Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abraham—Ame Si Lɔ̃a Ame

Abraham—Ame Si Lɔ̃a Ame

Abraham—Ame Si Lɔ̃a Ame

Esi Abraham srɔ̃a lɔlɔ̃a Sara ku la, menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Tɔgbui ma ɖo ŋku ɣeyiɣi dodzidzɔname geɖe dzi esime wònɔ srɔ̃ lɔlɔ̃a ɖim. Esi nuxaxa wu dzi nɛ ta la, efa avi. (1 Mose 23:1, 2) Le esi aɖatsi mawo nakpe ŋu na Abraham teƒe la, ɖe wòɖe eƒe nɔnɔme nyuitɔwo dometɔ ɖeka fia boŋ—si nye eƒe lɔlɔ̃.

NU KAE NYE LƆLƆ̃? Lɔlɔ̃ nye seselelãme deto ɖeɖe fia ame si ƒe nu lé dzi na ame. Ame si lɔ̃a ame la ƒe lɔlɔ̃ dzena le ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu la me, ne ehiã be wòatsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã.

ALEKE ABRAHAM ÐE LƆLƆ̃ FIAE? Abraham ɖee fia be yelɔ̃ yeƒe ƒomea. Ðikekemanɔmee la, Abraham nye ame si ŋu vovo mele o. Ke hã, ekpɔa eƒe ƒomea ƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ na wo. Le nyateƒe me la, Yehowa ŋutɔ de dzesii be Abraham xɔa ŋgɔ na eƒe ƒomea le tadedeagu me. (1 Mose 18:19) Gawu la, Yehowa ƒo nu tso Abraham ƒe lɔlɔ̃ ŋu tẽe. Esi wònɔ nu ƒom tso Isak ŋu na Abraham la, eyɔe be, viwò “si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o.”—1 Mose 22:2.

Ale si Abraham wɔ nui esi srɔ̃a Sara ku la hã gaɖe ale si gbegbe wòlɔ̃a amee la fia. Abraham fa avi vevie esi srɔ̃a ku. Togbɔ be enye ame si wɔa ŋutsu hã la, mekpe ŋu nɛ be amewo akpɔ ye be yele avi fam o. Míekpɔ ŋutsuwɔwɔ kple tufafa siaa le Abraham ƒe nuwɔna me.

Abraham ɖee fia be yelɔ̃ Mawu si subɔm yele la. Eɖe lɔlɔ̃ sia fia le eƒe agbe me katã. Le mɔ ka nu? Míate ŋu aɖo ŋku nya si Biblia gblɔ le 1 Yohanes 5:3 dzi be: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi.” Mawunyakpukpui sia na wòdze ƒãa be Abraham ɖo lɔlɔ̃ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi.

Ɣesiaɣi si Yehowa de se aɖe na Abraham la, ewɔna ɖe edzi enumake. (1 Mose 12:4; 17:22, 23; 21:12-14; 22:1-3) Sea ɖasesẽ loo alo meɖasesẽ o, Abraham ɖase nu si ta Yehowa bia nane wɔwɔ tso esi loo alo meɖase egɔme o, ewɔna ɖe edzi pɛpɛpɛ. Abraham mebua susu mawo ŋu boo o. Ne Mawu si subɔm wòle la nya bia nane tso esi ko la, ewɔnɛ tso dzi blibo me. Abraham bua seawo dometɔ ɖe sia ɖe be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ na Mawu afia.

NU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME? Míate ŋu asrɔ̃ Abraham ƒe kpɔɖeŋu le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia amewo me, vevietɔ míaƒe ƒometɔwo. Mele be míaɖe mɔ agbemekuxiwo naxe mɔ na mí be míagakpɔ vovo ɖe míaƒe ame veviwo ŋu o.

Azɔ hã, ele be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me. Lɔlɔ̃ sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu aʋã mí be míatrɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo, míaƒe nuƒoƒo, kple míaƒe nuwɔnawo ŋu wòadze Mawu ŋu.—1 Petro 1:14-16.

Enye nyateƒe be toɖoɖo Yehowa mele bɔbɔe ɣesiaɣi o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Ame si kpe ɖe Abraham ŋu—Ame si yɔe be “xɔ̃nye” la—li be yeakpe ɖe míawo hã ŋu. (Yesaya 41:8) Eƒe Nya Biblia la ka ɖe edzi na mí be ‘ana míali ke, ana míasẽ ŋu.’ (1 Petro 5:10) Ŋugbedodo lédziname ka gbegbee nye esi tso Abraham Xɔlɔ̃ si dzi míate ŋu aka ɖo la gbɔ na mí!

[Aɖaka si le axa 11]

Ðe Wògblẽ Be Ŋutsu Nafa Avia?

Ame geɖe agblɔ be ɛ̃, mesɔ o. Ðewohĩ awɔ nuku na wo be woase be menye Abraham koe nye ŋutsu kalẽtɔ nuteƒewɔla si fa avi le Biblia me esime nu te ɖe edzi vevie o. Amewo abe Yosef, David, apostolo Petro, Efeso hamemetsitsiwo kple Yesu gɔ̃ hã fa avi. (1 Mose 50:1; 2 Samuel 18:33; Luka 22:61, 62; Yohanes 11:35; Dɔwɔwɔwo 20:36-38) Kpuie ko la, Biblia megblɔ be ŋutsu mefaa avi o.