Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

ESTER dze agbagba be yealé dzi ɖe ƒo esime wòte ɖe Susa fiasã la ƒe xɔxɔnu. Menɔ bɔbɔe nɛ o. Wotrɔ asi le fiasã la ƒe akpa sia akpa ŋu be wòana ame sia ame si age ɖe eme la nakpɔ ŋusẽ si gbegbe le ame si gbɔ Ester yina, si yɔa eɖokui be “fia gã la,” si. Wotsɔ nyitsu toaʋalawo kple aŋutrɔdalawo ƒe kpetata siwo le amadede vovovowo me, kple glikpe zɔzrɔe siwo dzi dzata ƒe nɔnɔmewɔwɔwo le la ɖo atsyɔ̃ na fiasãa, eƒe sɔtiwo le atsyɔ̃ɖoɖo tɔxɛ me, eye ale si wotui ɖe gɔmeɖoanyi nyadriwo dzi, eye wòte ɖe Zagros To, siwo ta me sno le la ŋu le Choaspes tɔsisi si me kɔ la kasa hã wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Fia si gbɔ yim Ester le la nye srɔ̃a hã.

Ɛ̃, enye Ester srɔ̃! Aleke gbegbe Axasweros to vovo na ŋutsu si Yuda ɖetugbui wɔnuteƒe ɖe sia ɖe adi be yeaɖe lae nye esi! * Ame sia menya naneke tso kpɔɖeŋu nyui si amewo abe Abraham, ame si wɔ Mawu ƒe gbe dzi ɖokuibɔbɔtɔe heɖo to srɔ̃a Sara ene, ɖo la ŋu o. (1 Mose 21:12) Fia la menya nu gobii aɖeke tso Ester ƒe Mawu, Yehowa, alo Eƒe Sewo ŋu o. Ke hã, Axasweros nya Persiatɔwo ƒe sewo, eye wònya se si tsi tre ɖe nu si tututu Ester di be yeawɔ la hã ŋu. Eyae nye nu ka? Sea gblɔ be ame sia ame si ava do ɖe Persia fia la ŋkume evɔ womeyɔe hafi o la ate ŋu adze na ku. Womeyɔ Ester o, gake eyae nye ema yina fia la gbɔ. Esi wòte ɖe xɔxɔnu emetɔa ŋu hekpɔ fia la wònɔ anyi ɖe fiazikpuia dzi la, anya se le eɖokui me be evɔ na ye.—Ester 4:11; 5:1.

Nu ka tae wòde eƒe agbe afɔku me alea ɖo? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ nyɔnu ɖedzesi sia ƒe xɔse? Gbã la, na míakpɔ ale si wòdzɔe be Ester va kpɔ eɖokui le Persia fianyɔnunyenye ƒe ɖoƒe tɔxɛ sia me ɖa.

‘Edze Tugbe’

Ester nye tsyɔ̃evi. Míenya nu boo aɖeke tso edzilawo, siwo tsɔ ŋkɔ nɛ be Hadasa la, ŋu o. Le Hebrigbe me la, ŋkɔ siae woyɔna na gbe aɖe si ƒoa se ɣi dzeaniwo (myrtle). Esi Ester dzilawo ku la, eƒe ƒometɔ dɔmenyola aɖe si ŋkɔe nye Mardoxai kpɔ eƒe nublanui hexɔe nyi. Mardoxai kple Ester wonye tɔgãtɔɖiviwo, ke Mardoxai tsi wui sãsãsã. Ena Ester va nɔ egbɔ le eƒe me, eye wòxɔe wòzu vianyɔnu.—Ester 2:5-7, 15.

Mardoxai kple Ester nɔ Yudatɔ aboyome siwo nɔ Persia ƒe fiadua me la dome, eye ɖewohĩ wodoa vlo wo le woƒe mawusubɔsubɔ, kpakple ale si wodzea agbagba be yewoawɔ Sea dzi ta. Gake ɖikeke mele eme o be wo ame evea dome nɔ kplikplikpli le esi Mardoxai fiaa nui tso Yehowa, Mawu nublanuikpɔla si ɖe Eƒe amewo tso xaxa geɖe me va yi, eye wògale wo ɖe ge ake la ŋu ta. (3 Mose 26:44, 45) Edze ƒãa be lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe kadodo nɔ Ester kple Mardoxai dome.

