Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃tɔwo—Mitu Miaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ðo

Srɔ̃tɔwo—Mitu Miaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ðo

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Srɔ̃tɔwo—Mitu Miaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ðo

Léo *: “Esi míeɖe srɔ̃ teti la, meɖoe kplikpaa be mía kple srɔ̃nye míasrɔ̃ Biblia ɖekae. Medina be eƒe susu katã naku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Gake ɖeko wòdzena abe Léa metsɔa ɖeke le nusɔsrɔ̃a me o ene. Ne mebia nya la, ŋuɖoɖo si wònana koe nye ɛ̃ alo ao. Ale si wòɖoa nya ŋui la mesɔ kple ale si mekpɔa mɔ be míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃e kura o.”

Léa: “Ƒe 18 ye mexɔ esi mía kple Léo míeɖe mía nɔewo. Míesrɔ̃a Biblia ɖekae, gake nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nu siwo mawɔ be manye srɔ̃nyɔnu nyui ŋu koe Léo ƒoa nu tsoe ɣesiaɣi si míele nu srɔ̃m. Esia ɖea dzi le ƒonye eye dzi kuam ŋutɔ!”

NU KAE nèsusu be eyae nye Léo kple Léa ƒe kuxia? Susu nyui le woa kple evea siaa si. Wolɔ̃ Mawu. Eye wokpɔe be ele vevie be yewoasrɔ̃ Biblia ɖekae. Gake edze abe nu sia si tututu akpe ɖe wo ŋu be ɖekawɔwɔ nanɔ wo dome la kee le mama dem wo dome ene. Wonɔ nu srɔ̃m ɖekae ya, gake womenɔ gbɔgbɔmemenyenye tum ɖo abe atsu kple asi ene o.

Nu kae nye gbɔgbɔmemenyenye? Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo nadze agbagba atui ɖo? Kplamatsɛdonu kawoe woado goe, eye aleke woawɔ aɖu wo dzi?

Nu Kae Nye Gbɔgbɔmemenyenye?

Le Biblia ƒe nya nu la, be woanye gbɔgbɔmeme fia be woanye ame si ‘bua gbɔgbɔmenuwo ŋu’ eye wònana tamesusu ƒe nɔnɔme ma kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔnawo dzi le agbe me. (Yuda 18, 19) Le kpɔɖeŋu me, Paulo si nye Biblia ŋlɔlawo dometɔ ɖeka, na vovototo si le gbɔgbɔmeme kple ŋutilãmeme ƒe nuŋububu dome la dze. Paulo gblɔ be ame siwo bua ŋutilã ŋu la susua woa ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ko ŋu eye womebua ame bubuwo ŋu o. Wowɔa nu si wokpɔ be esɔ le woa ŋutɔwo ŋkume le esi teƒe be woadze agbagba anɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu.—1 Korintotɔwo 2:14; Galatiatɔwo 5:19, 20.

Ke ame siwo bua gbɔgbɔmenuwo ŋu ya dea asixɔxɔ Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu. Wobua Yehowa Mawu be enye yewo Xɔlɔ̃ eye wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ eƒe nɔnɔme. (Efesotɔwo 5:1) Esia wɔe be wolɔ̃a ame, nyoa dɔme, eye wowɔa nu ɖe ame ŋu tufafatɔe. (2 Mose 34:6) Eye wowɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi ne esia abia be woatsɔ nanewo asa vɔe hã. (Psalmo 15:1, 4) Darren, si le Canada eye wòɖe srɔ̃ ƒe 35 ye nye esia gblɔ be: “Ale si nye ya mese egɔmee nye be gbɔgbɔmeme bua ale si eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woa kple Mawu dome ƒomedodoa dzii ŋu ɣesiaɣi.” Srɔ̃a, Jane, gblɔ ƒu edzi be: “Mesusu be nyɔnu si nye gbɔgbɔmeme la dzea agbagba vevie gbe sia gbe be Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse nadze le yeƒe nuwɔna me.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Gake esia mefia be ele be ame naɖe srɔ̃ hafi atu gbɔgbɔmenyenye ɖo o. Biblia na eme kɔ ƒãa be enye ame sia ame ƒe agbanɔamedzi be wòasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ahasrɔ̃ eƒe nɔnɔme.—Dɔwɔwɔwo 17:26, 27.

Nu Ka Tae Wòle Be Srɔ̃tɔwo Natu Woƒe Gbɔgbɔmenyenye Ðo Ðekae?

