Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

4 Mawu Ƒe Mɔwo Medzɔ O—Nyateƒeea?

4 Mawu Ƒe Mɔwo Medzɔ O—Nyateƒeea?

4 Mawu Ƒe Mɔwo Medzɔ O—Nyateƒeea?

Ðewohĩ èse wogblɔ be: “Mawu si mee xexea le, eya ta nu sia nu si dzɔna la nye eƒe lɔlɔ̃nu. Eye esi wònye be ameŋkumekpɔkpɔ, madzɔmadzɔnyenye, kple teteɖeanyi bɔ ɖe xexea me ta la, ke Mawu gbɔe nu siawo anya tso.”

Nu si Biblia fia: Menye Mawu gbɔe xexe sia me nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo tso o. Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ.”—5 Mose 32:4.

Mawu wɔa nyui na amewo katã, ame siwo medze nɛ o la gɔ̃ hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, “enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:45) Mekpɔa ame ŋkume le afi si wotso alo ame si ƒomevi wonye ta o. Esia wɔ ɖeka kple Dɔwɔwɔwo 10:34, 35 si gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”

Ekema nu ka gbɔe wòtso be nu madzɔmadzɔ wɔwɔ li? Le esi teƒe be amewo nasrɔ̃ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la, wotiae be yewoanye nuteƒemawɔlawo. (5 Mose 32:5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ɖee fia be Mawu ɖe mɔ na eƒe futɔ, Abosam, be wòakpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi. * (1 Yohanes 5:19) Ke hã, Mawu ana Abosam ƒe dziɖuɖu madzɔmadzɔ la nu nayi kpuie. Eɖo nu si dzi wòato ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me’ la anyi xoxo.—1 Yohanes 3:8.

Ale si nyateƒea nyanya aɖe vi na wò: Ðewohĩ nu fitifiti wɔwɔ, teteɖeanyi, kple madzɔmadzɔnyenye ŋuti nyadzɔdzɔ gbogbo siwo sem nèle gbeawotsyogbe la wɔa nuku na wò. Ne ènya nu si gbɔ nu siawo tso la, àse nu si tae nɔnɔmeawo gblẽ alea gbegbe kpakple nu si tae agbagba siwo katã dzem amewo le be yewoana nuwo nanyo wu le xexea me la medzea edzi gbe aɖeke gbe o ɖo la gɔme nyuie. (Psalmo 146:3) Le esi teƒe be nàzã wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ anɔ agbagba dzem be yeaɖɔ nuwo ɖo, evɔ madze edzi o, alo ne adze edzi hã la, anye ɣeyiɣi kpui aɖe ko teƒe la, àte ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na etsɔme nyui, le esi nèxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se ta.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Nu si gbɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tso la nyanya ɖea vi, vevietɔ ne míawo ŋutɔwo alo míaƒe ame vevi aɖe ɖo xaxa me. Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, míawo hã míate ŋu afa konyi abe ale si mawusubɔla Xabakuk wɔe ene esi wògblɔ be: “Se la ŋuti nufiafia me gbɔdzɔ, eye nuteƒewɔwɔ megadona ɖe gota o.” (Xabakuk 1:4) Mawu mehe to na Habakuk ɖe nya mawo gbɔgblɔ ta o. Ke boŋ eka ɖe edzi na esubɔla Habakuk be yeava ɖɔ nuwo ɖo le yeƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi, eye wòkpe ɖe eŋu be wòkpɔ dzidzɔ le xaxaɣi. (Xabakuk 2:2-4; 3:17, 18) Eya ta ne wò hã èka ɖe ŋugbe si Mawu do be yeava ɖe madzɔmadzɔnyenye ɖa dzi la, esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzeme kple tomefafa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe xexe sia me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ale si wòdzɔe be Abosam va li ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Mawu gbɔe fukpekpe kple madzɔmadzɔnyenye tso vavã?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]

© Sven Torfinn/Panos Pictures