Edze abe Mardoxai nye subɔla le Susa fiasã me ene, eye woa kple fia la ƒe subɔla bubuwo nɔa fiasãa ƒe agbo nu zi geɖe. (Ester 2:19, 21; 3:3) Míenya nu si Ester nɔa wɔwɔm esime wònɔ tsitsim ya o, gake ɖewohĩ míate ŋu agblɔ be enɔ Mardoxai subɔm henɔ be lém na aƒea nɛ. Woƒe aƒea anya nɔ koliawo domee le tɔsisia ƒe go kemɛ dzi tso fiasã la gbɔ. Ðewohĩ elɔ̃a Susa ƒe asia me yiyi, afi si sikanutulawo, klosalonutulawo, kple asitsala bubuwo tsɔa woƒe adzɔnuwo ɖoa asii ɖo. Ester menya kura be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si yeanɔ nu mawo kpɔm gbe sia gbe o; menya nu si le ŋgɔ gbɔna o.

Woxɔ Fianyɔnunyenye Le Wasti Si

Gbe ɖeka, wobewobewo nɔ ɖiɖim le Susa ku ɖe tɔtɔ aɖe si ɖo fia ƒe me ŋu. Axasweros ɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe amegãwo hetsɔ nuɖuɖu damiwo kple wain ɖo wo kɔ me, eye wòdɔ be woaɖakplɔ fiasrɔ̃ dzetugbe Wasti, si nɔ nu ɖum kple nyɔnuawo ɖe vovo la vae. Ke Wasti gbe vava. Ŋu kpe fia la, eye dzi kui, eya ta ebia eƒe aɖaŋuɖolawo be to kae woahe na Wasti hã. Aleke wotso nya mee? Woxɔ fianyɔnunyenyea le esi. Fia ƒe dɔlawo de asi tsatsa me le fiaɖuƒe bliboa me nɔ ɖetugbui nɔaƒe siwo dze tugbe la dim, bena fia la natia fianyɔnu yeye le wo dome.—Ester 1:1–2:4.

Ðewohĩ ne Mardoxai kpɔ ale si Ester tsi zu nyɔnu si dze tugbe ŋutɔ la, aƒo adegbe le eŋu ya, ke hã, atsi dzi vie ɖe ale si eƒe etsɔme ava nɔ ŋu. Biblia gblɔ be: “Nyɔnuvi la nyo, eye wòdze tugbe.” (Ester 2:7) Tugbedzedze nyoa ame ŋu ya, gake ele be nunya kple ɖokuibɔbɔ hã nakpe ɖe eŋu. Esiawo manɔmee la, ameɖokuikpɔkpɔ, dada, kple nɔnɔme gbegblẽ bubuwoe kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi. (Lododowo 11:22) Ède dzesii be nya sia le emea? Ðe Ester ƒe tugbedzedzea ava ɖe vi nɛ loo alo ana wòazu ame maɖɔʋua? Míava kpɔe ɖa.

Fia ƒe dɔlawo de dzesi Ester ƒe tugbedzedze. Wokplɔe dzoe le Mardoxai gbɔ yi ɖe fiasã gã la me le tɔsisia ƒe go kemɛ dzi tsɔ kpe ɖe ɖetugbui bubu siwo ŋu woke ɖo la ŋu. (Ester 2:8) Kaklã sia anya te ɖe wo ame evea siaa dzi ŋutɔ, elabena wonɔ abe vi kple tɔ ene. Mardoxai madi be nyɔnuvi si yexɔ nyi la naɖe dzimaxɔsetɔ aɖeke o, ne enye fia gɔ̃ hã. Gake naneke meli wòawɔ o. Hafi woakplɔ Ester adzoe la, anya lé to ɖe Mardoxai ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu nyuie ŋutɔ! Anɔ nya geɖewo biam eɖokui esime wokplɔe yina Susa fiasã me. Aleke agbea ava nɔ nɛ le afi ma?

