Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Nu Si Dim Mawu Le Tso Asiwò

Wɔ Nu Si Dim Mawu Le Tso Asiwò

Te Ðe Mawu Ŋu

Wɔ Nu Si Dim Mawu Le Tso Asiwò

‘TAMEÐOÐO kae le agbea ŋu?’ Ðe nèbia nya sia ɖokuiwò kpɔa? Menye ɖeko Yehowa na ŋutete mí be míabia nya siawo tɔgbi ko evɔ o, edee mía me hã be míadi vevie be míanya ŋuɖoɖoa. Dzidzɔtɔe la, mía Mawu lɔ̃ame la megblẽ mí ɖe viviti me o. Ena nya sia ƒe ŋuɖoɖo mí le eƒe Nya Biblia me. Na míadzro Fia Salomo ƒe nya siwo le Nyagblɔla 12:13 me kpɔ.

Nuwo nɔ edzi dzem na Salomo nyuie. Nya geɖe nɔ esi wòagblɔ tso ale si woawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me ŋu. Esi wòdze nunya eteƒe mekɔ o, kesinɔnuwo bɔ ɖe esi, eye fia hãe wònye ta la, enya nu siwo yome amegbetɔwo ate ŋu ati le agbe me la ƒe totoeƒe dodoeƒewo katã, kesinɔnuwo kple ŋkɔxɔxɔ yometiti medo le eme o. (Nyagblɔla 2:4-9; 4:4) Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòƒo nya ta be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” Nya siawo he susu yi nu nyuitɔ si yome wòle be amegbetɔ nati wu la dzi.

“Vɔ̃ Mawu.” Ne ame aɖewo see be ele be woavɔ̃ Mawu la, ate ŋu aɖe fu na wo vie. Gake vɔvɔ̃ sia nye vɔvɔ̃ nyuitɔ si ɖenɛ fiana be dzi nyui le ame si. Mele abe ale si kluvi vɔ̃a eƒe aƒetɔ le esi wòwɔa ŋlɔmi le eŋu ta ene o, ke boŋ ele abe ale si ɖevi adi vevie be yeawɔ nu si adze ye fofo si melɔ̃a nu le ye gbɔ o ŋu ene. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be Mawu vɔvɔ̃ nye “bubu deto si Mawu ƒe amewo dea eŋu le esi wolɔ̃e henyae be eya tɔe nye ŋusẽ kple gãnyenyewo katã ta.” Tamesusu ƒe nɔnɔme sia ʋãa mí míebɔbɔa mía ɖokui ɖe Mawu te hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu le esi míelɔ̃e eye míenya be eya hã lɔ̃ mí ta. Mele be vɔvɔ̃ nyuitɔ sia nanye seselelãme dzro ko o, ke boŋ ele be wòadze le míaƒe nuwɔna hã me. Aleke?

“Nalé eƒe seawo me ɖe asi.” Mawu vɔvɔ̃ ʋãa mí míeɖoa toe. Esɔ be míaɖo to Yehowa bliboe. Esi wònye eyae wɔ mí ta la, enya mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa di be eme nanyo na mí. Edi be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me, eye susu ma tae eƒe sewo li ɖo. (Yesaya 48:17) Apostolo Yohanes ɖe eme be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.” (1 Yohanes 5:3) Esi Mawu lɔ̃ mí tae wòtsɔ eƒe seawo na mí ɖo, eye ne míawo hã míewɔa seawo dzi la, eɖenɛ fiana be míelɔ̃e.

“Esia nye amegbetɔwo katã tɔ.” Nya siawo he susu yi nu si koŋ tae wòle be míavɔ̃ Mawu ahaɖo toe ɖo la dzi. Ele fiafiam be agbanɔamedzie esia nye na mí le Yehowa ŋkume, ɛ̃, edi tso mía si be míavɔ̃ ye ahaɖo to ye. Esia sɔ pɛ, elabena eyae wɔ mí. (Psalmo 36:10) Esi wònye eyae na agbe mí ta la, ele be míaɖo toe. Ne míenɔa agbe ɖe eƒe nudidiwo nu la, efia be míele nu si wòdi tso mía si wɔm.

Ke azɔ, tameɖoɖo kae le agbea ŋu? Ne míagblɔe kpuiea, eyae nye be: Ðe Mawu wɔ mí be míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Ne míewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ko hafi tameɖoɖo vavã anɔ míaƒe agbe ŋu. Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple ale si nànɔ agbe ɖe enu ŋu oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le November me:

Lododowo 22Hawo Ƒe Ha 8