Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Biblia Gblɔ Nu Siwo Ava Dzɔ La Ðia?

Ðe Biblia Gblɔ Nu Siwo Ava Dzɔ La Ðia?

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Ðe Biblia Gblɔ Nu Siwo Ava Dzɔ La Ðia?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Ðe Biblia gblɔa nyawo ɖi tsitotsitoa?

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la koe ate ŋu anya nu siwo ava dzɔ la tsitotsito. (Amos 3:7) Le kpɔɖeŋu me, egblɔ tso blema ke be ame aɖe ava si woayɔ be Mesia, alo Kristo. Mesia sia anye nuteƒewɔla Abraham ƒe dzidzimevi. Eyae anye dziɖula si ana agbe deblibo si me dɔléle manɔ o la nagasu ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo si. (1 Mose 22:18; Yesaya 53:4, 5) Ame sia si ŋugbe wodo la atso Betlexem.—Xlẽ Mixa 5:1.

Kpeɖodziawo ɖee fia be Yesue nye Mesia la. Biblia gblɔe ɖi ƒe alafa adre kple edzivɔ do ŋgɔ be ɖetugbui nɔaƒe aɖee adzi Mesia la, eye woado vloe. Atsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃wo ta, eye woaɖii ɖe kesinɔtɔwo dome. (Yesaya 7:14; 53:3, 9, 12; Mateo 1:23) Biblia gagblɔ ƒe alafa atɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ be ado tedzi ayi Yerusalem, eye woafia eyome mɔ axɔ klosalo blaetɔ̃. Nyagblɔɖi siawo dometɔ ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ.—Xlẽ Zaxariya 9:9; 11:12.

2. Ðe Mawu tɔ asi ƒe aɖewo koŋ dzia?

Biblia gblɔ ƒe si tututu me Mesia la ado ɖi ƒe alafa atɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ. Wobu ɣeyiɣi didi si ava yi hafi wòado la ɖe ƒewo ƒe kwasiɖawo nu, si fia be wobu “kwasiɖa” ɖe sia ɖe be enye ƒe adre. Wogblɔ be kwasiɖaawo anye kwasiɖa 7 kple kwasiɖa 62, si nye ƒewo ƒe kwasiɖa 69. Esia ana míakpɔ ƒe 483. Ɣekaɣie ƒe siawo dze egɔme? Le Biblia ƒe nya nu la, ƒe mawo dze egɔme tso esime Mawu subɔla Nexemiya va Yerusalem hedze dua tsotso gɔme. Persiatɔwo ƒe ŋutinya gblɔ be ƒe mae nye ƒe 455 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli. (Nexemiya 2:1-5) Wonyrɔ Yesu ɖe tsi me wòzu Mesia la le ƒe 483 megbe, le ƒe 29 Mía Ŋɔli me, ɖe ɣeyiɣia dzi tututu.—Xlẽ Daniel 9:25.

3. Ðe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam fifia?

Yesu gblɔ nu ɖedzesi aɖewo siwo adzɔ le míaƒe ŋkekeawo me la ɖi. Eƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ƒe nya nyui, si ahe gbɔdzɔe avae na ame siwo lɔ̃ Mawu le xexea me godoo la ŋu. Fiaɖuƒe ma ava ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi si me míele fifia la ɖa keŋkeŋ.—Xlẽ Mateo 24:14, 21, 22.

Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ƒo nu tso fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣia ŋu tsitotsito. Biblia ɖee fia be, le esi amegbetɔƒomea si wɔ ŋgɔyiyi nana nuwo nanyo ɖe edzi teƒe la, ɖe woanɔ anyigba la gblẽm boŋ. Fukpekpe siwo aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, kple dɔléle vɔ̃ɖiwo hena vae la anɔ gã dom ɖe edzi. (Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 11:18) Agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ayi to kura. Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, Yesu yomedzelawo aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le dukɔwo katã me.—Xlẽ Mateo 24:3, 7, 8; 2 Timoteo 3:1-5.

4. Nu kae míanɔ mɔ kpɔm na le etsɔme?

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖo tame nyui aɖe ɖe ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ŋu. Yesu Kristo, si nye Mesia la, kple ame tiatia siwo kpe ɖe eŋu la anɔ dziƒo aɖu anyigba dzi. Ame siawoe nye dziɖulawo le Fiaɖuƒea me, eye woaɖu dzi ƒe akpe ɖeka. Woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee. Gawu la, woada dɔ na ame sia ame si anɔ Fiaɖuƒea me. Eye ku kple dɔléle maganɔ anyi o.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 5:10; 20:6, 12; 21:4, 5.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 23-25 kple 197-201. Yehowa Ðasefowoe tae.