Eƒe “Nu Nyo Ame Siwo Katã Kpɔe La Ŋu”

Ester va kpɔ eɖokui le nɔnɔme siwo to vovo kura na esi me wònɔ tsã la me. Enɔ ‘nyɔnuvi geɖe’ siwo wokplɔ tso Persia Fiaɖuƒea ƒe teƒe vovovowo la dome. Woƒe dekɔnuwo, gbegbɔgblɔwo, kple nɔnɔmewo anya to vovo ŋutɔ. Le fia ƒe dɔla Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te la, ele be woanɔ asi trɔm le ɖetugbuiawo ŋu etɔxɛe be woagadze tugbe ɖe edzi, eye esia bia be woanɔ ami ʋeʋĩwo sim na wo ƒe ɖeka sɔŋ. (Ester 2:8, 12) Le nɔnɔme sia me la, anɔ bɔbɔe ŋutɔ be ɖetugbuiawo nava tsi dzi fũu akpa ɖe woƒe dzedzeme ŋu, eye ameɖokuikpɔkpɔ kple hoʋiʋli naɖo wo dome. Aleke Ester wɔ nui?

Ame bubu aɖeke mele anyigba dzi si atsi dzi ɖe Ester ŋu wu Mardoxai o. Nuŋlɔɖia gblɔ be gbe sia gbe la, edzea agbagba tena ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe la ŋu ale si wòate ŋui, bene yeanya Ester ƒe fɔfɔme. (Ester 2:11) Ne ele nyawo sem tso Ester ŋu, ɖewohĩ to aƒea me subɔviwo dzi la, aƒo adegbe le eŋuti abe vifofo ene godoo. Nu ka tae?

Ester ƒe nu dze Hegai ŋu ale gbegbe be eve enu ŋutɔ. Ena dɔlanyɔnuvi adre Ester, eye wònae teƒe nyuitɔ le nyɔnuawo ƒe aƒea me. Nuŋlɔɖia gblɔ gɔ̃ hã be: “Ester [ƒe] nu nyo ame siwo katã kpɔe la ŋu.” (Ester 2:9, 15) Eƒe tugbedzedze ta koe eƒe nu nyo ame sia ame ŋu nenema? Ao, nɔnɔme bubuwo gale Ester si wu ema.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ester meyɔ eƒe dukɔ kple wo de o, elabena Mardoxai de se nɛ be, megagblɔe o.” (Ester 2:10) Mardoxai de se nɛ be megaƒo nu tso eƒe Yudatɔnyenye ŋu na ame aɖeke o le esi wòanya de dzesii be Persia fiaƒemetɔwo bua nazã ɖe ye detɔwo ŋu ta. Aleke gbegbe dzi anya dzɔe enye esi esi wòva nya be togbɔ be Ester mele ye kpɔm o hã la, egakpɔtɔ le yeƒe gbe dzi wɔm hele nu wɔm le nunya me!

Sɔhɛwo ate ŋu ado dzidzɔ na wo dzilawo kple ame siwo ƒe dzikpɔkpɔ te wole la ƒe dzi le mɔ ma ke nu egbea. Ne wo dzilawo mele wo kpɔm o gɔ̃ hã la, woate ŋu aƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ ahalé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi nenye be ame siwo dome wole la metsɔa ɖeke le naneke me o, wonɔa agbe gbegblẽ, alo wonye ame wɔadãwo gɔ̃ hã. Esia wɔwɔ ado dzidzɔ na wo Fofo si le dziƒo la ƒe dzi, abe ale si wònɔ le Ester gome ene.—Lododowo 27:11.

Esi ɣeyiɣia de be woakplɔ Ester ayi fia ŋkume la, woɖe mɔ nɛ be wòabia nu sia nu si wòsusu be ahiã ye, ɖewohĩ be wòatsɔ awɔ leke na eɖokui geɖe wu. Ke hã, le aɖaŋu si Hegai ɖo nɛ ta la, ebɔbɔ eɖokui, eye mebia nu bubu aɖeke tsɔ wu esi wonae o. (Ester 2:15) Anya de dzesii be tugbedzedze ɖeɖe dzaa mana yeƒe nu nanyo fia la ŋu o; ekpɔe be ɖokuibɔbɔ kple tamebɔbɔɖeanyi nye nɔnɔme nyoameŋu siwo mele ame geɖe si le fiasã ma me o. Nyateƒeea?

Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Fia la lɔ̃a Ester wu nyɔnuwo katã, eƒe nu nyo eŋu, eye wòve enu wu ɖetugbuiawo katã, etsɔ fiakuku la ɖɔ nɛ, eye wòtsɔe ɖo fiasrɔ̃e ɖe Wasti teƒe.” (Ester 2:17) Ester zu fianyɔnu yeyea azɔ, ezu fia si kpɔ ŋusẽ wu le anyigba katã dzi ɣemaɣi la srɔ̃! Tɔtrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu anya sesẽ na Yuda ɖetugbui tsɛ sia ŋutɔ. Ðe ɖoƒe yeye sia na wòdo eɖokui ɖe dzi heva zu dadala?

