Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

1 Míate Ŋu Ase Mawu Gɔme O—Nyateƒeea?

1 Míate Ŋu Ase Mawu Gɔme O—Nyateƒeea?

1 Míate Ŋu Ase Mawu Gɔme O—Nyateƒeea?

Ðewohĩ èse wogblɔ be: “Mawu ƒe mɔwo gɔme manya se o.”

“Womate Ŋu Ase Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Gɔme O.”—Etso agbalẽ si nye Atanasio Ƒe Xɔsemeʋuʋu me, ku ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe dzixɔse si Kristodukɔa ƒe sɔleme geɖe fiana la ŋu.

Nu si Biblia fia: Yesu gblɔ be woayra ame siwo le “Mawu vavã ɖeka la . . . ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3) Ke aleke míawɔ adze si Mawu ne manya wɔ be míase eya amea gɔme o? Mawu meɣlaa eɖokui o, ke boŋ edi be ame sia ame nadze si ye.—Yeremiya 31:34.

Edze ƒãa be míate ŋu anya nu sia nu tso Mawu ŋu o, elabena eƒe susuwo kple eƒe mɔwo kɔ boo wu mía tɔ.—Nyagblɔla 3:11; Yesaya 55:8, 9.

Ale si nyateƒea nyanya aɖe vi na wò: Ne Mawu nye ame si gɔme womate ŋu ase kura o la, ke nu ka tae wòahiã be míadze agbagba be míadze sii? Ke hã, menye ɖeko wònana míedzea sii o, ke enana míetena ɖe eŋu kplikplikpli hã. Mawu yɔ nuteƒewɔla Abraham be “xɔ̃nye,” eye Israel Fia David ŋlɔ bena: “Yehowa bɔa ha kple ame siwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.”—Yesaya 41:8; Psalmo 25:14.

Ðe wòwɔna na wò be ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu manya wɔ oa? Ðewohĩ àsusui nenema, ke hã, de dzesi nya si wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 17:27. Afi ma gblɔ be: “[Mawu] mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” Le mɔ ka nu? Mawu to Biblia dzi ɖe nu siwo ana míadze sii nyuie la fia mí. *

Ena míenya be yeƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Yesaya 42:8) Ena wowɔ ale si wòwɔ nu ɖe amegbetɔwo ŋui va yi la ŋuti nuŋlɔɖiwo ale be míanya Ame si wònye. Gawu la, Mawu ɖe ale si wòsena le eɖokui me la fia mí. Enye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (2 Mose 34:6) Míaƒe nuwɔnawo wɔa dɔ ɖe Mawu ƒe seselelãme dzi. Le kpɔɖeŋu me, blema Israel viwo ‘do dziku na’ Mawu esi wodze aglã ɖe eŋu, ke hã, ne amewo wɔ nu le nunya me heɖo toe la, dzi dzɔnɛ.—Psalmo 78:40; Lododowo 27:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nu si Biblia gblɔ tso Mawu ŋu la, xlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 1. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Ne Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃ aɖe si gɔme womate ŋu ase o la, ke aleke gɔ̃ míawɔ adze sii?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Mawuɖekaetɔ̃, ƒe 1500 lɔƒo, Flemish School, (ƒe alafa 16 lia) / H. Shickman Gallery, New York, USA/The Bridgeman Art Library International