Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Vifofowo Awɔ Woa Kple Wo Viŋutsuviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli?

Aleke Vifofowo Awɔ Woa Kple Wo Viŋutsuviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli?

Aleke Vifofowo Awɔ Woa Kple Wo Viŋutsuviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli?

“PAPA, aleke nèwɔ nya nu geɖe alea?” Ðe viwòŋutsuvi bia nya sia tɔgbi wò kpɔa? Ðewohĩ nya siawo sese nana wò ta tena be yenye vifofo. Azɔ hã, ne viwòa wɔ nu si de ŋgɔ wu ema—ne ewɔ ɖe aɖaŋu nyui aɖe si nèɖo nɛ dzi wòɖe vi nɛ—la, dzi dzɔa wò wu gbɔgblɔ. *Lododowo 23:15, 24.

Gake esi ƒeawo va le yiyim la, ɖe viwòa gadea bubu ŋuwò abe tsã enea? Alo ɖe wòdze abe bubu si wòdea ŋuwò tsã dzi ɖe kpɔtɔ esi wòva le tsitsima? Aleke nàwɔ mia kpli dome naganɔ kplikplikpli esi wòdo le azitsro me hele ŋutsu zum? Gbã la, na míadzro kuxi siwo me vifofowo tona dometɔ aɖewo me.

Kuxi Nyanyɛ Etɔ̃

1. VOVOMAKPƆMAKPƆ: Le ƒome geɖe me la, vifofowoe yina gbɔna hafi asi dea nu me. Zi geɖe la, nɔnɔmeawo le ale gbegbe be ne woyi dɔme la, zã koe dona hafi wògbɔna. Le teƒe aɖewo la, ɣeyiɣi vi aɖe ŋutɔ koe vifofowo kpɔna ɖe wo viwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be, miniti 11 kple nu vi aɖe koe vifofo akpa gãtɔ siwo le France kpɔna ɖe wo viwo ŋu gbe sia gbe.

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae nèkpɔna ɖe viwòŋutsuvi ŋu? Le kwasiɖa ɖeka alo eve siwo gbɔna me la, ɖe manyo be nàŋlɔ ɣeyiɣi si sinu nètsɔ ɖoa dze kplii gbe sia gbe ɖi oa? Ðewohĩ emetsonuawo awɔ nuku na wò ŋutɔ.

2. WO DZILAWO MEÐO KPƆÐEŊU NYUI NA WO O: Esi vifofo aɖewo nɔ ɖevime la, ƒãa hafi woa kple wo fofowo doa go. Jean-Marie, si le France, gblɔ be: “Esi menɔ ɖevi me la, mía kple fofonye míenɔ du ale o.” Nu kae esia gblẽ le Jean-Marie ŋu? Egblɔ be: “Egblẽ nu geɖe siwo ŋu nyemebu kpɔ o le ŋunye. Le kpɔɖeŋu me, esi meva tsi la, esesẽna nam be maɖo dze kple vinyewo.” Le vifofo aɖewo gome la, woa kple wo fofowo nɔ du baa, gake ƒomedodo kplikplikpli aɖeke menɔ wo dome abe vi kple tɔ ene o. Philippe, si xɔ ƒe 43, gblɔ be: “Esi menɔ ɖevime la, esesẽna na fofonye be wòaɖe vifofo ƒe lɔlɔ̃ afiam. Esi wònye akpa medzia vi wòɖia adeɣe o ta la, esi meva tsi la, lɔlɔ̃ɖeɖefia vinye menɔ bɔbɔe nam kura o.”

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Ðe nèsena le ɖokuiwò me be ƒomedodo si nɔ mia kple fofowò dome kpɔa ŋusẽ ɖe ale si nèwɔa nu ɖe viwò ŋui dzia? Ðe nèkpɔe be yedze ye fofo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo alo gbegblẽawo yomea? Nu kae fia nenema?