Kura o! Ester yi edzi ɖo to Mardoxai, ame si xɔe nyi la. Meƒo nu tso eƒe Yudatɔnyenye ŋu na ame aɖeke o. Gawu la, esi Mardoxai va nyae be ame aɖewo ɖo nugbe be yewoawu Axasweros, eye wòka eta na Ester la, Ester ɖo toe heto nyaa na fia la, si wɔe be nugbeɖolawo do kpo nu. (Ester 2:20-23) Eyi edzi ɖee fia be yexɔ yeƒe Mawu la dzi se to eɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo me. Ame geɖe mebua toɖoɖo be enye nɔnɔme nyui egbea o; tosesẽ kple aglãdzedzee xɔ aƒe ɖi. Ke ame siwo si xɔse akuakua le ya dea asixɔxɔ eŋu, abe ale si Ester wɔe ene.

Wodo Ester Ƒe Xɔse Kpɔ

Ðoƒe kɔkɔ va su ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Haman, si le Axasweros ƒe fiasã me. Fia la tsɔe ɖo dɔnunɔlawo ƒe tatɔe, si wɔe be wòzu eƒe aɖaŋuɖola vevitɔ kple gɔmenɔla le fiaɖuƒea me. Fia la de se gɔ̃ hã be ame sia ame si kpɔe la nabɔbɔ ade ta agu nɛ. (Ester 3:1-4) Ke sedede sia zu kuxi na Mardoxai, elabena enya be ele be yeaɖo to fia la, gake madi be yeaxa ɖe ema ta agbe toɖoɖo Mawu o. Nya lae nye be Haman nye “Agagitɔ.” Eya ta anɔ eme be enye Agag, Amalekitɔwo ƒe fia, si Mawu ƒe nyagblɔɖila Samuel wu la, ƒe dzidzimevi. (1 Samuel 15:33) Amalekitɔwo vɔ̃ɖi ale gbegbe be wova zu futɔ na Yehowa, kpakple Israel viwo. Le Mawu gbɔ la, Amalekitɔwo dze na tsɔtsrɔ̃. * (5 Mose 25:19) Ðe Yudatɔ wɔnuteƒe abɔbɔ ade ta agu na Amalek fiaƒome me tɔa? Esia manya wɔ na Mardoxai o, eya ta egbe gbidii. Ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo le gɔmeɖose si nye: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo” la dzi wɔm va de asi na egbe, togbɔ be esia nana woƒe agbe ɖoa afɔku me hã.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Dzi ku Haman vevie. Gake ebu Mardoxai ɖeɖe ko wuwu nu maɖinui. Eya ta eɖoe be yeawu Mardoxai detɔwo katã! Haman ƒo nu gbegblẽ tso Yudatɔwo ŋu na fia la. Megblɔ be Yudatɔwoe yewɔnɛ o, gake eƒo nu tso wo ŋu abe ame siwo meɖi naneke o ene esi wògblɔ be ‘wokaka, eye womã ɖe dukɔwo dome.’ Gawu la, egblɔ be womewɔa fia ƒe sewo dzi o, si fia be wonye aglãdzela vɔ̃ɖiwo. Edo ŋugbe be yeaxe ga gbogbo aɖe be woatsɔ ada ɖe fia ƒe nu xɔasiwo dzraɖoƒe ɖe Yudatɔ siwo katã le eƒe fiaɖuƒea me la wuwu ta. * Axasweros ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ na Haman be wòatsɔ atre se ɖe sia ɖe si wòɖo be yeade la nu.—Ester 3:5-10.