Ke azɔ, nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo natu woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo ɖekae? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ame eve di be yewoade kpɔtoegble ɖekae. Wo dometɔ ɖeka di be yeaƒã nukuawo le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe me, eye evelia ya be ɣeyiɣi mede na nukuawo ƒaƒã o. Ame ɖeka di be yeade atike nukuawo, gake ame evelia ya gbe gbidii be nukuawo mehiã atike aɖeke o. Wo dometɔ ɖeka di be yeanɔ dɔ wɔm le agblea me gbe sia gbe. Evelia ya metsi dzi ɖe dɔwɔwɔ le agblea me ŋu o, gake ele mɔ kpɔm be nukua nawɔ yewo katã yewoaŋe. Ne ède ŋugble tso kpɔɖeŋu sia ŋu la, àkpɔe be agblea awɔ nuku ya, gake masɔ gbɔ ade esi woakpɔ ne ɖe woa kple evea wolɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi hewɔ nu kple wo nɔewo aduadu la nu o.

Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu le abe ame eve siwo di be yewoade agble ɖekae ene. Ne wo dometɔ ɖeka koe tua gbɔgbɔmemenyenye ɖo la, woƒe ƒomedodoa aka ɖe eme ya. (1 Petro 3:1, 2) Gake ne woa kple evea wonɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu eye wodzea agbagba kpea asi ɖe wo nɔewo ŋu le Mawu subɔsubɔ me la, kpɔ ale si gbegbe nɔnɔmeawo anyo wui ɖa! Fia Salomo, si nye nunyala, gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” Nu ka tae? “Elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔ nɔvia ɖe tsitre.”—Nyagblɔla 4:9, 10.

Ðewohĩ enye wò didi vevie be mia kple srɔ̃wò miatu gbɔgbɔmemenyenye ɖo ɖekae. Gake abe ale si ko wòle le agbledede gome ene la, ame ƒe didiwo ɖeɖe metsea ku o. Na míadzro kuxi eve aɖewo siwo ate ŋu ado kplamatsɛ mi kple ale si miawɔ aɖu wo dzi me kpɔ.

KUXI GBÃTƆ: Vovo mele mía ŋu o. Salome, si ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la gblɔ be: “Srɔ̃nye va kɔam le dɔ me fiẽ ga adre. Ne míeva ɖo aƒe me la, aƒemedɔwo nɔa mía lalam. Kaka míawɔ vɔa, ɖeɖi tea mía ŋu wu gbɔgblɔ; susua gblɔna na mí be ele be míasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu, gake míaƒe ŋutilã hã nɔa ɖiɖiɖeme biam.”

Nu si ate ŋu akpe ɖe mia ŋu: Misrɔ̃ ale si miatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ahawɔ nu aduadu kple mia nɔewo. Salome gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míeva ɖoe be míanɔ fɔfɔm kaba axlẽ Biblia ahadzro eme hafi ayi dɔ me. Srɔ̃nye kpena ɖe ŋunye hã míewɔa aƒemedɔwo, si wɔe be dɔa metena ɖe nye ɖeka dzinye o, eye emegbe míekpɔa vovo ɖoa dze.” Viɖe kae agbagbadzedze sia he vae? Salome srɔ̃, Filipo, gblɔ be: “Mekpɔe be tso esime mía kple Salome míeva te dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu ɖekae edziedzi la, míele te nɔm ɖe kuxiwo nu nyuie wu, eye míegatsia dzimaɖi fũu abe tsã ene.”

Hekpe ɖe dzeɖoɖo kple mia nɔewo ŋu la, ele vevie hã be miadi ɣeyiɣi vi aɖe ado gbe ɖa ɖekae gbe sia gbe. Viɖe kae miakpɔ tso eme? Richard, si ɖe srɔ̃ ƒe 16 ye nye esia gblɔ be: “Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe va yi la, mía kple srɔ̃nye dome menɔ nyonyom kura o. Gake míeva di ɣeyiɣi doa gbe ɖa fiẽ sia fiẽ eye míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Mawu. Mekpɔe be gbedodoɖa ɖekae kpe ɖe mía ŋu míekpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ eye dzidzɔ gaɖo míaƒe srɔ̃ɖeɖea me.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Midi ɣeyiɣi vi aɖe le ŋkekea ƒe nuwuwu miaɖo dze tso nu siwo yi nyuie na mi ame evea le ŋkekea me ŋu, eye miada akpe na Mawu ɖe eta. Miƒo nu tso nu siwo do kplamatsɛ mi hã ŋu, vevietɔ esiwo me miehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le hafi ate ŋu anɔ te ɖe wo nu. Nuxlɔ̃ame: Migazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ anɔ nu ƒom tso mia nɔewo ƒe vodadawo ŋu o. Ke boŋ mido gbe ɖa ɖekae, eye miaƒo nu tso nu siwo ahiã be mi ame evea miawɔ ɖekae ko ŋu. Ne ŋu ke la, midze agbagba miawɔ nya siwo miegblɔ le gbedodoɖaa me dzi.

KUXI EVELIA: Míaƒe ŋutetewo le vovovo. Tony gblɔ be: “Esesẽna nam be mabɔbɔ anɔ anyi atsɔ agbalẽ be mele nu xlẽm.” Srɔ̃a Natalie, hã gblɔ be: “Nuxexlẽ doa dzidzɔ nam, eye medina be maƒo nu tso nu siwo mexlẽ ŋu na amewo. Ɣeaɖewoɣi la, mekpɔnɛ be ne míele dze ɖom tso Biblia me nyawo ŋu la, nye nu va tia kɔ na Tony.”

