Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

ESTER ye nye ma zɔ blewu gbɔna fiasã la me, eƒe dzi nɔ tsotsom. Kpɔe ɖa le susu me ko be ɖoɖoe gã aɖe zi le Persia fiasã la me zi ɖeka ale gbegbe be, Ester ate ŋu anɔ ye ŋutɔ ƒe afɔzi kple eƒe fiawu dzeani ʋlaya si le anyigba kpɔm la gɔ̃ hã ƒe ɖiɖi sem. Menye ɣemaɣie wòanɔ ŋku lém ɖe fiasã gã la me nuwo, abe eƒe sɔti dzeaniwo, xɔmesasrã si wotsɔ sederti tso keke Lebanon ke wɔ atsyãtɔe ene la ŋu o. Eƒe susu katã le ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi, ame si si me eƒe agbe le, la ŋu.

Fia la ƒe ŋku nɔ fianyɔnu si zɔ gbɔna egbɔ la ŋu tututu, eye wòdo eƒe sikafiatikplɔ la ɖee. Esia wɔwɔ adze nu tsɛ aɖe, gake emae xɔe ɖe agbe, elabena fiatikplɔ la dodo ɖee nye dzesi be fia la tsɔ eƒe sedzidada—si nye fia la ŋkume vava esi mekpee hafi o—la kee. Ester zɔ gogo fiazikpuia hedo asi ɖa ka asi fiatikplɔa tame, ale eƒe dzi dze eme.—Ester 5:1, 2. *

Nu sia nu si nàkpɔ le Fia Axasweros ŋu la ɖee fia be kesinɔtɔ kple ŋusẽtɔ gã aɖee wònye. Ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be ɣemaɣi la, Persiatɔwo ƒe fiawu ɖeɖe tea ŋu xɔa egbegbe dɔlar miliɔn alafa geɖe. Ke hã, Ester kpɔe be ye srɔ̃ kɔ mo ɖe ye; eye srɔ̃aŋutsua lɔ̃e hã vavã. Fia la gblɔ nɛ be: “Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nu ka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!”—Ester 5:3.

Edze ƒãa be Ester ɖe xɔse kple dzinɔameƒo si tɔgbi mebɔ o fia; eva fia ŋkume be yeaʋli yeƒe amewo ta le esi woɖo nugbe be woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ ta. Afɔ si dzi wòle la dze edzi va ɖo afi aɖe, gake sesẽa gale ŋgɔ. Ele be wòana fiagã si bua eɖokui ame vevii la nanya be eƒe aɖaŋuɖola vevi si dzi wòka ɖo la nye nugbeɖola vɔ̃ɖi si flui wòda asi ɖe edzi be woawu Ester detɔwo. Aleke wòawɔ ana wòase eƒe nya la me nɛ, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso xɔse si le esi la me?

Edi ‘Ɣeyiɣi Nyuitɔ Si Wòaƒo Nu’

Ðe wòle be Ester naɖe eƒe kuxia katã dzi na fia la le amehawo ŋkume le fiasã la mea? Ema wɔwɔ manye bubudede fiaa ŋu o, eye ɖeko ema ade eƒe aɖaŋuɖola Haman hã dzi be wòaʋli eɖokui ta. Eya ta nu kae Ester wɔ? Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia la, gbɔgbɔ ʋã nunyala Fia Salomo wògblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, . . . ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 7) Anɔ eme be Mardoxai, ame si xɔ Ester nyi, la fia gɔmeɖose siawo dzi wɔwɔe esi wònye ɖetugbui dzaa nɔ egbɔ. Edze ƒãa be Ester nya vevienyenye si le ‘nuƒoƒo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ la ŋu.

Ester gblɔ be: “Ne edze fia ŋu la, ekema fia kple Haman neva kplɔ̃, si meɖo nɛ egbe la ŋu.” (Ester 5:4) Fia la lɔ̃ ɖe amekpekpea dzi eye wòna nya sia ɖo Haman gbɔ. Èkpɔ ale si Ester ƒo nu le nunya mea? Ede bubu srɔ̃a ŋu, eye wòdi mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ si dzi wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ na fia la.

