Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE na atamagbledela aɖe ɖe asi le eƒe dɔa kple subɔsubɔdzixɔse siwo me wòlé ɖe asi vevie tsã la ŋu? Nu kae kpe ɖe nyɔnu ahanomunɔ aɖe ŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ? Xlẽ woawo ŋutɔwo ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Edzɔ Dzi Nam Be Menye Ƒome Gã Sia Me Tɔ.”—DINO ALI

ƑE SI ME WODZII: 1949

DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ATAMAGBLEDELA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Dzinyelawo ʋu tso Albania ɖatsi Mareeba, si nye du sue aɖe le Queensland, Australia, le ƒe 1939 me. Bosniatɔwo, Helatɔwo, Italytɔwo, Serbiatɔwo, kple dukɔ bubu me tɔ geɖewo hã ʋu va tsi nuto sia me, eye woyi edzi lé woƒe dzixɔsewo, kɔnyinyiwo kple dekɔnuwo me ɖe asi. Mareeba nye nuto si me wodea atamagble le, eye dzinyelawo hã va zu atamagbledelawo.

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wodzi daanye, fonye eveawo kpakple nye hã. Nublanuitɔe la, dzidɔ wu fofonye esime mexɔ ƒe ɖeka pɛ ko. Danye ɖe ŋutsu bubu hedzi ŋutsuvi ene nɛ. Ŋutsu sia ƒe atamagble dzie mí katã míenɔ tsi.

Meʋu le aƒe me esime menye ƒewuivi. Esi mexɔ ƒe 20 kple nu vi aɖe la, meɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Saime le Moslemtɔwo ƒe gbedoxɔ aɖe me, le esi mí ame evea míenye Moslemtɔwo ta. Ƒonyemetɔwo katã nye Moslemtɔwo. Mexlẽ Koran la kple nyagblɔɖila Muhammad ƒe ŋutinyagbalẽ aɖe, eye menɔ Biblia hã xlẽm le ɣeyiɣi ma ke me. Koran la ƒo nu tso Biblia me nyagblɔɖilawo ŋu, eye Biblia xexlẽ na menya ɣeyiɣi siwo me nyagblɔɖila siawo nɔ agbe.

Yehowa Ðasefowo vana mía ƒe me edziedzi, eye magazine kple agbalẽ siwo wotsɔ vana na mí la xexlẽ dzɔa dzi na mía kple Saime. Meɖoa ŋku ale si mía kple Ðasefowo míedzroa subɔsubɔnya vovovowo mee la dzi. Le numedzodzro siawo me la, Biblia dzie wonɔa te ɖo ɖoa nya siwo mebiaa wo la ŋu, ke menye ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo dzi o. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Ðasefoawo doe ɖa be yewoanɔ Biblia srɔ̃m kplim, eye wonɔ kpeyem be made yewoƒe kpekpewo, ke nyemelɔ̃na o. Nu si nɔ vevie nam ye nye be agble nanɔ nye ŋutɔ asinye eye nye ƒomea nalolo. Agble mesu asinye o, gake edzɔ dzi nam be medzi vi atɔ̃ ya.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Ƒe asieke tso esime medo go Yehowa Ðasefowo zi gbãtɔ la, megakpɔtɔ lé nye subɔsubɔdzixɔsewo me ɖe asi kokoko. Ke hã, mexɔa woƒe agbalẽawo, eye wo xexlẽ dzɔa dzi nam. Mía kple Saime míexlẽa woƒe agbalẽwo Kwasiɖa sia Kwasiɖa. Míedzra magazine siwo katã wona mí le ƒe mawo katã me la ɖo. Magazine siawo ɖe vi nam ŋutɔ le ɣeyiɣi si me amewo nɔ nu ƒom tsi tre ɖe nye dzixɔse yeyea ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, medo go sɔlemeha aɖe me tɔwo ƒe mawunyagblɔla si nɔ eƒom ɖe nunye be maxɔ Yesu abe Ðenyela ene. Ete ŋu trɔ Saime nɔviŋutsu kple nɔvinyewo dometɔ ɖeka ƒe susu eye wodze eyome. Eteƒe medidi hafi nye ame nyanyɛ siwo le subɔsubɔha vovovowo me la va nɔ agbagba dzem be yewoana mage ɖe yewo ƒe ha me o. Wo dometɔ aɖewo na agbalẽ siwo ƒo nu tsi tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu lam. Mebia tso wo si be woafiam Biblia ƒe afi si ɖo kpe woƒe nufiafiawo dzi, ke womete ŋu ɖo nye biabiawo ŋu o.