Nu si ate ŋu akpe ɖe mia ŋu: Mikpe asi ɖe mia nɔewo ŋu, miganɔ ho ʋlim kple mia nɔewo alo anɔ vodada dim le mia nɔewo ŋu o. Tsɔ wò ŋutetewo kpe ɖe srɔ̃wò ŋu eye nànye dzideƒotsoƒe nɛ. Tony gblɔ be: “Ale si srɔ̃nye tsia dzi ɖe dzeɖoɖo tso Biblia me nyawo ŋu la tiam ɣeaɖewoɣi, eye tsã la, nyemelɔ̃na be maɖo dze kplii tso Biblia me nyawo ŋu o. Gake mekpɔe be Natalie nye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam. Fifia la, míeɖoa dze tso Biblia me nyawo ŋu ɖekae edziedzi, eye meva kpɔe be naneke meli si ta dze siawo ɖoɖo kplii natim o. Ke boŋ mele dzidzɔ kpɔm ɖe dzeɖoɖo siawo ŋu azɔ. Esia wɔe be míeɖea dzi ɖi, eye míele ŋutifafa me kple mía nɔewo abe ŋutsu kple srɔ̃a ene wu tsã.”

Atsu kple asi geɖe va kpɔe be ɣeyiɣi aɖe ɖoɖo ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa hena Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ɖekae na be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nyo ɖe edzi. Nuxlɔ̃amenya: Ne miele Biblia me dzrom la, anyo be ame sia ame nagblɔ ale si eya ŋutɔ awɔ aɖaŋuɖoɖoawo dzii, ke menye be wòanɔ nu si wòle be nɔvia nawɔ gblɔm o. (Galatiatɔwo 6:4) Miƒo nu tso míaƒe srɔ̃ɖeɖemekuxiwo ŋu ɣebubuɣi, ke menye le nusrɔ̃ɣiwo o. Nu ka tae?

Bu nya sia ŋu kpɔ: Tsɔe be mia kple wò ƒomea miele nu ɖum ɖekae; ɣemaɣie nàdi be yeaklɔ ƒomea me tɔ aɖe ƒe abi ʋeʋẽ aɖe nɛa? Gbeɖe. Ðeko wòana nuɖuɖua nati ame sia ame. Yesu tsɔ nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ sɔ kple nuɖuɖu. (Mateo 4:4; Yohanes 4:34) Ne ɣesiaɣi si miele Biblia srɔ̃m ko mieƒoa nu tso mia nɔewo ƒe vodadawo ŋu la, ana be gbɔgbɔmenuɖuɖua nati mia dometɔ ɖeka alo mi ame evea siaa. Ele be miaƒo nu tso miaƒe kuxiwo ŋu ya. Gake miɖo ɣeyiɣi bubu ɖe nya mawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.—Lododowo 10:19; 15:23.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ srɔ̃wò ƒe nɔnɔme nyui eve alo etɔ̃ siwo dzɔa dzi na wò wu la ɖi. Ne mieva le nu srɔ̃m tso nɔnɔme nyui mawo ŋu le Biblia me la, gblɔe na srɔ̃wò be yekpɔa ŋudzedze ɖe ale si wòɖea wo fianae ŋu ŋutɔ.

Nu Si Mieƒã Ye Miaŋe

Ne mietu miaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene la, kutsetse siwo miaŋe tso emee nye srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ kple ŋutifafa xɔ aƒe ɖo. Mawu ƒe Nya la gblɔe eme kɔ ƒãa be “nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

Léo kple Léa, siwo ŋu nya míegblɔ le ŋgɔdonyaa me la va kpɔ Biblia me nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Fifia, woɖe srɔ̃ ƒe 45 sɔŋ ye nye esia eye wokpɔe be yewoƒe dzidodo he viɖe geɖe vae. Léo gblɔ be: “Tsã la, mebua fɔ srɔ̃nye be melɔ̃na ɖoa dze kplim o. Gake meva kpɔe be ele be nye ŋutɔ hã mawɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo.” Léa gblɔ be: “Nu si koŋ lé mí ɖe te le ɣeyiɣi sesẽ mawo mee nye ale si mí ame evea siaa míelɔ̃ Yehowa Mawu. Míena ta le Biblia sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ɖekae edziedzi me o, ƒe geɖee nye esia. Esi mekpɔe be Léo le agbagba dzem be yeaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo afia nyuie wu la, eva nɔ bɔbɔe nam be malɔ̃e.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Míetrɔ ŋkɔawo.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

▪ Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si mía kple srɔ̃nye míedo gbe ɖa ɖekae?

▪ Nu kae mawɔ be wòanɔ bɔbɔe na srɔ̃nye be wòalɔ̃ míanɔ gbɔgbɔmenuwo me dzrom ɖekae?