Anɔ eme godoo be Ester kpɔ egbɔ be yetrɔ asi le nuɖuɖu siwo tututu vivia srɔ̃a nu la ŋu tsɔ ɖo kplɔ̃e. Wain nyuitɔ si ado dzidzɔ na fia la hã le kplɔ̃a dzi. (Psalmo 104:15) Fia Axasweros ɖu nu no nu kple dzidzɔ, eye wògabia Ester nu si dim wòle la ake. Ðe ɣeyiɣia de azɔ be Ester naƒo nua?

Ester mekpɔe nenema o. Nu si wòwɔ boŋue nye be, egakpe fia la kple Haman ake na kplɔ̃ bubu si wòagaɖo na wo le ŋufɔke la. (Ester 5:7, 8) Nu ka tae megblɔ eƒe nya la enumake o? Ðo ŋku edzi be Ester detɔwo katã ƒe agbe ɖo afɔku me le se aɖe si dzi fia la lɔ̃ ɖo ta. Esi wònye ŋkubiãnya ta la, ele be Ester nadi ɣeyiɣi si sɔ nyuie. Eya ta egbɔ dzi ɖi, eye wògadi mɔnukpɔkpɔ bubu be yeaɖe ale si gbegbe yedea bubu fia la ŋui la afia.

Dzigbɔɖi nye nɔnɔme vevi aɖe si mele ame geɖe si o. Togbɔ be Ester tsi dzi eye wòdi vevie be yeaƒo nu hã la, elala ɣeyiɣi nyuitɔ dzigbɔɖitɔe. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe kpɔɖeŋua me, elabena mí katã míekpɔa nu madzɔmadzɔ aɖewo siwo wòle be woaɖɔ ɖo la teƒe. Ne míedi be míaƒo nu na ŋusẽtɔ aɖe be wòawɔ nane tso kuxi aɖe ŋu la, ahiã be míasrɔ̃ Ester ƒe kpɔɖeŋu ahagbɔ dzi ɖi. Lododowo 25:15 gblɔ be: “Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si, eye aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.” Ne míegbɔ dzi ɖi di ɣeyiɣi nyuitɔ heƒo nu tufafatɔe abe Ester ene la, míate ŋu agbã kuxi siwo sesẽ abe ƒu ene la gɔ̃ hã bɔbɔe. Ðe Mawu, Yehowa, si Ester subɔna la yrae ɖe eƒe dzigbɔɖi kple nuwɔwɔ nunyatɔe la ta?

Dzigbɔɖi Ʋua Mɔ Na Nya Dzɔdzɔe

Ester ƒe dzigbɔɖi ʋu mɔ be nu vevi aɖewo dzɔ ɖe wo nɔewo yome. Haman ƒe ta te lotoo be fia kple fiasrɔ̃ de bubu ye ŋu alea, ‘dzi dzɔe eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme.’ Ke esi Haman to fiasã ƒe agbo nu yina la, ekpɔ Mardoxai, Yudatɔ si gbe kokoko be yemade bubu tɔxɛ eŋu o la le afi ma. Menye bubumademade ame ŋu tae Mardoxai gbe esia wɔwɔ ɖo o, ke boŋ le esi eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ o, eye ƒomedodo si le woa kple Yehowa Mawu dome la xɔ asi nɛ wu tae. Ke hã, “dzi ku Haman vevie ŋutɔ.”—Ester 5:9.

Esi Haman gblɔ dzivenya sia na srɔ̃a kple xɔlɔ̃awo la, woɖo aɖaŋu nɛ be wòatu ati kɔkɔ aɖe, si kɔkɔ meta 22, eye wòabia mɔ le fia gbɔ ne wòahe Mardoxai ɖe eŋu. Nya sia dze Haman ŋu, ale wòtso enumake ɖe eŋu.—Ester 5:12-14.

