Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Asi Ate Ŋu Atu “Sidzedze Mawu”

Wò Asi Ate Ŋu Atu “Sidzedze Mawu”

Te Ðe Mawu Ŋu

Wò Asi Ate Ŋu Atu “Sidzedze Mawu”

KESINƆNU xɔasi aɖe le Yehowa Mawu si na mí, eye enye eƒe didi vivie be míadii ake ɖe eŋu. Kesinɔnu sia menana ame zua kesinɔtɔ le ŋutilã me o, ke boŋ enana nu bubu aɖewo siwo womate ŋu atsɔ xexea me gawo katã gɔ̃ hã aƒle o la sua ame si. Woawoe nye tomefafa, dziɖeɖi, kple dzidzeme. Nu kae nye kesinɔnu sia? Nunyala Fia Salomo ƒe nya siwo dze le Lododowo 2:1-6 la akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

Salomo gblɔ be kesinɔnu mae nye “sidzedze Mawu,” si fia nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu siwo dze le Biblia me. (Kpukpui 5) Kesinɔnu sia le akpa vovovowo me.

Nufiafia siwo le eteƒe. Biblia ɖo biabia aɖewo abe esiawo ene ŋu: Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? (Psalmo 83:19) Nu kae dzɔna ɖe ame dzi le ku megbe? (Psalmo 146:3, 4) Nu ka tae míele afi sia ɖo? (1 Mose 1:26-28; Psalmo 115:16) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ame si kpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi mawo la ke ɖe nu xɔasi aɖe ŋu oa?

Aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le. Biblia fia mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo la mí. Nu kae nàwɔ be wò srɔ̃ɖeɖe nali ke? (Efesotɔwo 5:28, 29, 33) Aleke nàhe viwòwo be woava nye ame ɖɔʋuwo? (5 Mose 6:5-7; Efesotɔwo 6:4) Aleke nàwɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me? (Mateo 5:3; Luka 11:28) Míagabia ake be, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be asixɔxɔ le nya mawo ƒe ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le la ŋu ŋutɔ oa?

Eɖe ale si Mawu le, kpakple eƒe amenyenye fia. Biblia me koŋue míakpɔ Mawu ŋuti nyateƒenyawo le. Aleke Mawu le? (Yohanes 1:18; 4:24) Ðe wòtsɔ ɖe le eme na mía? (1 Petro 5:6, 7) Eƒe nɔnɔme ɖedzesiawo dometɔ aɖewo ɖe? (2 Mose 34:6, 7; 1 Yohanes 4:8) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be asixɔxɔ le mía Wɔla la ŋuti nyateƒea nyanya ŋu ŋutɔ oa?

Ɛ̃, “sidzedze Mawu” nye kesinɔnu xɔasi vavã. Nu kae nàwɔ be wò asi natui? Lododowo ta 2 kpukpui 4 lia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Le afi ma la, Salomo tsɔ sidzedze ma sɔ kple “kesinɔnu, si le to me.” Bu nya sia ŋu kpɔ: Míate ŋu anɔ anyi naneke mawɔmawɔe ko kesinɔnu si le to me la nava su mía si o. Ele be míadii hafi ake ɖe eŋu. Aleae wòle le sidzedze Mawu hã gome. Biblia mee míakpɔ kesinɔnu, si nye sidzedze Mawu, la le. Hafi míake ɖe eŋu la, ebia kutrikuku.

Salomo ɖe nu si wòle be míawɔ be míaƒe asi natu “sidzedze Mawu” la me. Nyagbe siwo nye “ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe” kple ‘bi wò dzi’ la fia be ele be dzi nyui nanɔ mía si. (Kpukpui 1, 2) Nyagbe siwo nye “ne èyɔ,” “ne èdii,” kple ‘di eyome mɔ’ la fia be ele be míaku kutri ahalé fɔ ɖe nu ŋu. (Kpukpui 3, 4) Eya ta be kesinɔnua nasu mía si la, ele be míasrɔ̃ Biblia kutrikukutɔe, eye míawɔ esia kple dzi nyui.—Luka 8:15.

Ne míelé fɔ ɖe nu ŋu alea la, Yehowa hã awɔ susɔea. Kpukpui 6 lia gblɔ be: “Yehowa naa nunya.” Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me koe míate ŋu ase Biblia me nyateƒewo gɔme nyuie. (Yohanes 6:44; Dɔwɔwɔwo 16:14) Àte ŋu aka ɖe nya sia dzi: Ne èdzro Mawu ƒe Nyaa me anukwaretɔe la, wò asi atu “sidzedze Mawu,” eye kesinɔnu sia ana agbea nadze edzi na wò ale gbegbe be gbɔgblɔ manɔ eŋu o.—Lododowo 2:10-21. *

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le October me:

Lododowo 1-21

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Le xexea me godoo la, Yehowa Ðasefowo wɔa aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame siwo di be yewoase Biblia gɔme la femaxee. Míade dzi ƒo na wò be nàte ɖe Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 4 lia nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo.