Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Si Me Wòle Be Míanɔ Ŋute

Ɣeyiɣi Si Me Wòle Be Míanɔ Ŋute

Fia Nu Viwòwo

Ɣeyiɣi Si Me Wòle Be Míanɔ Ŋute

ÐEWOHĨ àlɔ̃ ɖe edzi be ele vevie be nànɔ ŋute ne èle suku. Alɔ̃ tsɔa ɖevi geɖe esime wole sukuxɔ me. Gake ele be nànɔ ŋute hafi ate ŋu asrɔ̃ nu. Anɔ eme be èdea kpekpe siwo me miesrɔ̃a Biblia le hã.

Èsusu be nu kae akpe ɖe ŋuwò nànɔ ŋute? * Nu siwo nàte ŋu awɔ dometɔ ɖekae nye be nàmlɔ anyi kaba ne zã do. Ðewohĩ anyo be nàdɔ alɔ̃ vie le ŋdɔ me hã. Na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe ɖekakpui aɖe si dɔ alɔ̃ zã aɖe me la dzi esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom le hame ƒe kpekpe aɖe me la me. Ʋu Dɔwɔwɔwo ta 20 le wò Biblia me, eye nàxlẽ kpukpui 7 va se ɖe 12 be nàkpɔ nu si dzɔ.

Paulo yi ɖasrã hame si le melidzeƒedu si woyɔna be Troa la kpɔ. Biblia gblɔ be Paulo ɖoe be yeaɖo tɔdziʋu adzo “le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.” Eya ta edidi “eƒe nuƒoa ɖe edzi va se ɖe zãtiƒe ke.” Biblia gblɔ be: “Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Eutixo la nɔ anyi ɖe fesre nu, eye wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi esime Paulo nɔ eƒe nuƒoa dzi.” Nu kae va dzɔ?

Eutixo ge “tso dzisasrã etɔ̃lia” ƒe fesre nu va dze anyigba. Paulo kple ame bubuawo ɖi va anyigba afɔtsɔtsɔe. Woke ɖe Eutixo ŋu wòku ɖe anyigba! Aleke gbegbe wo katã woalé blanui enye esi!— Biblia gblɔ be Paulo lé Eutixo alɔ eve hekplae. Enumake Paulo kɔ gbe dzi gblɔ kple dzidzɔ bena: ‘Migavɔ̃ o, ele dedie!’ Mawu gbɔ agbe Eutixo!

Nu kae míesrɔ̃ tso Mawu ŋu le nu si dzɔ ɖe Eutixo dzi la me?— Wo dometɔ ɖekae nye be mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, ate ŋu agbɔ agbe ame kukuwo, eye ɖeviwo hã le eme. Yehowa sea nu gɔme na wò eye wòlɔ̃ wò, ɛ̃, elɔ̃ wò wu ale si dziwòlawo lɔ̃ wòe gɔ̃ hã. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe ale si Fofoa tsɔ ɖe le eme na ɖeviwo fia to ale si wòkɔ ɖeviwo ɖe eƒe akɔnu heyra wo la dzi. Efɔ ɖeviwo hã ɖe tsitre, eye nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 12 hã le ɖevi siwo wòfɔ ɖe tsitre la dome.

Aleke nèsena le ɖokuiwò me esi nènya be Fofowò si le dziƒo la lɔ̃ wò?— Ðikeke mele eme o be esia nana míawo hã míelɔ̃a Yehowa hedina be míawɔ nya siwo wògblɔ la dzi. Ènya mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be míelɔ̃ea?— Mɔ ɖekae nye be míagblɔ be míelɔ̃e. Yesu gblɔ be: “Melɔ̃ Fofo la.” Gake menye ɖeko Yesu gblɔ be yelɔ̃ Mawu ko evɔ o. Eɖee fia le nuwɔna me be yelɔ̃e.

Yesu ɖo to Mawu. Egblɔ be: “Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” Ne míawo hã míeɖoa to Yehowa bene míadze eya kple Via, Yesu ŋu la, míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míanɔ ŋute ɣesiaɣi si wòhiã.

Xlẽe le wò Biblia me

Dɔwɔwɔwo 20:7-12

Luka 8:49-56

Yohanes 8:29; 14:31

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]