Ke eva dzɔ be fia la mekpɔ gbɔdzɔe zã ma o. Biblia la gblɔ be “fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e,” eya ta ebia be woatsɔ dukɔa ƒe nuŋlɔɖiwo ava xlẽ na ye. Woxlẽ ale si ame aɖe va fi tofi be woɖo nugbe be woawu Axasweros la ƒe nuŋlɔɖi hã nɛ wòse. Eɖo ŋku nudzɔdzɔ ma dzi; wolé nugbeɖolawo hewu wo. Gake nu kae wowɔ na Mardoxai, ame si va fi tofi nɛ la? Esi fia la nyɔ le eɖokui me azɔ la, ebia be nu kae wotsɔ ɖo eteƒe na Mardoxai hã. Woɖo eŋu nɛ be womewɔ naneke tsɔ ɖo eteƒe nɛ o.—Ester 6:1-3.

Esia te ɖe fia la dzi, eye wòbia be yeƒe amegãwo dometɔ kawoe le fiasã la me siwo akpe ɖe ye ŋu yeawɔ nane tso esia ŋu. Menye ame bubu aɖekee le fiasã la me tsɔ wu Haman o—ɖewohĩ eva ɖo kaba ŋdi ma le esi wòdi be yeaxɔ mɔɖeɖe tso fia gbɔ awu Mardoxai ta. Gake hafi Haman nake nu la, fia la biae mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade bubu ame si ŋu yekpɔ ŋudzedze ɖo la ŋu. Haman ya bu xaa be yee fia la wɔnɛ. Eya ta edo bubudedeameŋu aɖe si tɔgbi mebɔ o la ƒe susu ɖa be: Woado fiawu na amea, eye wòabɔbɔ anɔ fia ƒe sɔ dzi, eye amegãwo dometɔ ɖeka nakplɔe atsae le Susa, anɔ ekafum sesĩe ame sia ame nase. Kpɔ ale si Haman ƒe mo ata dui ɖa esi wòse be Mardoxai ye nye ame si ŋu wobe woade bubui la ɖa! Eye ame kae fia la tia be wòanɔ ŋgɔ anɔ Mardoxai kafum? Haman tututue!—Ester 6:4-10.

Haman tsɔ dzi kpekpe wɔ dɔ sia si gado nuxaxa nɛ ɖe edzi la; eyome wòtsɔ vevesese ɖe abla yi aƒe me. Srɔ̃a kple exɔlɔ̃wo gblɔ nɛ be, ale si nuwo va trɔ bubui la fia be tame si wòɖo ɖe Yudatɔ Mardoxai ŋu la atrɔ ava ye ŋutɔ dzi.—Ester 6:12, 13.

Esi Ester gbɔ dzi ɖi be yeagalala ŋkeke bubu hafi atsɔ yeƒe biabiaa aɖo fia ŋkume ta la, ɣeyiɣi su Haman si wòwɔ nu si ahe eya ŋutɔ ƒe anyidzedze vɛ. Eye ɖe manye Yehowa Mawu gbɔe wòtso be fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e oa? (Lododowo 21:1) Mewɔ nuku o be Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be ‘míakpɔ Mawu si nu.’ (Mixa 7:7) Ne míekpɔa Mawu si nu la, míava kpɔe be ale si eya kpɔa kuxiwo gbɔe la ƒo susu ɖe sia ɖe si ate ŋu ava tame na mí la ta sãsãsã.

Eƒo Nu Dzinɔameƒotɔe

Mele be Ester nagaɖo nyazã fia la o; ele be wòagblɔ nya si le esi la le kplɔ̃ɖoɖo evelia sia me. Gake aleke wòagblɔe? Eva dzɔ be fia la gana mɔnukpɔkpɔe be wòabia nu si dim wòle. (Ester 7:2) ‘Ɣeyiɣia de’ be Ester naƒo nu azɔ.

