Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Bia Tso Abraham Si Be Wòatsɔ Via Asa Vɔe?

Nu Ka Tae Mawu Bia Tso Abraham Si Be Wòatsɔ Via Asa Vɔe?

Exlẽlawo Bia Be . . .

Nu Ka Tae Mawu Bia Tso Abraham Si Be Wòatsɔ Via Asa Vɔe?

▪ Biblia gblɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me be, Yehowa Mawu bia tso Abraham si be wòatsɔ via Isak asa vɔe. (1 Mose 22:2) Esesẽna na ame aɖewo siwo xlẽa Biblia la be woase nya siawo gɔme. Nufialagã aɖe si woyɔna be Carol gblɔ be: “Esi mexlẽ ŋutinya sia zi gbãtɔ le nye ɖevime la, dzi kum vevie ŋutɔ. Mawu kae abia nu sia gbegbe tso ame si?” Togbɔ be míate ŋu ase le mía ɖokui me alea hã la, ele be nya vevi aɖewo nanɔ susu me na mí.

Gbã la, bu nu si Yehowa mewɔ o la ŋu kpɔ. Mena Abraham tsɔ via sa vɔe o, togbɔ be Abraham ŋutɔ lɔ̃ be yeawɔe hã. Eye Mawu megabia nu sia tɔgbi tso ame aɖeke si o. Yehowa di be ye subɔlawo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, nanɔ agbe didi ahakpɔ dzidzɔ.

Evelia, Biblia na eme kɔ na mí be susu vevi aɖe tae Mawu bia tso Abraham si be wòatsɔ via Isak asa vɔe. Mawu nyae be ƒe alafa geɖe megbe la, yeana ye ŋutɔ ye Vi * Yesu, nava ku ɖe mía ta. (Mateo 20:28) Ðeko Yehowa di be yeana míanya nu si gbegbe vɔsa ma abia tso ye si. Nu si wòbia tso Abraham si be wòawɔ la nye nu si eya ŋutɔ ava wɔ la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Le mɔ ka nu?

Bu nya si Yehowa gblɔ na Abraham ŋu kpɔ: “Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, . . . eye nàtsɔe amè nui” nam. (1 Mose 22:2) De dzesii be Yehowa yɔe be, “wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la.” Yehowa nya be vi vevi aɖee Isak nye na Abraham. Eye Yehowa nya be ye ŋutɔ hã yemelɔ̃a nu le ye Vi Yesu gbɔ o. Yehowa lɔ̃ Yesu ale gbegbe be eƒo nu zi eve tso dziƒo tẽe be, “Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.”—Marko 1:11; 9:7.

De dzesii hã be ameŋububu dze le ale si Yehowa ƒo nu na Abraham me. Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be ameŋububu si dze le nya sia me fia be, “AƑETƆ la nya be nu sesẽ aɖe ŋutɔe wònye be ame natsɔ via asa vɔe.” Abe ale si nàkpɔe ene la, nu sia anya te ɖe Abraham dzi vevie; nenema kee Yehowa hã anya se veve manyagblɔ aɖe esime wònɔ Via kpɔm wònɔ veve sem heto eme ku. Ðikekemanɔmee la, Yehowa mese veve alea kpɔ o, eye ɖewohĩ magase veve alea akpɔ gbeɖe o.

Ne nu si Yehowa bia tso Abraham si be wòawɔ la te ɖe mía dzi vevie hã la, ele be míanyae hã be Yehowa meɖe mɔ na blemafofo wɔnuteƒe sia wòwu via o. Mena be Abraham to vevesese gã si me dzila ato ne vi ku nɛ la me o; exɔ Isak ɖe agbe. Gake Yehowa “meve nu le ye ŋutɔ Via . . . gɔ̃ hã ŋu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta.” (Romatɔwo 8:32) Nu ka tae Yehowa lɔ̃ be yeato vevesese ma gbegbe me? Ewɔ esia ale be “míakpɔ agbe.” (1 Yohanes 4:9) Aleke gbegbe Mawu lɔ̃ míi enye esi! Ðe mele be esia naʋã míawo hã be míalɔ̃e oa? *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Biblia megblɔ be Mawu nɔ anyi kple nyɔnu hafi wodzi Yesu o. Ke boŋ ɖe Mawu wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia si wòdɔ emegbe ɖo ɖe anyigba dzi, si wòtsɔ de ɖetugbui leaƒe Maria ƒe vidzidɔ me wòdzi. Esi wònye Mawue wɔ Yesu ta la, esɔ be woayɔe be Fofoa.

^ Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si tae wòhiã be Yesu naku kple ale si míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia.