Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

3 Mawu Melɔ̃a Tsɔtsɔke O—Nyateƒeea?

3 Mawu Melɔ̃a Tsɔtsɔke O—Nyateƒeea?

3 Mawu Melɔ̃a Tsɔtsɔke O—Nyateƒeea?

Ðewohĩ èse wogblɔ be: “Mawu ƒe susu nɔa nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ si wowɔ ɖe eŋu la ŋu, eye wòwɔa fu ame tegbee le dzo mavɔ me.”

“Mawu hea to na nu vɔ̃ wɔlawo to dzɔdzɔmefɔkuwo dzi.”

Nu si Biblia fia: Wogblɔ le 2 Petro 3:9 be Yehowa “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ.” Menye míaƒe vodadawo ŋue eƒe susu nɔna o, ke boŋ míaƒe nyuiƒewoe. Mawu ƒe “ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—2 Kronika 16:9.

Dzo mavɔ ƒe nufiafia la metso Biblia me o. Fuwɔwɔ ame tegbee nye ŋunyɔnu si mevaa ta me na Mawu o. To sesẽtɔ si wòhena na ame vɔ̃ɖiwo ye nye be eɖea woƒe agbe ɖa. (Yeremiya 7:31; Romatɔwo 6:7) Ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa kuna le dzɔdzɔmefɔkuwo me, eya ta menye Mawue nana wodzɔna o, ke boŋ wonye nu siwo ate ŋu aɖi ɖe ame sia ame.—Nyagblɔla 9:11.

Ale si nyateƒea nyanya aɖe vi na wò: Ne míenya be Mawu ‘lɔ̃a tsɔtsɔke’ eye mebua fɔ ame kabakaba o la, anɔ bɔbɔe na mí be míate ɖe eŋu kplikplikpli. (Psalmo 86:5) Eya ta míaƒe dzitsinya manɔ fɔ bum mí esi míele esubɔm o, eye míasubɔe le vɔvɔ̃ na tohehe ta o. Ke boŋ susu nyuitɔ kekeake si ta wòle be míasubɔ Yehowa la tae míanɔ esubɔm ɖo, si nye lɔlɔ̃ si le mía si nɛ. Lɔlɔ̃ sia ado ŋusẽ mí míawɔ míaƒe ŋutete katã be míadze eŋu.—Mateo 22:36-38; 1 Yohanes 5:3.

Togbɔ be Mawu di be ame sia ame nawɔ nu nyui hã la, enya be ame geɖe li siwo matrɔ ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu gbeɖe o. Ne metso ɖe ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ŋu o la, ke ɖeko wòasɔ kple dziɖula si dea se gake mekpɔa egbɔ be amewo le wo dzi wɔm o, si ana be nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe nanɔ anyi ɖaa. (Nyagblɔla 8:11) Enyanya be Mawu maɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye nayi edzi tegbee o la nana míekana ɖe edzi be etsɔme nyui le ŋgɔ. Mawu do ŋugbe be yeava tsrɔ̃ ame siwo katã gbe be yewomadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ o la ɖa, bene ‘ame fafawo’ nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea mee ene.—Psalmo 37:10, 11, 29. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso ale si Mawu ava trɔ anyigba wòazu paradiso ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 kple 8 lia.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ðe Mawu di be míasubɔ ye le vɔvɔ̃ na tohehe ta?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]

Doré ye tae