Anɔ eme be Ester do gbe kpui aɖe ɖa le susu me na eƒe Mawu hafi gblɔ be: “Ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!” (Ester 7:3) De dzesii be ena fia la kpɔe be yedea asixɔxɔ nyametsotso si dze fiaa ŋutɔ ŋu la ŋu. Kpɔ ale si gbegbe Ester to vovo na fiasrɔ̃ gbãtɔ Wasti, ame si de ŋukpe mo na fia lae la ɖa! (Ester 1:10-12) Azɔ hã, Ester mehe nya ɖe fia la ŋu be wòka ɖe Haman dzi nuŋumabumabutɔe o. Nu si wòwɔ boŋ ye nye be, eɖe kuku na fia la be wòaxɔ na ye le esi yeƒe agbe ɖo afɔku me ta.

Biabia sia anya wɔ dɔ ɖe fia la dzi ahawɔ nuku nɛ hã. Ame kae ake atse be yeagblẽ nu le fianyɔnu la ŋu? Ester gblɔ yi edzi be: “Wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, awu mí, eye woagblẽ mía dome. Ðe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.” (Ester 7:4) De dzesii be Ester ɖe kuxia gblɔ tso dzi me faa, gake egblɔ kpee be ne ɖe wobe woadzra yewo kluviwoe la, anye ne yezi kpi. Gake esi wònye ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura alea agblẽ nu le fia ŋutɔ ŋu tae wòle be yeaƒo nu ɖo.

Ester ƒe kpɔɖeŋu sia fia nu geɖe mí tso ale si wòle be míaƒo nui be amewo naxɔ míaƒe susu ade eme ŋu. Ne eva hiã be nàɖe kuxi gã aɖe dzi na wò ame vevi aɖe alo na ŋusẽtɔ aɖe la, dzigbɔɖi, bubudedeameŋu, kple anukwareɖiɖi ŋu dɔ wɔwɔ ate ŋu aɖe vi geɖe.—Lododowo 16:21, 23.

Axasweros bia be: “Ame kae nye ame si ɖo nu sia ɖe tame be yeawɔ, eye afi ka eyama le?” Kpɔe ɖa le susu me esi Ester fia asi amea hegblɔ be: “Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia!” Nutsotso sia dze ame kpo! Dzidzi ƒo Haman. Fia sẽŋu sia ƒe mo koe trɔ enumake esi wòse be yeƒe aɖaŋuɖola si dzi yeka ɖo la flu ye yede asi se si anye tsɔtsrɔ̃ na ye srɔ̃ lɔlɔ̃a la te! Fia la tso enumake do go yi fiasã la ƒe abɔ me be yeƒe susu nadze akɔ anyi.—Ester 7:5-7.

Esi woʋu go Haman nugbeɖola vɔ̃ɖi sia ƒe nugbeɖoɖoa la, etsra ɖe Ester ƒe afɔ nu. Esi fia la trɔ va hekpɔ Haman wònɔ Ester ƒe aba dzi nɔ kuku ɖem nɛ la, fia la ƒe dziku gafla ɖe edzi, eye wòbiae be ɖe wòle didim be yeade asi ye srɔ̃ ŋu sesẽe le ye ŋutɔ yeƒe aƒe me hã? Nya sia fia be dodo le eme megali na Haman o, aku godoo. Enumake wotsyɔ nu mo nɛ hekplɔe do goe. Fiaŋumeawo dometɔ ɖeka gblɔ na fia la be Haman tu ati kɔkɔ aɖe ɖi na Mardoxai be yeahee ɖe eŋu. Fia Axasweros ɖe gbe enumake be woahe Haman ŋutɔ ɖe eŋu.—Ester 7:8-10.

Le xexe mawɔnuteƒe si me míele me la, míate ŋu asusu be ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ zu dze bu ɖe ama me. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ester mena dzi ɖe le eƒo, mɔkpɔkpɔ bu ɖee alo na ta gbeɖe o. Esi mɔnukpɔkpɔa su esi la, eƒo nu tso nu si wònya be enyo la ŋu dzinɔameƒotɔe, eye wògblẽ kpɔtɔea ɖe Yehowa si me heka ɖe edzi be awɔe ade goe. Ele be míawo hã míawɔe nenema. Yehowa metrɔ o; ale si wòle tso Ester ŋɔli la, nenemae wògale. Agate ŋu ana ame vɔ̃ɖiwo kple ayemenuwɔlawo ƒe mɔ̃ naɖe woawo ŋutɔwo abe ale si wòɖe Haman ene.—Psalmo 7:11-16.