3. NUKPƆSUSU MASƆMASƆWO ƑE ŊUSẼKPƆÐEAMEDZI: Le dukɔ aɖewo me la, amewo mebui be ele be vifofowo nawɔ akpa aɖe le ɖeviwo hehe me o. Luca, si wonyi le Ɣetoɖoƒe Europa dukɔ aɖe me la gblɔ be: “Afi si metsi le la, amewo xɔe se be vidada ɖeɖe ƒe dɔe vihehe nye.” Le dukɔ bubuwo hã me la, woadea dzi ƒo na vifofowo be woƒe asi nasẽ ɖe wo viwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, George, si wonyi le Afrika dukɔ aɖe me la gblɔ be: “Afi si metsi le la, vifofowo kple wo viwo mefena o, elabena wobua esia be ana ɖeviawo natsɔ wo fofowo aba hae. Esia wɔe be esi mevazu vifofo la, esesẽna nam be mía kple vinye míafe.”

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Le wò nutoa me la, akpa kae wokpɔa mɔ be vifofowo nawɔ le vihenyawo me? Ðe wogblɔna be nyɔnuwo ƒe dɔe vihehe nyea? Ðe wodea dzi ƒo na vifofowo be woado vivi ɖe wo viwo ŋu lɔlɔ̃tɔea, alo ɖe wobua nuwɔna mawo tɔgbi be womesɔ o?

Ne vifofoe nènye eye kuxi siawo dometɔ aɖe ɖea fu na wò la, aleke nàwɔ aɖu edzi? Bu aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Mègalala Be Ye Viŋutsuvia Natsi Hafi O

Edze abe le dzɔdzɔme nu la, ŋutsuviwo dina be yewoawɔ nu abe yewo fofowo ene. Eya ta esi viwòŋutsuvia le sɔe ko la, na hehee. Aleke nèle ewɔ gee? Aleke nàwɔ akpɔ vovo ɖe eŋu?

Ne anya wɔ la, wɔ ɖoɖo be mia kple viwòŋutsuvia miawɔ dɔ aɖewo ɖekae gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, ne èle aƒemedɔwo wɔm la, na wòakpe ɖe ŋuwò. Ne nu kplɔm nèle la, de xa sɔe aɖe esi, ne aƒea ƒe afi aɖee to gbe nèle ŋɔŋlɔm la, tsɔ kodzi sɔe aɖe de esi. Ðeviwo kpɔa dzidzɔ be yewoawɔ dɔ kple yewo fofo, ame si ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo wodina be yewoasrɔ̃ wu! Dɔwɔwɔ kple ɖevi hea ame ɖe megbe ya, gake ana mia kplii dome nanɔ kplikplikpli eye wòana mɔnukpɔkpɔ wò nàtu nɔnɔme nyuiwo abe dɔwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ene ɖe eme. Tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, Biblia de dzi ƒo na dzilawo be woawɔ gbe sia gbe dɔwo kple wo viwo ɖekae, eye woazã ɣeyiɣi mawo aɖo dze kpli wo ahafia nu wo. (5 Mose 6:6-9) Viɖe gale aɖaŋuɖoɖo ma ŋu kokoko.

Menye dɔ koe mia kple viwòŋutsu miawɔ ɖekae o, ele be nàdi ɣeyiɣi afe kplii hã. Fefe kplii alea ana mɔnukpɔkpɔ wò nàfia nu geɖee. Numekukuwo ɖee fia be ne vifofowo fena kple wo vi suewo la, enana ɖeviawo srɔ̃a dzinɔameƒo kple ale si woasu te ate nuwo kpɔ le wo ɖokui si.

Gake vifofo ƒe fefe kple viaŋutsuvi gaɖoa taɖodzinu vevi bubu aɖe hã gbɔ. Numekula Michel Fize gblɔ be: “Fefewɔɣie ŋutsuvi ɖoa dze kple fofoa le wu.” Vifofo ate ŋu ato nuƒoƒo kple nuwɔna dzi aɖe numalɔmalɔ̃ le ame gbɔ ƒe lɔlɔ̃ afia viaŋutsuvia le fefewɔɣiwo. Esia ana ɖevia hã nasrɔ̃ lɔlɔ̃ɖeɖefia. André, vifofo aɖe si le Germany, gblɔ be: “Le vinyeŋutsu ƒe ɖevime la, nye kplii míefena ɖekae zi geɖe. Mekplaa asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye esia na wòsrɔ̃ ale si eya hã aɖe lɔlɔ̃ afiam.”

