Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

5 Ne Tadeagua Tso Dzi Me Ko La, Adze Mawu Ŋu—Nyateƒeea?

5 Ne Tadeagua Tso Dzi Me Ko La, Adze Mawu Ŋu—Nyateƒeea?

5 Ne Tadeagua Tso Dzi Me Ko La, Adze Mawu Ŋu—Nyateƒeea?

Ðewohĩ èse wogblɔ be: “Abe ale si ko nàte ŋu ato mɔ vovovowo dzi aɖo afi si yim nèle ene la, nenema kee woate ŋu ato mɔ vovovowo dzi ate ɖe Mawu ŋu. Ame sia ame kple mɔ si dzi wòato ate ɖe Mawu ŋu.”

Nu si Biblia fia: Ele be míaƒe tadedeagu natso dzi me, mele be wòanye ameŋkumenuwɔwɔ alo alakpanuwɔwɔ o. Yesu ɖe nu si tae Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli ŋu o la me ale: “Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti, mi alakpanuwɔlawo, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: ‘Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.’” (Marko 7:6) Ke hã, menye tadedeagu na Mawu le anukware me koe ana míaƒe subɔsubɔ nadze eŋu o.

Yesu na nya sia me kɔ esi wòklo nu le nu si tututu gblẽ le subɔsubɔhakplɔla mawo kpakple wo yome dzelawo ƒe tadedeagu ŋu la dzi. Etu eƒe nyawo ɖe nya si Mawu gblɔ dzi be: “Dzodzroe woyi edzi le subɔyem, elabena nufiafia siwo nye amegbetɔwo ƒe sededewo ye wofiana.” (Marko 7:7) Woƒe tadedeagua nye ‘dzodzro,’ alo tofloko, elabena woƒe subɔsubɔkɔnyinyiwo nɔ vevie na wo wu Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ.

Biblia meda asi ɖe nufiafia si nye be mɔ vovovowo li siwo dzi míate ŋu ato ate ɖe Mawu ŋu la dzi o, ke boŋ egblɔ be mɔ ɖeka koe li. Mateo 7:13, 14 gblɔ be: “Miyi ɖe eme to agbo bii la nu; elabena mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la keke hele gbadzaa, eye ame geɖewoe nye ame siwo le edzi yina ɖe eme; gake agbo la le biie, eye mɔ si kplɔa ame yia agbe me la xaxa, eye ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo kpɔnɛ.”

Ale si nyateƒea nyanya aɖe vi na wò: Tsɔe be èdzra ɖo ɖe duɖimekeke aɖe ŋu ɣleti geɖe, ke esi mieƒu dua, eye nèlé gbã la, wogblɔ na wò be woɖe wo le eme, elabena èda le se aɖe dzi le manyamanya me. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Awɔ na wò be wò agbagbadzedzewo katã nye dzodzro. Ðe nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le Mawu subɔsubɔ gomea?

Esi apostolo Paulo tsɔ míaƒe tadedeagu nɔ sɔsɔm kple hoʋiʋli la, eŋlɔ bena: “Ne ame aɖe le gome kpɔm le hoʋiʋliawo me la, womeɖɔa dziɖuɖukuku nɛ o, negbe ɖeko wòʋli ho la le ɖoɖoawo nu hafi.” (2 Timoteo 2:5) Ne míede ta agu na Mawu “le ɖoɖoawo nu,” si fia be le mɔ si dze eŋu nu ko hafi míaƒe nu adze eŋu. Abe ale si ko duɖimekela mate ŋu aƒu du ato afi sia afi si wòdi eye wòanɔ mɔ kpɔm be yeakpɔ dziɖuɖu o ene la, nenema kee menye míawo ŋutɔwoe atia mɔ si dzi míato ate ɖe Mawu ŋu o.

Be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míaƒe subɔsubɔ ŋu nakɔ tso Mawu ŋuti alakpanyawo me. Yesu gblɔ be: ‘Nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’ (Yohanes 4:23) Mawu ƒe Nya, Bibliae, fiaa mɔ nyuitɔ si dzi míato ate ɖe Mawu ŋu la mí.—Yohanes 17:17. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso tadedeagu si dzea Mawu ŋu ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 15 lia.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Ðe subɔsubɔhawo katã fiaa amewo be woade ta agu na Mawu le mɔ si wòdi nua?