Eʋli Yehowa Kple Eƒe Dukɔa Ta Ðokuitɔmadimaditɔe

Fia la va nyae azɔ be menye ɖeko Mardoxai ʋli yeƒe agbe ta le nugbe si woɖo ɖe ye ŋu me ko o, ke eya kee nye ame si xɔ Ester nyi hã. Axasweros ɖo Mardoxai wòzu dɔnunɔlawo ƒe tatɔ ɖe Haman teƒe. Fia la tsɔ Haman ƒe nunɔamesi gbogboawo na Ester, eye Ester hã tsɔ Mardoxai ɖo nuawo nu.—Ester 8:1, 2.

Esi Ester kple Mardoxai ŋuti vo azɔ la, ɖe fianyɔnua aɖe dzi ɖia? Awɔe nenema ne ye ŋutɔ ƒe nyonyo koe le vevie nɛ. Ɣemaɣi tututu la, se si Haman na wode be woawu Yudatɔwo katã la ŋuti gbeƒãɖeɖe nɔ ta kekem le fiaɖuƒea me. Haman dzidze nu alo da Pur—si anye gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna aɖe la—be yeatsɔ anya ŋkeke nyuitɔ si dzi yeatsrɔ̃ wo. (Ester 9:24-26) Ekpɔtɔ ɣleti aɖewo ne ŋkekea nade, ke hã, enɔ aƒe tum kabakaba. Ðe woate ŋu axe mɔ na vɔ̃ gã sia?

Ðokuitɔmadimadi na be Ester gade eƒe agbe afɔku me ake hedo ɖe fia la ŋkume esi womeyɔe hafi o. Fifia ya la, efa avi ɖe eƒe dukɔa ta, eye wòɖe kuku na fia la be wòate fli ɖe se sesẽ sia me. Evɔ le Persia fiaɖuƒea me la, womate ŋu ate fli ɖe se si te fia la de asii la me o. (Daniel 6:13, 16) Eya ta fia la na ŋusẽ Ester kple Mardoxai be woade se yeyewo le yeƒe ŋkɔ me. Ale wode se bubu si na ŋusẽ Yudatɔwo be woaʋli woƒe agbe ta. Wotsɔ du sia de sɔdolawo si be woaɖe abla atsɔ nya nyui sia ayi na Yudatɔwo le nuto bliboa me. Mɔkpɔkpɔ gasu Yudatɔawo si, eye agbe yeye gaɖo wo me. (Ester 8:3-16) Míate ŋu akpɔ ale si Yudatɔ siwo katã nɔ nuto gã sia me la anɔ aʋakpa blam ɖe woƒe agbe ta ʋiʋli ŋu le susu me; enye nu si womate ŋu awɔ ne ɖe womede se yeye sia o. Vevietɔe nye be, ɖe ‘Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu’ anɔ kple eƒe dukɔ la?—1 Samuel 17:45.

Esi ŋkekea de la, Yehowa ƒe amewo nɔ klalo. Fifia Persia-megã geɖewo le woƒe akpa dzi, le esi dɔnunɔlawo ƒe tatɔ yeye si nye Yudatɔ Mardoxai ŋuti nya de du ta. Yehowa na eƒe amewo ɖu dzi eteƒe mekɔ o. Ekpɔ egbɔ be woƒe futɔwo tsrɔ̃ keŋkeŋ ale be woagawɔ vɔ̃ yeƒe dukɔa azɔ o. *Ester 9:1-6.

Azɔ hã, Mardoxai mate ŋu anɔ Haman ƒe aƒe la nu aɖe dzi ɖi esime ŋutsu vɔ̃ɖi sia ƒe viŋutsu ewo kpɔtɔ le agbe o. Wowu woawo hã. (Ester 9:7-10) Ale Mawu ƒe nya si wògblɔ ɖi le Biblia me be woatsrɔ̃ Amalekitɔ siwo nye eƒe amewo ƒe futɔwo ɖa keŋkeŋ la va eme. (5 Mose 25:17-19) Ðewohĩ Haman ƒe viwoe nye Amalekitɔ susɔe siwo wowu.

