Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abraham—Enye Dzinɔameƒotɔ

Abraham—Enye Dzinɔameƒotɔ

Abraham—Enye Dzinɔameƒotɔ

Abraham nɔ eƒe ƒomea me tɔwo kple eƒe dɔlawo kpɔm dũu esi wonɔ agba fɔm be yewoaɖo ta Kanaan-nyigba dzi. (1 Mose 12:1-5) Esi Abraham tsa ŋku godoo hekpɔ ame gbogbo siawo siwo le eƒe dzikpɔkpɔ te la, ekpɔe enumake be agba gã aɖe dze ŋgɔ ye. Aleke wòawɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le dzronyigba dzi? Ðe esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe nɛ wu le wo de Ur, afi si nuwo de ame dzi le, lãnyiƒe nyui geɖewo le, anyigba wɔa nu le, eye tsi bɔ ɖo la oa? Ke ne edzɔ be wòva dze dɔ alo ku le anyigba ma dzi ɖe? Ame kae akpɔ eƒe ƒomea dzi? Ne Abraham tsi dzi ɖe nu siawo ŋu hã la, esia mena be eƒe lãme fa ɖe yiyi ŋu o. Nu ka kee ɖadzɔ o, eɖoe kplikpaa be yeaɖo to Mawu ahayi. Ɛ̃, dzi nɔ eƒo vavã.

NU KAE NYE DZINƆAMEƑO? Efia be woasẽ ŋu, ate afɔ to, awɔ kalẽ. Nu si to vovo na esiae nye vɔvɔ̃ alo hehe ɖe megbe. Ne dzi le ame ƒo la, mefia be amea mevɔ̃na kura o. Ke boŋ ame si ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu le nuwɔwɔ dzinɔameƒotɔe me la ɖua vɔvɔ̃ dzi hewɔa nu si sɔ.

ALEKE ABRAHAM WƆ NU DZINƆAMEƑOTƆE? Abraham wɔ nu si to vovo na nu si ame akpa gãtɔ wɔna. Nuto si me amewo subɔa mawu vovovowo kple legbawo le la mee Abraham nɔ tsi. Ke hã mena nu si amewo asusu la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi wògbe nu si wònya be enyo la wɔwɔ o. Ke boŋ dzi nɔ Abraham ƒo wòwɔ nu si to vovo; etiae be yeasubɔ “Mawu dziƒoʋĩtɔ” la ɖeka kolia, si nye Yehowa.—1 Mose 14:21, 22.

Abraham tsɔ Mawu vavã la subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, ke menye ŋutilãmenuwo o. Elɔ̃ faa ɖe asi le dzidzemegbe si wònɔ le Ur la ŋu, eye wòɖo ta gbedzi heka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye. Anɔ eme be esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Abraham anya nɔ ŋku ɖom ale si nuwo dze edzi nɛ esime wònɔ Ur la dzi. Gake Abraham ka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ ye kple yeƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo godoo. Esi Yehowa nye ame vevitɔ kekeake na Abraham le agbe me ta la, eku ɖe eŋu goŋgoŋ, eye dzi nɔ eƒo wòwɔ Mawu ƒe sewo dzi.

NU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME? Ele be dzi nanɔ mía ƒo míaɖo to Yehowa, abe Abraham ene, nenye be ame siwo dome míele la gbe esia wɔwɔ gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Biblia na míenya be ate ŋu adzɔ be xɔlɔ̃wo alo ƒometɔ siwo tsia dzi ɖe mía ŋu la natsi tsitre ɖe mía ŋu ne míetiae be míasubɔ Yehowa Mawu. (Yohanes 15:20) Gake ne míeka ɖe nu si míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu dzi la, míeʋlia míaƒe dzixɔsewo ta, eye míewɔa esia bubutɔe.—1 Petro 3:15.

Míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Mawu do be yeakpɔ ame siwo ɖoa dzi ɖe ye ŋu la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la hã dzi. Xɔse sia tɔgbi nana dzi ɖoa mía ƒo be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo ŋgɔ na ŋutilãmenuwo le agbe me. (Mateo 6:33) Na míade ŋugble le ƒome aɖe si wɔ esia la ŋu kpɔ.

Togbɔ be vi eve le Doug kple Becky si hã la, wodi be yewoaʋu ayi dukɔ aɖe si me gbeƒãɖelawo mede ha le o la me aɖagblɔ Biblia me nya nyuia le afi ma. Esi wobia nya geɖe tso teƒea ŋu hedo gbe ɖa vevie le eŋu vɔ la, wotso nya me be yewoayi. Doug gblɔ be: “Ebia dzinɔameƒo be míafɔ agba eye mía kple mía vi sueawo míaʋu evɔ míenya ale si tututu nuwo ava nɔ na mí o. Gake esi míedze ɖoɖoa wɔwɔ gɔme teti la, míedzro Abraham kple Sara ƒe kpɔɖeŋua me. Esi míede ŋugble le ale si woɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, kple ale si megblẽ wo ɖi gbeɖe o ŋu la, esia kpe ɖe mía ŋu geɖe.”