Ðeko tsitretsiɖeŋu siawo na megazã agbalẽ siwo mexɔ tso Ðasefowo gbɔ la tsɔ dzro Biblia me tsitotsito hewɔ numekuku geɖe. Mlɔeba meva kpɔe be ɣeyiɣia de azɔ be matsɔ nu siwo mesrɔ̃ la awɔ dɔe.

Togbɔ be Ðasefo aɖeke meva nɔ Biblia srɔ̃m kplim o hã la, nye ŋutɔ mete woƒe kpekpewo dede. Le gɔmedzedzea me la, metsina dzodzodzoe, eye ŋu kpenam, gake ame geɖe do vivi ɖe ŋunye le kpekpeawo me, eye nu siwo mesrɔ̃ la dzɔ dzi nam. Metso nya me be manye Yehowa Ðasefo, eya ta le ƒe 1981 me la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Mawu la dzi.

Srɔ̃nye metsi tsitre ɖe nye nyametsotso sia ŋu o, ke hã, ɣeaɖewoɣi la ewɔna nɛ be ɖe wole bleyem. Gake eva kpɔ nye nyɔnyrɔxɔxɔa teƒe. Meyi edzi nɔ Biblia me nyateƒe gbogbo siwo srɔ̃m menɔ la ŋu nya gblɔm nɛ. Anɔ abe ƒe ɖeka ene le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe, esime míenɔ ʋu me trɔ yina aƒe me tso mɔkeke la, Saime gblɔ nam be yedi be yeazu Ðasefo. Ðeko melulu zi ɖeka! Eya hã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1982 me.

Tɔtrɔ siwo wòhiã be míawɔ la menɔ bɔbɔe na mí o. Medzudzɔ atamagbledede, elabena mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiamewo o. (2 Korintotɔwo 7:1; Yakobo 2:8) Exɔ ɣeyiɣi hafi míete ŋu kpɔ dɔ nyui si nu míanɔ agbe ɖo. Azɔ hã, ƒe geɖe le míaƒe Ðasefo zuzu megbe la, míaƒe ƒometɔwo megava srãa mí kpɔna o. Ke hã, míewɔa nu ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe abe ale si míesrɔ̃e le Biblia me ene. Mlɔeba la, wova xɔa mí nyuie, eye mía kpli wo dome le vivim azɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Kuxi siwo medo goe, abe ŋukpe dzi ɖuɖu, ganyawo ŋuti dzimaɖitsitsiwo, kple ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ene, kpe ɖe ŋunye mekpɔ ale si gbegbe Yehowa Mawu gbɔ dzi ɖi nam hekpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe nye kuxiwo nu la dze sii. Le kpɔɖeŋu me, menye hamemetsitsi fifia, eye menɔa kplɔ̃ta fiaa nu hamea edziedzi. Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe nam o, elabena mekukɔna le dzodzodzoetsitsi ta. Ke hã, to gbedodoɖa edziedzi kple Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu le nye agbanɔamedzi sia tsɔm.

Mía kple srɔ̃nye míele dzidzɔ kpɔm wu tsã, eye mía dome le kplikplikpli ale gbegbe. Míeda vo aɖewo le mía viwo hehe me ya, gake míewɔ mía tɔ si nua be míaƒã Biblia me nyateƒe siwo míesrɔ̃ la ɖe woƒe dziwo me. (5 Mose 6:6-9) Fifia, mía viŋutsu tsitsitɔ kple srɔ̃a wonye dutanyanyuigblɔlawo.

Meɖoa ŋku nu si dzɔ gbe ɖeka esi mía kple nye ƒomea míedze Ðasefowo ƒe kpekpewo dede gɔme la dzi. Esi metɔ ʋua ɖe ʋutɔɖoƒea hekpɔ ame siwo nɔ ƒu ƒom ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me la, mebia nye ƒomea be, “Nu ka kpɔm miele?” Ame siwo nɔ xɔa me la tso teƒe vovovowo henye gbe vovovo dolawo. Dumevidzidziwo, Albaniatɔwo, Australiatɔwo, kple Croatiatɔwo hã nɔ wo dome, ke hã wonɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me. Míele abe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ene le Australia hame sia me abe ale si wòle le xexea me godoo ene, eye edzɔ dzi nam be menye ƒome gã sia me tɔ.—1 Petro 5:9.

“Dzi Meɖe Le Daanye Ƒo O.”—YELENA VLADIMIROVNA SYOMINA

ƑE SI ME WODZII: 1952

DUKƆ SI ME WÒTSO: RUSSIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: AHANOMUNƆ, ETE KPƆ BE YEAWU YE ÐOKUI

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Krasnogorsk, si nye du sue aɖe si te ɖe Moscow ŋu si me tomefafa le la me. Ƒonyemetɔ geɖe nye nufialawo. Menya agbalẽ le suku, eye mesrɔ̃ hadzidzi. Edze abe etsɔme nyui aɖe nɔ ŋgɔ nam ene.

