Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nyateƒee wònye be amewo kua dze le kuteƒe le Yesu ŋɔlia?

Biblia gblɔ be wokua dze le azãɖuɣiwo. (1 Fiawo 1:40; Yesaya 5:12; 30:29) Egblɔ hã be woku dzewo le ku aɖe teƒe. Le afi ma la, dzewo koe nye haƒonu si woyɔ. Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa gblɔ be Yudatɔwo ƒe dziɖula aɖe bia tso Yesu si be wòada gbe le ye vinyɔnuvi si ɖo kudonu la ŋu. Ke esi Yesu ɖo dziɖulaa ƒe me la, ‘ekpɔ dzekulawo kple ameha siwo le konyi fam kple ɣli hoo,’ elabena ɖevia ku.—Mateo 9:18, 23.

Ðe nya si Mateo gblɔ tso dzekuku le kuteƒe ŋu la le emea? Biblia gɔmeɖela William Barclay gblɔ bena: “Le xexea ƒe teƒe geɖe le blema la, wokua dzewo godoo ne afɔku dzɔ alo ame aɖe ku. Wowɔa esia le Roma, Hela, Foinike, Asiria kple Palestina.” Talmud la gblɔ gɔ̃ hã be le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, ne Yudatɔ aɖe da ahe kolikoli hã la, ada dzekula eve kple nyɔnu konyifala ɖeka be woafa na ye srɔ̃ si megava li o la. Ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus, si nɔ agbe le ƒe alafa gbãtɔ me la ŋlɔ bena, esi Yerusalemtɔwo se be Romatɔwo ɖu Jotapata si le Galilea dzi hetsrɔ̃ emenɔlawo le ƒe 67 Mía Ŋɔli me la, “kutɔwo da dzekulawo be woava ku dze ɖe konyifahawo dzi na yewo.”

Nu vlo kae nu gbegblẽ wɔla eve siwo wowu kpe ɖe Yesu ŋu la wɔ?

Biblia yɔ nu gbegblẽ wɔla siawo be “adzodala[wo].” (Mateo 27:38; Marko 15:27) Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖewo ɖee fia be Ŋɔŋlɔawo zã nya vovovowo tsɔ ɖɔ nu vlo wɔla ƒomevi vovovowoe. Wozãa Helagbe me nya kleptes na fiafitɔ si fiaa fi le adzame. Wotsɔ nya sia ɖɔ Yuda Iskariot, le esi wòfiaa nusrɔ̃lawo ƒe ga le gaɖakaa me le bebeme ta. (Yohanes 12:6) Ke wozãa nya lestes ya na ame si wɔa hlɔ̃nu le adzodada me, eye wogazãnɛ na ame siwo dze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu, alo wodi be yewoamui aƒu anyi. Ame siawo tɔgbi ye woklã ɖe ati ŋu kpe ɖe Yesu ŋu. Le nuŋlɔɖia nu la, wo dometɔ ɖeka gblɔ gɔ̃ hã be: “Míele nu siwo míedze na le nu siwo míewɔ ta la xɔm bliboe.” (Luka 23:41) Eya ta manye fiafitɔ dzrowo koe wonye o.

Wozã nya lestes na Baraba hã, abe ale si wòle le adzodala eveawo gome ene. (Yohanes 18:40) Luka 23:19 ɖo kpe edzi be menye fiafitɔ dzro koe Baraba nye o, elabena afi ma gblɔ be wodee “gaxɔ me le aglã aɖe si wodze ɖe dziɖuɖua ŋu le dua me kple amewuwu ta.”

Eya ta togbɔ be nu vlo wɔla siwo wowu kpe ɖe Yesu ŋu la nye adzodalawo hã la, anɔ eme be wodze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu alo wonye amewulawo gɔ̃ hã. Aleke kee nyaa ɖale o, Roma-nutomefia Pontio Pilato bui be esɔ be yeahe wo ɖe ati ŋu.