Anyimlɔɣi hã nye mɔnukpɔkpɔ bubu si ŋu dɔ vifofo ate ŋu awɔ atu woa kple via dome lɔlɔ̃ ɖo. Nezu numame na wò be nànɔ ŋutinya aɖewo xlẽm nɛ le anyimlɔɣi, eye nàbiae wòagblɔ nu siwo me wòto le ŋkekea me, esiwo do dzidzɔ nɛ kple esiwo medo dzidzɔ nɛ o siaa. Esia ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòanɔ eƒe dzimenyawo gblɔm na wò ne eva le tsitsim.

Minɔ Nu Si Doa Dzidzɔ Na Mi Wɔm Ðekae

Ate ŋu adze abe ɖe ŋutsuvi ƒewuivi aɖewo melɔ̃na be yewoaɖo dze kple yewo fofo o ene. Ne viwòŋutsuvi melɔ̃na gblɔa eƒe dzimenya na wò ne ebia nyae o la, mègaƒo nya ta be egbe dzeɖoɖo kpli ye o. Ðewohĩ alɔ̃ aɖo dze kpli wò ne èzã dzeɖomɔnu bubu.

Esesẽna na Jacques, si nye vifofo le France, ɣeaɖewoɣi be wòaɖo dze kple viaŋutsuvi si ŋkɔe nye Jérôme. Gake medze agbagba be yeazi edzi wòaƒo nu o, ke boŋ ewɔ mɔnu bubu ŋu dɔ—etiae be yeaƒo bɔl kplii. Jacques gblɔ be: “Ne míede kame vɔ la, míeva nɔa anyi ɖe sɔgbewo dzi ɖina ɖe eme vie. Le ɖiɖiɖemeɣi mawo la, vinyeŋutsuvia ŋutɔ ʋua eƒe dzi nam. Mekpɔe be mía kplii ɖeɖe ƒe afi ɖeka nɔnɔ nenema na be mía dome va le kplikplikpli.”

Ke ne kamedefefe medoa dzidzɔ na viwòŋutsuvia o ɖe? André ɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me woa kple via wozãa gaƒoƒo geɖe nɔa ŋku lém ɖe ɣletiviwo ŋu la dzi. André gblɔ be: “Míetsɔa atiklã dana ɖe gota le zã me le vuvɔ ya nu. Míedoa vuvɔmewuwo, míewɔa tii ɖe kplu me léna ɖe asi, eye míenɔa ŋku lém ɖe dziŋgɔli ŋu le zã me. Míeɖoa dze tso ɣletiviawo Wɔla ŋu. Míeɖoa vi kple tɔ dome dzewo. Míeɖoa dze tso nu sia nu kloe ŋu.”—Yesaya 40:25, 26.

Ke ne nu siwo ŋu viwòŋutsuvia kpɔa dzidzɔ ɖo medoa dzidzɔ na wò ya o ɖe? Ekema anyo be nàtsɔ wò didiwo asa vɔe. (Filipitɔwo 2:4) Ian, si le South Africa gblɔ be: “Kamedefefewoe doa dzidzɔ na nye ya, gake vinyeŋutsuvi, Vaughan, ya tɔe nye kɔmpiuta dzi fefewo kple yameʋuwo kpɔkpɔ. Le esia ta la, medze agbagba be matsɔ ɖe le nu siwo doa dzidzɔ nɛ me; mekplɔnɛ míeyia afi si yameʋukulawo kua yameʋu atsyãtɔe tsɔ ɖea modzaka na amewo le, eye míefena kple kɔmpiuta dzi yameʋuwo. Mekpɔe be nuwɔwɔ ɖekae alea na be Vaughan te ŋu va le eƒe dzimenyawo gblɔm nam azɔ.”

Na Wòakpɔe Be Viɖe Le Ye Ŋu

“Papa, kpɔe ɖa, kpɔe ɖa!” Ðe viwòŋutsuvi do ɣli yɔ wò be nàkpɔ nane si nèfiae wòte ŋu wɔ nyuie kpɔa? Ne ezu ƒewuivi fifia la, ɖe wògabiaa nya siawo tɔgbi wò tẽe bene nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe yeƒe agbagbadzedzewo ŋua? Ðewohĩ manɔ nenema o. Gake ehiã kokoko be nàɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ afiae hafi wòate ŋu ava zu ametsitsi si wɔa nu wòdzea ga dzi.

