Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nye Yehowa, Wò Mawu, Lae Lé Wò Nuɖusi Ðe Asi’

‘Nye Yehowa, Wò Mawu, Lae Lé Wò Nuɖusi Ðe Asi’

Te Ðe Mawu Ŋu

‘Nye Yehowa, Wò Mawu, Lae Lé Wò Nuɖusi Ðe Asi’

ESI vifofo aɖe kple via wodi be yewoatso ʋumɔ gã aɖe me la, egblɔ na ɖevia be: “Lé nye asi.” Esi fofoa ƒe asi sesẽ mawo lé eƒe asi sue ma ta la, ɖevia mevɔ̃ o, ekpɔe be yele dedie. Ðe nàdi be ame aɖe nalé yeƒe asi akplɔ ye ato xexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo la mea? Ne èdii la, ekema nya siwo Yesaya ŋlɔ ɖi la ade dzi ƒo na wò.—Xlẽ Yesaya 41:10, 13.

Israel dukɔa ye Yesaya ŋlɔ nya siawo na. Togbɔ be Mawu bu dukɔa be ‘wonye ye tɔ koŋ’ hã la, futɔwo ƒo xlã wo. (2 Mose 19:5) Ðe wòle be Israel viwo navɔ̃a? Yehowa to Yesaya dzi gblɔ nya aɖe si ade dzi ƒo na wo la, na wo. Ne míele nya mawo me dzrom la, na wòanɔ susu me na wò be nya mawo ka Mawu subɔla siwo li egbea hã.—Romatɔwo 15:4.

Yehowa de dzi ƒo na wo gblɔ bena “mègavɔ̃ o.” (Kpukpui 10) Susu aɖe tae wògblɔ nya siawo ɖo. Yehowa yi edzi ɖe nu si tae mele be eƒe amewo navɔ̃ o la me esi wògblɔ be, “elabena meli kpli wò.” Nya mawo mefia be adzɔge kee wòle, kple susu be yeava xɔ na ame le nɔnɔme sesẽwo me ne ehiã o. Ke boŋ ɖe wòdi be yeƒe amewo nanyae be yeli kpli wo—abe ɖe yele wo xa tututu ene—hele klalo be yeakpe ɖe wo ŋu. Ðe nya siawo mana ame ƒe dzi nadze eme oa?

Yehowa gana kakaɖedzi esubɔlawo esi wògblɔ be: “Ŋɔ megadzi wò o.” (Kpukpui 10) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia ate ŋu afia ame siwo “nɔa ŋku tsam mlamlamla le ŋɔdzi ta be yewoade dzesi afɔku siwo ate ŋu agblẽ nu le yewo ŋu la.” Yehowa ɖe susu si ta mele be yeƒe amewo natsɔ vɔvɔ̃ anɔ megbe kpɔm kabakaba o la me esi wògblɔ be: “Elabena nyee nye wò Mawu.” Kakaɖedzinya ka gbegbee nye esi! Yehowae nye “Dziƒoʋĩtɔ” kple “Ŋusẽkatãtɔ.” (Psalmo 91:1) Esi Yehowa, ŋusẽwo katã tɔ lae nye woƒe Mawu ta la, nu ka tae wòle be woavɔ̃?

Ke nu kae Yehowa subɔlawo ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na be wòawɔ na yewo? Edo ŋugbe be: “Matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.” (Kpukpui 10) Egagblɔ be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’ (Kpukpui 13) Ne èse nya mawo la, nu kae vaa susu me na wò? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Kpukpui eve siawo ɖoa ŋku dzila aɖe kple via dzi na mí. Menye ɖeko vifofoa tɔna ɖi be yeakpe ɖe ye via ŋu ko o, ke enɔa ɖevia xa tututu hã; eye meɖea asi le ɖevia ŋu o.” Wò ya bu eŋu kpɔ ko: Yehowa maɖe asi le esubɔlawo ŋu o, ne edze abe ɖe wole nɔnɔme sesẽtɔwo me tom le agbe me ene gɔ̃ hã.—Hebritɔwo 13:5, 6.

Yesaya ƒe nya siwo wòŋlɔ la ate ŋu ade dzi ƒo na Yehowa subɔla siwo li egbea ŋutɔ. Le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la, anɔ eme be agbemekuxiwo ate ŋu ana nu nate ɖe mía dzi. (2 Timoteo 3:1) Gake mele be míawo ɖeɖe míanɔ agbagba dzem be míakpɔ wo gbɔ o. Yehowa le klalo be yealé míaƒe asi. Abe vi si ka ɖe fofoa dzi ene la, mina míalé eƒe asi sesẽ la, ahaka ɖe edzi be akplɔ mí ato mɔ nyuitɔ dzi, eye wòakpɔ mía ta le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.—Psalmo 63:8, 9.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le January me:

Yesaya 24-42