Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa Enye Kplɔlanye”

“Yehowa Enye Kplɔlanye”

Te Ðe Mawu Ŋu

“Yehowa Enye Kplɔlanye”

KPƆ nɔnɔmetata si le axa sia ɖa. Ède dzesi ale si alẽ sia le dedie le alẽkplɔlaa ƒe abɔdomea? Le Psalmo 23 lia me la, Biblia zã alẽkplɔla kple eƒe alẽ tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ale si Yehowa léa be na esubɔlawoe. Abe ale si hakpalaa se le eɖokui me ene la, edi be míawo hã míase le mía ɖokui me be míele dedie, bene míatsɔ dzideƒo agblɔ be: “Yehowa enye kplɔlanye.” *Kpukpui 1.

Psalmo sia ŋlɔla, David, nye alẽkplɔla esime wònye ɖekakpui. Enya nu si alẽwo hiã na kpakple agba si le alẽkplɔla dzi. Esi David kpɔ ale si Yehowa lé be nɛ la, ekpa ha si wova yɔ be “kaka ɖe Mawu dzi alo ŋuɖoɖo ɖe eŋu ƒe psalmo.” Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, dze le psalmo sia ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu. (Kpukpui 16) Le kpukpui mamlɛawo me la, woƒo nu tso mɔ etɔ̃ siwo nu Yehowa léa be na eƒe amewo abe ale si alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwo ene la ŋu.—Psalmo 100:3.

Yehowa kplɔa eƒe alẽwo. Ne kplɔla mele alẽwo nu o la, wobuna. Nenema kee míawo hã míehiã na kpekpeɖeŋu be míato mɔ nyuitɔ dzi le agbe me. (Yeremiya 10:23) David gblɔ tso Yehowa ŋu be ekplɔa eƒe amewo yia “lãnyiƒe damawo,” eye wònana wotsyɔa akɔ ɖe “gbɔɖemeƒe tɔwo nu.” Ekplɔa wo toa “toƒe dzɔdzɔewo.” (Kpukpui 23) Ale si hakpalaa ɖɔ nuwo nyuie alea la ka ɖe edzi na mí be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Ne míewɔ Mawu ƒe mɔfiame siwo le Biblia me dzi la, míate ŋu anɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le, eye míanɔ dedie.

Yehowa kpɔa eƒe alẽwo ta. Ne alẽkplɔla meli o la, alẽawo vɔ̃na, eye wometea ŋu kpɔa wo ɖokui ta o. Yehowa le egblɔm na eƒe amewo be ne wozɔ “bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me,” si fia ɣeyiɣi si me wòdze abe mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo le agbe me ene gɔ̃ hã la, mele be woavɔ̃ o. (Kpukpui 4) Yehowa ƒe ŋku nɔa wo ŋu, enɔa klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe wo ŋu. Ate ŋu ana esubɔlawo nunya kple ŋusẽ si wohiã na bene woate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔwo nu.—Filipitɔwo 4:13; Yakobo 1:2-5.

Yehowa nyia eƒe alẽwo. Alẽwo ɖoa ŋu ɖe woƒe kplɔla ŋu be wòadi nuɖuɖu na yewo. Gbɔgbɔmenuwo hiã mí, eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me koe míate ŋu akpɔ hiahiã siawo gbɔ. (Mateo 5:3) Dzidzɔtɔe la, Yehowa nye Nunala dɔmenyotɔ si ɖoa kplɔ̃ gã na esubɔlawo. (Kpukpui 5) To Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo abe esi xlẽm nèle ene dzi la, míekena ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si kpena ɖe mía ŋu míenyana taɖodzinu si le agbea ŋu kpakple Mawu ƒe tameɖoɖo na mí.

David se le eɖokui me be yele dedie, elabena enya be ne yele Yehowa, yeƒe Alẽkplɔla si le dziƒo la, ŋu kplikplikpli la, alé be na ye lɔlɔ̃tɔe le yeƒe “agbe me ŋkekewo katã me.” (Kpukpui 6) Èdi be ye hã yeanɔ dedie nenema? Ekema srɔ̃ ale si nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Esia ana nàse le ɖokuiwò me be yele dedie le Alẽkplɔla Gã, si kplɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ, eye wòkpɔa wo ta henyia wo la, ƒe abɔdome.—Yesaya 40:11.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le May me:

Hiob 38Psalmo 25

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Mawunyakpukpui sia ƒe gɔmeɖeɖe si ame geɖe nyae nye “AƑETƆ la enye kplɔlanye.” Ne èdi be yeanya nu si tae Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo mezã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa o la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 195-197. Yehowa Ðasefowoe tae.