Esi meɖe srɔ̃ la, míeʋu yi nuto aɖe si me dzugbewo zazã, aha tsu nono kple atamanono xɔ aƒe ɖo la me. Esia kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dzinye, togbɔ be nyemede dzesii ɣemaɣi o hã. Tsã la, ɖeko meyia kplɔ̃ɖoƒewo be madzi ha ahaƒo dzitaa. Gake ne menya le amewo dome ko la, wonaa atama kple aham be mano. Eteƒe medidi kura hafi meva zu ahanoxe o.

Numame sia va nɔ nu gblẽm le ŋunye. Vivivi la, eva kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye ale gbegbe, eye nuɖuɖu gɔ̃ hã zu dɔ nam. Ku dzrom, eya ta mewɔ nu tramaa aɖe tsɔ te kpɔ be mawu ɖokuinye. Edzɔ dzi nam be nyemete ŋu wu ɖokuinye o.

Daanye nɔ srãyem kpɔ edziedzi le ɣeyiɣi siawo katã me. Eva zu Yehowa Ðasefo, eye enɔ agbagba dzem be yeazã Biblia atsɔ akpe ɖe ŋunye. Nyemetsɔ ɖeke le Biblia me nyawo me o, eya ta le gɔmedzedzea me la, menɔ mɔ xem nɛ. Gake dzi meɖe le daanye ƒo o. Lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi si gbegbe wòɖe fiam la wɔe be meva lɔ̃ mlɔeba be masrɔ̃ Biblia.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, meɖo tame kplikpaa be madzudzɔ ahanono. Ɣemaɣi lɔƒo la, aƒelika aɖe si mu aha la dze dzinye heƒom. Nuvevi wɔm ŋutɔ, eye woxɔm ɖe kɔdzi. Nye agbaƒuti ene ŋe, eye nu gblẽ le nye ŋku ɖeka ŋu vevie. Ke hã, kɔa dzi nɔnɔ kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe asiɖeɖe le ahanono ŋu ƒe kuxiwo nu.

Medo gbe ɖa edziedzi le ɣeyiɣi mawo me. Biblia me nya aɖe si fa akɔ nam ŋutɔ la dze le Konyifahawo 3:55, 56, si gblɔ be: “Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le do me ʋĩ ke. Èse nye ɣli, megaɖe wò to ɖa le nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfafa nam o.”

Meka ɖe edzi be Yehowa se nye gbedodoɖawo. Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, nyemegatrɔ ɖe ahanono ŋu azɔ o. Edzrom ɣeaɖewoɣi be magate ahanono. Gake edzɔ dzi nam be mete ŋu ɖu ɖokuinye dzi.

Meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi, eye mesrɔ̃e be srɔ̃nyea ye nye ƒomea ƒe ta, eya ta ele be makpe asi ɖe eŋu. (1 Petro 3:1, 2) Esia menɔ bɔbɔe nam o, elabena ɖe menɔa nu ɖom na srɔ̃nye. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Exɔ ɣeyiɣi, gake vivivi la, meva zu srɔ̃nyɔnu si bɔbɔa eɖokui.

Esi srɔ̃nye lɔlɔ̃a de dzesi tɔtrɔ siawo la, ewɔ nuku nɛ. Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, metsɔ ɖeke le Biblia me nyawo me o. Gake esi metso nya me be madzudzɔ atamanono la, egblɔ be: “Ne àdzudzɔ atamanono la, ke nye hã madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme!” Mí ame evea míedzudzɔ atamanono le ŋkeke ɖeka dzi.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Srɔ̃nye wɔ ɖe ŋugbe si wòdo la dzi hedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Fifia míexlẽa Biblia ɖekae gbe sia gbe, míedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu hedzea agbagba be míanɔ agbe ɖe enu.

Viɖe siwo mekpɔ la sɔ gbɔ, eye ale si míaƒe ƒomegbenɔnɔ ganyo ɖe edzii la wu gbɔgblɔ. Medaa akpe na Yehowa be ehem va eɖokui gbɔe. (Yohanes 6:44) Medaa akpe na daanye ɖe ale si mena ta le ŋunye o ta. Ɛ̃, nye hã mekpɔe be Biblia trɔa ame ƒe agbenɔnɔ vavã.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Meva kpɔe be ɣeyiɣia de azɔ be matsɔ nu siwo mesrɔ̃ la awɔ dɔe

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi si gbegbe daanye ɖe fiam la wɔe be meva lɔ̃ mlɔeba be woasrɔ̃ Biblia kplim