Doug gblɔ tso ale si agbea le na wo le dukɔ bubu me ŋu ale: “Woyra mí geɖe.” Egblɔ kpee be: “Esi wònye be míele agbe tsɛ nɔm ta la, míetea ŋu wɔa nu ɖekae abe ƒome ene gbe sia gbe—míeɖea gbeƒã, ɖoa dze heɖea modzaka kple mía viawo ɖekae. Míate ŋu agblɔ dzidzeme si gbegbe kpɔm míele la wòade edeƒe o.”

Ele eme baa be menye ame sia mee ate ŋu awɔ trɔtrɔ gã sia ya o. Ke hã, mí katã míate ŋu asrɔ̃ Abraham ƒe kpɔɖeŋua ne míetsɔ Mawu subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye míeka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, esia wɔwɔ ana “dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.’”—Hebritɔwo 13:5, 6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Ame si ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu le nuwɔwɔ dzinɔameƒotɔe me la ɖua vɔvɔ̃ dzi hewɔa nu si sɔ

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nyɔnu Mawuvɔ̃la Kple Srɔ̃nyɔnu Nyui

Sara srɔ̃ Abraham nye ŋutsu si ƒe xɔse ɖe dzesi ŋutɔ. Ke hã, nyɔnu mawuvɔ̃la sia ŋutɔ hã ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Le nyateƒe me la, Biblia yɔe zi gbɔ zi etɔ̃ be enye ame si ɖo kpɔɖeŋu ɖi na nyɔnu mawuvɔ̃la siwo li egbea be woasrɔ̃. (Yesaya 51:1, 2; Hebritɔwo 11:11; 1 Petro 3:3-6) Togbɔ be Biblia megblɔ nya geɖe tso nyɔnu ɖedzesi sia ŋu o hã la, míate ŋu ade dzesii be nyɔnu nyui aɖee wònye.

Bu ale si Sara anya wɔ nui zi gbãtɔ esime Abraham gblɔ nɛ be Mawu be yewoneʋu le Ur la ŋu kpɔ. Ðe wòbia nu si ta wobe yewoneʋu kple afi si yim yewole la eɖokuia? Ðe wòanya tsi dzi ɖe woƒe nuhiahiãwo ŋua? Ðe wòte ɖe edzi be yeadzo le ye xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo gbɔ, esi menya ne yeagado go wo gbe aɖe gbe alo agakpɔ wo kura oa? Anɔ eme godoo be susu siawo va tame nɛ. Ke hã, elɔ̃ faa be yewoaʋu, eye wòka ɖe edzi be Yehowa ayra ye ne yeɖo to.—Dɔwɔwɔwo 7:2, 3.

Menye mawuvɔ̃la si ɖoa to koe Sara nye o, ke enye srɔ̃nyɔnu nyui aɖe hã. Le esi Sara nanɔ tanyenyea ʋlim kple srɔ̃a le ale si woakpɔ ƒomenyawo gbɔe ŋu teƒe la, esrɔ̃ ale si wòade bubu srɔ̃a ŋu tso dzi blibo me, eye wòkpea asi ɖe eŋu be wòaxɔ ŋgɔ le ƒomea me. Eto esia wɔwɔ me tsɔ nɔnɔme nyui siwo le eme la ɖo atsyɔ̃ na eɖokui—si nye tugbedzedze vavãtɔ.—1 Petro 3:1-6.

Ðe eƒe nɔnɔme nyui siawo ate ŋu aɖe vi na srɔ̃nyɔnuwo egbea? Srɔ̃nyɔnu aɖe si kpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me ƒe 30 enye sia, si ŋkɔe nye Jill, gblɔ be: “Sara ƒe kpɔɖeŋua na mesrɔ̃e be mate ŋu agblɔ nye susu na srɔ̃nye faa.” Egagblɔ be: “Menyae hã be srɔ̃nyee nye ƒomea ƒe ta, eya ta ne míelé nyawo kpɔ vɔ la, eyae wòle be wòatso nya me. Ne enya tso nya me ko la, medzea agbagba ɖe sia ɖe be mawɔ nu si ana eƒe nyametsotsoa nadze edzi.”

Ðewohĩ nu lédziname si míate ŋu asrɔ̃ tso Sara gbɔe nye esi: Togbɔ be Sara dze tugbe ŋutɔ hã la, mena eƒe tugbedzedzea zu dada nɛ o. (1 Mose 12:10-13) Ke boŋ ebɔbɔ eɖokui nɔ Abraham ŋu kplikplikpli le nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo siaa me. Ðikeke mele eme o be Abraham kple Sara nye nuteƒewɔla siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo, wonye atsu kple asi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe nya kpɔ, eye wonye yayra na wo nɔewo.