Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE ʋã adzogli tsatsadala aɖe wòɖe asi le eƒe numame gbegblẽwo ŋu hetrɔ eƒe agbenɔnɔ? Xlẽ eya ŋutɔ ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Sɔwo ƒe dudimekeke doa dzidzɔ nam.”—RICHARD STEWART

ƑE SI ME WODZII: 1965

DUKƆ SI ME WÒTSO: JAMAICA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: TSATSADALA KPLE ADZOGLI

AGBE SI MENƆ TSÃ: Jamaica ƒe fiadu, Kingston, si me amewo sɔ gbɔ le ŋutɔ eye ahedada xɔ aƒe ɖi, mee menɔ tsi. Dɔwɔɖui kpɔkpɔ sesẽ le afi ma eye nu vlo wɔwɔ bɔ ɖi. Nu vlo wɔhawo na vɔvɔ̃ ɖoa amewo ɣesiaɣi. Mesea tu ƒe ɖiɖi gbe sia gbe.

Danye doa vevi nu eye wòdze agbagba kpɔ mía kple yonyemetɔ eve, ŋutsu ɖeka nyɔnu ɖeka, dzi. Ewɔ etɔ sinua be yeakpe ɖe mía ŋu míade suku. Sukudede medoa dzidzɔ na nye ya o, ke boŋ mekpɔa dzidzɔ ɖe sɔwo ƒe dudimekeke ŋu. Megbea suku gbe aɖewo gbe heyina ɖanɔa sɔwo ƒe duɖimekeke kpɔm. Nye hã mekpɔa gome le sɔdodoa me ɣeaɖewoɣi.

Eteƒe medidi o, meva ƒo ɖokuinye ɖe gbetsotso ɖe sɔwo ƒe duɖimekeke dzi me. Menɔa agbe gbegblẽ eye medea nyɔnuha eteƒe mekɔ o. Meva zu gbekuinola eye adzodada nue menɔa agbe ɖo. Tu geɖe nɔ asinye, gake medaa akpe fifia be nyemewu ame aɖeke le adzodada geɖe siwo me mekpɔ gome le la me o.

Mlɔeba la, kpovitɔwo ƒe asi va su dzinye, eye wodem mɔ ɖe nye nu vlo wɔwɔ ta. Esi wònye dzoti xoxo mesẽa dzoléle o ta la, kaka mado le gaxɔa me la, ɖeko megayi agbe si ƒomevi menɔ tsã dzi. Nye agbenɔnɔ va vloe ɖe edzi wu tsã gɔ̃ hã. Togbɔ be nye mo dzena abe ame fafa aɖee menye ene hã la, nye dzime sẽ, medoa dziku kabakaba, eye mesẽa ŋuta. Nyemetsɔa ɖeke le eme na ame aɖeke o; ɖokuinye tɔ ko medina.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le ɣeyiɣi mawo tututu me la, Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kple danye eye wòzu wo dometɔ ɖeka. Mekpɔe be eƒe agbenɔnɔ trɔ kura, eye esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Medi be manya nu si ʋãe wòwɔ tɔtrɔ nyui mawo gbegbe, eya ta melɔ̃ Ðasefowo va dzroa Biblia me kplim.

Meva de dzesii be Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo to vovo na subɔsubɔha bubuawo tɔ, eye mekpɔe be wotua nya sia nya si wogblɔna ɖe Biblia dzi. Woawo dzaa koe ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. (Mateo 28:19; Dɔwɔwɔwo 20:20) Esi mekpɔ ale si gbegbe woɖea lɔlɔ̃ vavã fiaa wo nɔewo la, kakaɖedzi va su asinye be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔa ŋu.—Yohanes 13:35.

Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me na mekpɔe be ele be mawɔ tɔtrɔ geɖe le nye agbenɔnɔ ŋu. Meva se egɔme be Yehowa Mawu tsri agbe gbegblẽ nɔnɔ eye be hafi nye nu nadze eŋu la, ele be maɖe asi le nuwɔna siwo ƒoa ɖi nye ŋutilã ŋu. (2 Korintotɔwo 7:1; Hebritɔwo 13:4) Esi meva nyae be seselelãme le Yehowa si eye be nye nuwɔnawo ate ŋu ado dziku nɛ loo alo ado dzidzɔ nɛ la, ewɔ dɔ ɖe dzinye vevie. (Lododowo 27:11) Eya ta meɖoe be madzudzɔ gbekui nono, maɖe asi le nye tuawo ŋu ahatrɔ agbenɔnɔ. Tɔtrɔ siwo wɔwɔ sesẽ nam wue nye asiɖeɖe le agbe gbegblẽ nɔnɔ kple tsatsadada ŋu.

Gbã la, nyemedi be xɔ̃nyewo nanya be Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kplim o. Gake esi meva xlẽ nya siwo le Mateo 10:33 la, mekpɔe be vodadae wònye wɔm mele; Yesu gblɔ le afi ma be: “Ame sia ame si agbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume.” Nya mawo ʋãm metso nya me be mana xɔ̃nyewo nanya azɔ be Ðasefowo le nu srɔ̃m kplim. Esi wosee la, ɖeko wotsi yaa. Womexɔe se be ame abe nye ene hã adi be yeazu Kristotɔ o. Gake mena eme kɔ na wo be nyemegale woƒe ha me o.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Esi danye kpɔe be mete agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la, dzi dzɔe eteƒe mekɔ o. Fifia, megatsina dzodzodzoe be yele nye nu baɖa wɔwɔ ŋu nya aɖe se ge o. Nu si va le vevie na mí ame evea azɔ la ŋue míeɖoa dze tsoe, si nye míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa. Ɣeaɖewoɣi ne meɖo ŋku nye tsãgbenɔnɔ dzi la, tɔtrɔ siwo Mawu kpe ɖe ŋunye mewɔ wɔa nuku nam ŋutɔ. Nyɔnuhadede kple ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ ƒe agbe si menɔ tsã megadzroam o.

Ne menye Bibliae xɔ nam o la, anye ne meku xoxoxo alo ne wole diyem egbea la, ke gaxɔ mee woakpɔm le. Gake fifiaa, meɖe srɔ̃ eye nye ƒomea le dzidzɔ kpɔm ŋutɔ. Dzi le dzɔyem be mía kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a kpakple mía vinyɔnuvi si ɖoa to mí la, míele Yehowa Mawu subɔm ɖekae. Medaa akpe na Yehowa be wòve nunye meva le ha dem kple nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le. Meda akpe hã be ame aɖe ku kutri vevie fia Biblia me nyateƒeam. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye nam be nye hã makpe ɖe ame bubuwo ŋu woasrɔ̃ nu si Biblia fia. Vevietɔ la, medaa akpe na Yehowa Mawu be wònyo dɔme nam hehem va eɖokui gbɔ.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

“Meva nyae be seselelãme le Yehowa si eye be nye nuwɔnawo ate ŋu ado dziku nɛ loo alo ado dzidzɔ nɛ”

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Mía kple srɔ̃nye kpakple vinyenyɔnu

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Mekpɔ tɔtrɔ nyui siwo danye wɔ le eƒe agbenɔnɔ ŋu