Ema megbe kpuie la, duxɔlawo do sɔwo kple du ɖo ta fiaɖuƒe gã ma ƒe afi sia afi hele kufia si wotso na Yudatɔwo la ŋuti gbeƒã ɖem na wo. Yudatɔ aɖewo trɔ tso aboyome le Babilon yi Yerusalem ɣemaɣi be yewoagbugbɔ dua, si ŋu gli si akpɔ eta mele o la, atso. Azɔ bu ale si woase le wo ɖokui me ne wose gbedeasia le afi ma ke ŋu kpɔ. Ðewohĩ Mardoxai bu woawo, kpakple exɔlɔ̃ kple ƒometɔ siwo le Susa la ŋu esi wòse gbeƒãɖeɖe dziŋɔ ma. Etɔtɔ ale gbegbe, ale wòdze eƒe awuwo, eta akpanya hekɔ afi ɖe tame, eye wònɔ avi dzi kple ɣli le dua titina. Ke Haman ya bɔbɔ nɔ anyi kple fia wole aha nom. Nuxaxa si gbegbe wòdo na Yudatɔ gbogbo mawo kple wo xɔlɔ̃ siwo le Susa ya metsɔ fu aɖeke lãme nɛ o.—Ester 3:12–4:1.

Mardoxai nya be ele be yeaɖe afɔ. Gake nu ka wɔ ge wòala? Ester se nu tso Mardoxai ƒe nuxaxa ŋu, eye wòɖo awuwo ɖee, ke egbe be woagafa akɔ na ye o. Ðewohĩ tso ɣeaɖeɣi ke la, ebua nu si tae eƒe Mawu, Yehowa, ɖe mɔ wokplɔ Ester, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, dzoe wòva zu fia si nye trɔ̃subɔla la srɔ̃ ŋu. Ke eva le egɔme sem azɔ. Mardoxai ɖo du ɖe fianyɔnu Ester heƒoe ɖe enu be wòaɖe kuku na fia la ɖe “eƒe dukɔ la ta.”—Ester 4:4-8.

Dzidzi anya ƒo Ester esi wòse nyaa. Esiae nye eƒe xɔse ƒe dodokpɔ gãtɔ. Vɔvɔ̃ ɖoe, eye esia dze kɔtɛ le ŋuɖoɖo si wòna Mardoxai la me. Eɖo ŋku fia la ƒe sedede dzi na Mardoxai. Eyae nye be ne womeyɔ ame aɖe hafi wòva fia ŋkume o la, woatso kufia nɛ, negbe ame si ke fia la do sikafiatikplɔ ɖo la koe tsia agbe. Ne Ester bu nu si dzɔ ɖe Wasti dzi, le esi wògbe fia la ŋkume vava ŋu la, ɖe susu aɖe li si ta wòasusu be woakpɔ nublanui na yea? Egblɔ na Mardoxai be fia la meyɔ ye o ŋkeke 30 sɔŋ enye ema! Esi ŋkeke geɖee nye ema womegayɔe kpɔ o ta la, etɔ dzɔ be wòasusui be yeƒe nu meganyo fia sia, si ƒe susu tea ŋu trɔna kpata la, ŋu o. *Ester 4:9-11.

Mardoxai ɖo eŋu na Ester gbeteteɖedzitɔe tsɔ do ŋusẽ eƒe xɔse. Eka ɖe edzi nɛ be ne meɖe afɔ o la, ɖeɖe atso afi bubu ava na Yudatɔwo. Ke ɖe Ester ya akpɔ mɔ be yeado le eme ne yometitia va? Le afi sia la, Mardoxai ɖee fia be xɔse detoe le ye si na Yehowa, Ame si maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ eƒe amewo ɖa ne eƒe ŋugbedodowo nado kpo emevava o. (Yosua 23:14) Mardoxai gblɔ na Ester be: “Ðewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.” (Ester 4:12-14) Mardoxai ka ɖe eƒe Mawu, Yehowa, dzi bliboe. Ke míawo ya ɖe?—Lododowo 3:5, 6.

Xɔse Si Sẽ Wu Vɔvɔ̃ Na Ku

Nyametsotso vevi aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ Ester azɔ. Egblɔ na Mardoxai be wòaƒo yeƒe dukɔa me tɔwo nu ƒu ne woatsi nu adɔ kpli ye ŋkeke etɔ̃, eye eƒe nyataƒonya kpui si ɖe xɔse kple dzideƒo fia la zu nya nyanyɛ ƒe alafawoe nye esia. Egblɔ be: “Ne meku la, ɖe meku!” (Ester 4:15-17) Anɔ eme be medo gbe ɖa vevie nenema kpɔ abe ale si wòwɔe le ŋkeke etɔ̃ mawo me ene o. Azɔ ɣeyiɣia de mlɔeba be wòaɖe afɔ. Edo eƒe fiawu nyuitɔ hewɔ nu si wòate ŋui be yeƒe nu nanyo fia la ŋu, eye wòyi.