Ele na ɖetugbui Ester be wòado alɔ dɔ sesẽ aɖewo—eʋli vevie na fia la de se si bia be woawɔ aʋa ahawu amewo. Esia manɔ bɔbɔe nɛ o. Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be woakpɔ yeƒe dukɔa ta be woagatsrɔ̃ o, elabena emee Mesia si ŋugbe wodo, ame si ko ahe mɔkpɔkpɔ avae na ameƒomea katã la, ado tso. (1 Mose 22:18) Enye dzidzɔ na Mawu subɔla siwo li egbea be esi Mesia, si nye Yesu, nɔ anyigba dzi la, ede se na eyomedzelawo tso ɣemaɣi be woagawɔ aʋa o.—Mateo 26:52.

Ke hã, Kristotɔwo wɔa gbɔgbɔmeʋa, elabena Satana ɖe ŋku tɔ wo be yeagblẽ xɔse si le wo si na Yehowa la me. (2 Korintotɔwo 10:3, 4) Yayra ka gbegbee nye esi wònye be Ester ɖo kpɔɖeŋu sia ɖi na mí. Mina míasrɔ̃ eƒe xɔse ale be míatsɔ dzigbɔɖi aƒo nu le nunya me be amewo naxɔ míaƒe susu ade eme, míaɖe dzinɔameƒo afia, eye míatsri tɔnye-ko-nenyo ƒe agbe ahawɔ nu si ade Mawu ƒe amewo dzi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Le nyati sia ƒe akpa si míeta va yi me la, míekpɔ ale si Mardoxai, si nye Ester ƒe ƒometɔ, la xɔe nyi le esi wòzu tsyɔ̃evi ta, eye emegbe wova tia Ester wòzu Persia fia Axasweros srɔ̃. Haman, si nye fia la ƒe aɖaŋuɖola, ɖo nugbe vɔ̃ɖi aɖe be yeatsrɔ̃ Mardoxai detɔ siwo nye Yudatɔwo keŋkeŋ. Mardoxai ƒo nu na Ester be wòaxa ɖe eƒe amewo ta ado ɖe fia la ŋkume.—Kpɔ nyati si nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse—Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta,” le Gbetakpɔxɔ, October 1, 2011 ƒe tata la me.

^ Fia la gana ŋkeke ɖeka Yudatɔwo kpee be woatsrɔ̃ woƒe futɔ siwo susɔ la. (Ester 9:12-14) Yudatɔwo ɖua azã si woyɔna be Purim la ƒe sia ƒe ƒe adame tsɔ ɖoa ŋku woƒe aʋadziɖuɖu gã sia dzi; nudzidze si Haman tsɔ tia ŋkeke si wòatsrɔ̃ Israel viwo la mee woɖe azã sia ƒe ŋkɔ tsoe.

[Aɖaka si le axa 28]

Nya Siwo Amewo Bia Tso Ester Ŋu

Nu ka tae Mardoxai ɖe mɔ na Ester wòɖe dzimaxɔsetɔ?

Kpeɖodzi aɖeke mele susu si agbalẽnyala aɖewo ɖe gblɔ be ɖokuitɔdidi tae Mardoxai di be Ester naɖe fia la ale be yeaxɔ ŋkɔ la ŋu o. Esi Mardoxai nye Yudatɔ wɔnuteƒe ta la, mada asi ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi ɖe ŋkɔxɔxɔ ɖeɖe dzaa ko ta kura o. (5 Mose 7:3) Blema Yudatɔwo ƒe ŋutinyawo gblɔ be Mardoxai dze agbagba be yeaxe mɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe sia nu. Evɔ esi eya ŋutɔ kple Ester va zu aboyomewo le dukɔ si dzi ɖum ŋutasẽla si wobuna mawui me ta la, mate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva dze ƒãa be Yehowa to Ester ƒe srɔ̃ɖeɖe sia dzi kpɔ eƒe amewo ta.—Ester 4:14.