De dzesi kpɔɖeŋu si Yehowa Mawu ŋutɔ ɖo le go sia me esime wònɔ nu wɔm kple viawo dometɔ ɖeka. Esi wòsusɔ vie Yesu nadze dɔ vevi aɖe gɔme le eƒe anyigba dzi nɔɣi la, Mawu ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo.” (Mateo 3:17; 5:48) Ele eme be agba le dziwò be nàna hehe viwòŋutsuvia ahafia nui ya. (Efesotɔwo 6:4) Gake ɖe nèdia mɔnukpɔkpɔwo be nàɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ afiae ɖe eƒe nuwɔna kple nuƒoƒo nyuiwo ta?

Esesẽna na vifofo aɖewo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ afia wo viwo. Ðewohĩ ƒome si me dzilawo mekafua ame le o, ke boŋ woƒoa nu tso ame ƒe vodadawo ŋu fũu akpa, mee wotsi le. Ne nenemae wòle le gowò me la, ahiã be nàku kutri vevie asrɔ̃ ale si nana viwò nase le eɖokui me be viɖe le ye ŋu. Aleke nàwɔe? Luca, si ŋu nya míegblɔ va yi na woa kple viaŋutsuvi Manuel, si xɔ ƒe 15, wowɔa aƒemedɔwo ɖekae. Luca gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, medea dɔ aɖe asi na Manuel hegblɔna nɛ be wòadze gɔme ne makpe ɖe eŋu emegbe. Zi geɖe la, kaka makpɔa, eya ŋutɔ wɔ dɔa xoxo. Esia nana wòkpɔa dzidzɔ eye wòsena le eɖokui me be viɖe le ye ŋu. Ne ewɔ dɔa nyuie la, mekafunɛ. Ne mete ŋu wɔe nyuie o hã la, menana wònyana be mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe agbagbadzedze ŋu.”

Àte ŋu ana viwòŋutsuvia nakpɔe be viɖe le ye ŋu hã ne èkpe ɖe eŋu wòɖo agbemetaɖodzinu vevi aɖewo gbɔ. Ke ne viwòa mele taɖodzinuawo gbɔ ɖom kabakaba abe ale si nèdii ene o ya ɖe? Alo ne edzɔ be eti taɖodzinu siwo to vovo na esiwo gbɔ nàdi be wòaɖo hafi la yome, evɔ eƒe taɖodzinuawo megblẽ le wo ɖokui si o hã ɖe? Ne nenemae la, mahiã kokoko be nàte tɔ ɖe nu siwo nèle mɔ kpɔm be wòawɔ dzi o. Jacques, si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Mekpena ɖe vinyeŋutsuvia ŋu be wòati taɖodzinu siwo gbɔ wòate ŋu aɖo yome. Gake mekpɔa egbɔ be wòase le eɖokui me be ye ŋutɔe ɖo taɖodzinu mawo na ye ɖokui, ke menye nyee zii ɖe ye dzi o. Eye meɖoa ŋkui be ele be maɖe mɔ nɛ wòaɖo taɖodzinuawo gbɔ le eƒe ŋutete nu.” Ne èɖoa to sea viwòŋutsuvia ƒe susuwo, èkafunɛ ɖe nu siwo me wòdze agbagba le ta, eye nèdea dzi ƒo nɛ be eƒe kpododonuwo nagana dzi naɖe le eƒo o la, esia akpe ɖe eŋu wòaɖo eƒe taɖodzinuwo gbɔ.

Adzɔ godoo be masɔmasɔ aɖewo naɖo mía kple viwòa dome ɣeaɖewoɣi ya. Gake nyae be edi vevie be ye kpli wò dome nanɔ kplikplikpli abe vi kple tɔ ene. Nya lae nye be mí katã míedina be mía kple ame si kpena ɖe mía ŋu le nanewo me la dome nanɔ nyuie.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Togbɔ be nyati sia aƒo nu tso ale si vifofowo awɔ ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woa kple wo viŋutsuviwo dome ŋu hã la, gɔmeɖoseawo ku ɖe vifofowo kple wo vinyɔnuviwo dome ƒomedodo hã ŋu.