Abe ale si wòdze le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, Ester yi ɖe fia ƒe aƒe me. Bu ale si wòatsi dzodzodzoe ahanɔ gbe dom ɖa vevie le dzi me ŋu kpɔ. Ege ɖe xɔxɔnua hekpɔ Axasweros wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi. Ðewohĩ ekpɔ fia la ƒe ŋkume be aleke wòɖo moe hã. Ale si wotrɔ asi le eƒe taɖa kple ge ŋu wòŋlɔ nyuie hekpa eƒe ge ɖe nɔnɔme tɔxɛ me la na eƒe ŋkume ɖe dzesi. Ne ehiã be Ester nalala sẽe la, ke manɔ tsɔtsɔm nɛ kura o. Gake ema hã nu va yi, eye srɔ̃a kpɔe azɔ. Ester kpɔkpɔ awɔ mo yaa nɛ godoo, gake ekɔ ŋkume ɖee. Elé sikafiatikplɔ ɖe asi do ɖe Ester!—Ester 5:1, 2.

Mɔnukpɔkpɔ su Ester si be wòatsɔ eƒe nyaa aɖo fia ŋkume azɔ. Eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, eye wòʋli eƒe amewo ta. Esia nye xɔse ɖeɖe fia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe na Mawu subɔlawo katã va de asi na egbea. Gake gɔmedzedzea koe nye esia. Aleke wòana fia la naxɔe ase be Haman, si nye eƒe aɖaŋuɖola vevitɔ la, nye nugbeɖola vɔ̃ɖi? Nu ka wɔ ge wòala be eƒe amewo nakpɔ ɖeɖe? Míava dzro biabia siawo me le nyati bubu me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Agbalẽnyala geɖe xɔe se be Axasweros ye nye Xerxes I, ame si ɖu fia ɖe Persia Fiaɖuƒea dzi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe gɔmedzedze.

^ Ðewohĩ Haman le Amalekitɔ siwo tsi agbe la ƒe mamlɛtɔwo dome, elabena wotsrɔ̃ ‘woƒe susɔeawo’ le keke Fia Xizkiya ŋɔli ke.—1 Kronika 4:43.

^ Klosalo 10,000 ye Haman do ŋugbe be yeaxe. Home ma ade dɔlar miliɔn geɖe egbea. Ne Axasweros ye nye Xerxes I la, ke susu si Haman do ɖa la adze eŋu ŋutɔ, elabena Xerxes hiã na ga gbogbo aɖe be wòawɔ aʋa si ŋu wòwɔ ɖoɖo ɖo ɣeyiɣi didi aɖee nye ema la kple Hela, ke woɖu edzi le aʋaa me. Anya wɔ aʋa sia hafi va ɖe Ester.

^ Xerxes I nye ame si wonya nyuie ɖe ale si eƒe susu tea ŋu trɔna kpata kple eƒe dɔmedzoedodo ta. Esia ƒe kpɔɖeŋuwo dze le Hela ŋutinyaŋlɔla Herodotus ƒe nuŋlɔɖiwo me ku ɖe aʋa si Xerxes ho ɖe Hela ŋu la me. Fia la de se be woatsiã tɔdziʋuwo ɖe nu ɖekae va se ɖe esime wòazu tɔdzisasrã si woatsɔ atso Hellespont tsimɔa. Esi ahom aɖe gblẽ tɔdzisasrãa la, Xerxes na wotso ta le etulawo nu, eye wòna eƒe amewo ɖe ati ɖe tsia dzi nɔ ƒoƒom esime wonɔ fiƒodenyawo xlẽm kple gbe sesĩ bene wòanye “tohehe” na tsia. Le aʋa ma ke me, esi ŋutsu kesinɔtɔ aɖe ɖe kuku be womegana ye viŋutsu naɖo asrafohaa me o la, Xerxes na wofe ɖevia ɖe eve hetsɔ eƒe kukua ɖo agbae be wòanye nuxlɔ̃ame na ame bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Susu nyuiwo li siwo ta Mardoxai aƒo adegbe le nyɔnuvi si wòxɔ nyi la ŋuti

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ester nya be ɖokuibɔbɔ kple nunya xɔ asi sãsãsã wu tugbedzedze

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ester de eƒe agbe afɔku me be yeatsɔ akpɔ Mawu ƒe amewo ta