Nu ka tae Ester ƒe agbalẽa meyɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa o?

Edze ƒãa be Mardoxai ye nye ame si gbɔgbɔa ʋã wòŋlɔ agbalẽ sia. Eye anɔ eme be Persiatɔwo ƒe nuŋlɔɖi veviwo domee woda agbalẽ sia ɖo hafi va tsɔe yi Yerusalem. Ðewohĩ ne wode ŋkɔ Yehowa agbalẽa me la, ana ame siwo subɔa Persia mawuwo la navuvu agbalẽa. Susu ka kee wòɖanye o, edze ƒãa be Yehowa ƒe asi nɔ nyaa me. Wote ŋu ɣla Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ la ɖe Hebrigbe me nuŋɔŋlɔ gbãtɔ me. Edze abe ɖe woɖoe koŋ ɖo nyawo le mɔ aɖe nu be ne wotsɔ nya siwo va ɖe wo nɔewo yome la ƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ alo mlɔetɔ ƒo ƒui la, woakpɔ ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae.

Ðe ŋutinya si dze le Ester ƒe agbalẽa me la nye nyateƒea?

Ðeklemiɖela aɖewo melɔ̃ ɖe nya siwo le agbalẽa me dzi o. Ke hã, agbalẽnyala aɖewo de dzesii be ame si ŋlɔ agbalẽa ƒo nu tso Persia fiaƒometɔwo, xɔtuɖaŋu si wozã kple kɔnu siwo nɔ wo si la ŋu tsitotsito wòɖe dzesi. Enye nyateƒe be Fiasrɔ̃ Ester ƒe ŋkɔ medze le ŋutinyagbalẽ bubu siwo ŋu woke ɖo la me o ya, gake menye esiae nye zi gbãtɔ si fia ƒemetɔ aɖe ƒe ŋkɔ bu le nuŋlɔɖiwo me o. Gawu la, agbalẽ bubuawo gblɔ be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mardukâ, si nye ale si woyɔa Mardoxai le Persiagbe me la, nye amegãwo dometɔ ɖeka le Susa fiasã me le ɣeyiɣi si tututu ƒe nudzɔdzɔwo woŋlɔ ɖe agbalẽa me.

[Aɖaka si le axa 29]

Nyagblɔɖi Aɖe Va Eme

Esi Ester kple Mardoxai ʋli Mawu ƒe amewo ta la, wona nyagblɔɖi bubu aɖe va eme. Anɔ abe ƒe 1,200 do ŋgɔ la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋa amegãɖeɖi Yakob wògblɔ le viawo dometɔ ɖeka ŋu be: ‘Benyamin enye amegãxi lénu. Ŋdi la eɖua eƒe nuléle, eye fiẽ la emaa eƒe aboyonu.’ (1 Mose 49:27) Le “ŋdi,” si nye Israel fiawo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Benyamin ƒe dzidzimevi siwo dometɔ aɖewoe nye Fia Saul kple aʋawɔla sesẽ bubuwo, wɔ aʋa na Yehowa ƒe amewo. Le “fiẽ,” alo le Israel fiawo ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu, si nye ɣeyiɣi si woagblɔ be ɣe ɖo to na Israel fiawo la, Ester kple Mardoxai, siwo tso Benyamin toa me la, wɔ aʋa kple Yehowa ƒe futɔwo dzidzedzetɔe. Le gɔmesese aɖe nu la, woma aboyonu hã, elabena Haman ƒe kesinɔnu gbogboawo zu wo tɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ester tsɔ ɖokuibɔbɔ da akpe be fia la ve ye nu

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Ester tsɔ dzinɔameƒo ʋu go Haman ƒe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖi la

[Nɔnɔmetata si le axa 28, 29]

Ester kple Mardoxai ɖo se yeyea ɖe Yudatɔ siwo katã le Persia Fiaɖuƒea me