Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Dzilawo Nafia Nu Wo Viwo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋua?

Ðe Wòle Be Dzilawo Nafia Nu Wo Viwo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋua?

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Wòle Be Dzilawo Nafia Nu Wo Viwo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋua?

▪ Dzila geɖewo dzea agbagba vevie be yewoakpɔ yewo viwo ta tso dɔléle vɔ̃ɖiwo si me. Nenema tututue wòle be woadze agbagba akpɔ wo ta tso agbenɔnɔ siwo agblẽ nu le wo ŋu hã mee. Mɔ ɖeka si dzi woato awɔ esiae nye be woana gbɔdɔdɔ ŋuti sidzedze si da sɔ nasu wo viwo si. (Lododowo 5:3-23) Ele vevie be dzilawo nana hehe wo viwo ahana agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame wo elabena gbɔdɔdɔ manɔsenu nuwɔna siwo ɖeviwo kpɔna le television kple Internet dzi, le agbalẽwo kple fefewo me la le dzidzim ɖe edzi.

Diane Levin, si nye hehenana ŋuti nufialagã kple nuŋlɔla la gblɔ be: “Menye mía viwo ƒe nusɔsrɔ̃ tso gbɔdɔdɔ ŋue nye kuxia o. Kuxia koŋ ye nye nu si ƒomevi srɔ̃m wole, ƒe si woxɔ hafi le esrɔ̃m, kple ame si le wo fiam. Asitsaxexea, nyatakakamɔnuwo, agbalẽwo, kple hadzidziwo ƒãa gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu totro ɖe ɖeviwo me.”

Ehiã be dzilawo nakpɔ wo viwo ta tso gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu totro siwo le nu gblẽm le amegbetɔƒomea ŋu la me. (Lododowo 5:1; Efesotɔwo 6:4) Ele be ɖeviwo nanya ale si woƒe ŋutilã wɔa dɔe, ale si woalé be na wo ɖokui, kple ale si woakpɔ wo ɖokuiwo ta tso agbe gbegblẽ nɔlawo si me. Hafi nyɔnuvi naɖo eƒe ƒewuiwo me—ƒe siwo me dzesiwo tea dzedze be ame le nyɔnu alo ŋutsu me ɖom—la, ele be woafia nui tso tɔtrɔ siwo ava eƒe ŋutilãme ŋu ahana wòase nu si tae nyɔnu ɖoa asi anyi kple ale si asiɖoanyi dzɔnae gɔme. Nenema kee ele be woana ŋutsuvi nanya do ŋgɔ be ne eva le ƒewuiwo me ɖom la, adzɔ be wòanye tsi le zã me. Ele be dzilawo nafia wo viwo ale si tututu woyɔa vidzinuwoe tso woƒe ɖevime ke. Dzila siwo lɔ̃ wo viwo la fiaa nu vevi etɔ̃ wo tso ŋutinu siawo ŋu: (1) Nu tɔxɛ wonye. (2) Mele be woaƒo nu tso wo ŋu le mɔ gbegblẽ nu o. (3) Mele be woana ame bubuwo naka asi wo ŋu alo akpɔ wo o. Ne ɖeviawo le tsitsim la, dzilawo akpɔe ɖa be ɣekaɣie wòasɔ be yewoaɖe ale si nyɔnu wɔna fɔa fu me na wo hã. *

Ɣekaɣie wòle be dzilawo nate nu siawo fiafia wo viwo? Ele be woadze egɔme kaba wu ale si ame geɖe susui. Ate ŋu adzɔ be nyɔnuvi maxɔ ƒe 10 kura gɔ̃ hã hafi adze asiɖoɖo anyi o. Ŋutsuvi ate ŋu ate tsinyenye le zã me tso ƒe 11 alo ƒe 12. Tɔtrɔ siawo ate ŋu aɖe fu na ɖeviwo ne womenya nu si tututu wonye o. Ele be ɖeviwo nanya do ŋgɔ be tɔtrɔ mawo nye dzɔdzɔmenu siwo ŋu naneke megblẽ le o. Ɣemaɣi kee wòle be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woakpɔ vevienyenye si le agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo nu ŋu adze sii—nu mae mɔnu siwo dzi xexea tona fiaa nu tso gbɔdɔdɔ ŋu la dometɔ akpa gãtɔ doa kpo wɔwɔ.—Lododowo 6:27-35.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Dzilawo ate ŋu akpɔ nya siawo ŋuti numeɖeɖe nyuiwo le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ siwo gbɔna me: Nyati si nye “Na Viwònyɔnu Nanya Nu tso Asiɖoɖoanyi Ŋu,” le July 2006 ƒe Nyɔ! me, axa 18-21; Questions Young People Ask—Answers That Work, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) Babla Evelia ƒe ta 6 lia; kple nyati si nye “Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ—Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu,” le November 1, 2010 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 12-14.