Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?

Nu Kae Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Nu Kae Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?

Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Be dzidzɔ nanɔ ƒomea me la, nu ka tae wòle be atsu kple asi naɖe wo nɔewo?

Yehowa, Mawu dzidzɔtɔ, lae wɔ ɖoɖo be ŋutsu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo. Esia le vevie be dzidzɔ nanɔ ƒomea me, elabena menye ɖeko wodoa evelia na wo nɔewo o, ke enana nɔnɔmeawo sɔna nyuie na ɖeviwo nyinyi hã. Aleke Mawu bua srɔ̃ɖeɖee? Edi be atsu kple asi naɖe wo nɔewo le se nu, eye srɔ̃ɖeɖea nanɔ anyi ɖaa. (Luka 2:1-5) Mawu di be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ nuteƒe na wo nɔewo. (Hebritɔwo 13:4) Ne Kristotɔ aɖe srɔ̃ wɔ ahasi la, eya ko hafi Yehowa ƒe se ɖe mɔ be wòate ŋu agbee ahaɖe bubu.—Xlẽ Mateo 19:3-6, 9.

2. Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui?

Yehowa wɔ ŋutsu kple nyɔnu be woanye kpeɖeŋutɔ na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖea me. (1 Mose 2:18) Esi wònye srɔ̃ŋutsue nye eƒe ƒomea ƒe ta ta la, ele be wòaxɔ ŋgɔ le ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ, kpakple nufiafia wo tso Mawu ŋu me. Ele be wòaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a. Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu. Esi wònye be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo siaa mede blibo o ta la, ele be woasrɔ̃ ale si woatsɔ ake wo nɔewo. Esia le vevie bene dzidzɔ nanɔ ƒomea me.—Xlẽ Efesotɔwo 4:31, 32; 5:22-25, 33; 1 Petro 3:7.

3. Ðe wòle be nàklã le srɔ̃wò gbɔ ne dzidzɔ mele srɔ̃ɖeɖea me oa?

Ne kuxiwo ɖo mia kple srɔ̃wò dome la, midze agbagba miawɔ nu ɖe mia nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ me. (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Mawu ƒe Nya la medea dzi ƒo be woaklã atsɔ akpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gbɔe o. Ke hã, le kuxi sesẽ aɖewo gome la, ahiã be Kristotɔ natso nya me nenye be asɔ be wòaklã le srɔ̃a gbɔ.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:10-13.

4. Ðeviwo, aleke Mawu di be nuwo nanɔ na mi?

Yehowa di be miakpɔ dzidzɔ. Mɔfiame nyuitɔ kekeake si ana nàkpɔ dzidzɔ la tso egbɔ. Edi be nàɖo to dziwòlawo, bene nunya kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si la naɖe vi na wò hã. (Kolosetɔwo 3:20) Yehowa dea asixɔxɔ nu sia nu si nèwɔna be nàtsɔ akafui la ŋu.—Xlẽ Nyagblɔla 11:9–12:1; Mateo 19:13-15; 21:15, 16.

5. Dzilawo, nu kae ana mia viwo nakpɔ dzidzɔ?

Ele be miawɔ dɔ sesĩe adi nuɖuɖu, mlɔƒe, kple nudodowo na mia viwo. (1 Timoteo 5:8) Gake be mia viwo nakpɔ dzidzɔ la, ele vevie hã be miafia wo be woalɔ̃ Mawu ahasrɔ̃ nu tso egbɔ. (Efesotɔwo 6:4) Ne mienye kpɔɖeŋu na ɖeviawo le Mawu lɔlɔ̃ me la, nu siwo fiam miele wo la ade dzi gbɔ na wo. Ne mietu nu siwo miefiaa mia viwo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi la, esia ate ŋu ana woanye ame ɖɔʋuwo.—Xlẽ 5 Mose 6:4-7; Lododowo 22:6.

Nu nyuiwo ado tso eme na ɖeviawo ne miedea dzi ƒo na wo hekafua wo. Wohiã na ɖɔɖɔɖo kple tohehe hã. Hehe sia kpena ɖe wo ŋu be womeva nɔa agbe si ate ŋu ana woase veve o. (Lododowo 22:15) Ke hã, mele be wòadzɔ gbeɖe be woahe to na wo tagbɔsesẽtɔe o.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:21.

Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be wòakpe ɖe dzilawo kple wo viwo ŋu. Biblia dzie wotu wo me nyawo ɖo.—Xlẽ Psalmo 19:7, 11.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 14 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.