be nyemadze nya me o. Ke hã, kaka mado le suku la, medo ɖe afi si wodrɔ̃a ʋɔnu ɖeviwo le la zi gbɔ zi geɖe. Mege ɖe nu vlo wɔha aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be takokolikoetɔwo la me. Lãnu siwo metsɔna ɖe asi lae nye taluhɛ kple gasɔ ƒe kɔsɔkɔsɔ. Mekpɔ dɔ aɖe, gake ege le asinye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, elabena wolém de ga ɣeyiɣi aɖe. Esi woɖe asi le ŋunye la, mede asi nuwo dome gbegblẽ me ake, eye wogalém de ga ƒe eve. Ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ be nyemate ŋu atrɔ gbeɖe o, eye be fu ko ɖem mele na amewo.

Esi woɖe asi le ŋunye la, megawɔ ɖeka kple Anita, si nye nye ahiãvi kpɔ la. Míeɖe mía nɔewo, eye nyemegafi fi alo wɔ nu gbegblẽ aɖeke o hena ɣeyiɣi aɖe. Gake le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, megade asi nu vlo wɔwɔ me. Medzea amewo dzi le dɔwɔƒewo hefia woƒe ga. Meva nɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm henɔ aha tsu nom, eye metsɔa tu ɖe asi. Mlɔeba wogalém de gaxɔ me ake.

Nye agbenɔnɔ na be nu te ɖe Anita dzi vevie. Ðɔkta si kpɔ egbɔ la ŋlɔ atike siwo ana eƒe susu nadze akɔ anyi la nɛ, gake egblɔ nɛ be nu si koŋ wòle be wòawɔe nye be wòagbe atsu. Gbɔnye nyo ŋutɔ be mewɔ ɖe ɖɔktaa ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi míeɖe srɔ̃ megbe teti la, Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kple Anita ɣeyiɣi kpui aɖe. Emegbe esi menɔ gaxɔ me zi mamlɛtɔ la, Ðasefowo gava egbɔ. Nanetɔe la, gbe si gbe wogava srɔ̃nye gbɔ lae medo gbe ɖa na Mawu gblɔ bena, “Ne èli vavã la, ekema ɖee fiam be èli.”

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe tso esi woɖe asi le ŋunye la, meyi nunɔlateƒenɔla aɖe gbɔ be wòasrɔ̃ Biblia kple mía kple Anita. Egblɔ be nu si yeafia mí koe nye hakplɔɖoɖowo kple gbe aɖe dodo ɖa.

Emegbe meva te Biblia xexlẽ. Ewɔ nuku nam be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. (5 Mose 18:10-12) Emegbe mekpɔ Gbetakpɔxɔ aɖe si Ðasefowo tsɔ na Anita le ŋkeke si medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye dzi la. Nu si mexlẽ le eme la ʋãm medi Ðasefowo yome mɔ.

Medzɔ dzi na míaƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple nye nuvlowɔhatiwo be Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí o. Ame aɖewo gblɔ be wole nye susu trɔm. Le nyateƒe me la, dɔ geɖe li wòle be woawɔ le nye susu ŋu vavã. Gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ ŋunye fũu, nye dzitsinya ku atri, eye tsɔ kpe ɖe nu vlo wɔwɔ bubuwo ŋu la, menoa atama ɖekaɖeka 60 gbe sia gbe. Ðasefo siwo srɔ̃ Biblia kpli mí kpakple esiwo míede ha kplii le hamea me la gbɔ dzi ɖi na mí henyo dɔme na mí ŋutɔ. Mlɔeba meɖe asi le nye numame gbegblẽawo katã ŋu.—2 Korintotɔwo 7:1.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Mía kple Anita míeɖe mía nɔewo ƒe 35 ye nye esia. Mía viwo dometɔ ɖeka kple mía tɔgbiyɔvi eve hã va le Yehowa subɔm. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, mía kple Anita míezã ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo ŋu.

Yehowa Mawu subɔsubɔ wɔe be taɖodzinu le míaƒe agbe ŋu, eye míele míaƒe ŋutetewo zãm ɖe nu siwo ŋu viɖe le la ŋu. Le ƒe 1970 me la, ʋɔnudrɔ̃la aɖe gblɔe le ʋɔnu be nyemate ŋu atrɔ gbeɖe o. Gake to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la, meɖee fia be ʋɔnudrɔ̃laa ƒe nya meva eme ɖe dzinye o.