Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Hakpalawo Kple Woƒe Haƒonuwo

Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Hakpalawo Kple Woƒe Haƒonuwo

Ale Si Agbea Nɔ Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me—Hakpalawo Kple Woƒe Haƒonuwo

“Mitsɔ kpẽɖiɖi [kafu Mawu]; mikafui kple saŋku kple kasaŋku! Mitsɔ asiʋui kple ɣeɖuɖu kafui, mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kpakple dze! Mitsɔ gakogoe, siwo ƒe gbeme kɔ la, kafui; mikafui kple gakogoe, siwo ɖina sesĩe!”—PSALMO 150:3-5.

TSO gbe aɖe gbe ke la, hadzidzi kple hakpalawo wɔ akpa vevi aɖe le tadeagu na Yehowa Mawu me. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa ɖe Israel viwo to Ƒu Dzĩa me nukutɔe la, Mose nɔvinyɔnu Miriam xɔ ŋgɔ na nyɔnuwo esime wonɔ aʋadziɖuha dzim henɔ ɣe ɖum. Ɣeɖulawo nɔ ɣe ɖum ɖe axatsɛ dzi. Nudzɔdzɔ sia ɖe ale si gbegbe hadzidzi nɔ vevie na Israel viwoe la fia, elabena ɖeko wosi le Egipte ʋakɔwo nu koe nye ema, ke hã nyɔnuawo dometɔ geɖe lé woƒe haƒonuwo ɖe asi henɔ klalo be yewoatsɔ wo aƒo hae. (2 Mose 15:20) Emegbe Fia David wɔ ɖoɖo be hadzila akpe nanewo nanɔ ha ƒom wòanye tadeaguwɔna le avɔgbadɔa me. Ðoɖo sia yi edzi le gbedoxɔ si via Salomo va tu la hã me.—1 Kronika 23:5.

Nu kawoe wotsɔ wɔ haƒonu siawoe? Aleke woƒe nɔnɔme le? Aleke woɖinae? Eye ɣekaɣiwoe wozãa wo?

Haƒonu Ƒomevi Vovovowo

Ati xɔasiwo, lãgbalẽ si me wohe, gakpo kple ƒu ye wotsɔna wɔa haƒonu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me. Wofaa nyiɖu ɖe wo ŋu ɣeaɖewoɣi. Atagbi alo lãwo ƒe dɔkawoe wotsɔna wɔa haƒonua ƒe kawoe. Togbɔ be ƒãa ŋutɔ hafi woake ɖe blemahaƒonuwo ŋu egbea hã la, woƒe nɔnɔmetatawo ya gali.

Míate ŋu ama haƒonu siwo wozã le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la ɖe akpa etɔ̃ me: saŋkuwo, abe kasaŋku, kasaŋku suetɔ (1), kple saŋku kaetɔ̃ ene (2); haƒonu siwo me woɖoa ƒuƒu ɖo, abe lãdzo, alo shofar (3), kpẽ (4), kple dze, si gbɔ ame geɖe melɔ̃a nu le o la, ene (5); ʋuwo kple gakogoewo, abe axatsɛ (6), nyawowoewo (7), ayawagbawo (8), kple gawo ene (9). Hadzilawo ƒoa haƒonu siawo esime amewo le ha dzim hele ɣe ɖum ɖe wo dzi. (1 Samuel 18:6, 7) Gawu la, wozãa wo le tadedeagu na Mawu, ame si na hadzidzi ƒe nunana wo la, me. (1 Kronika 15:16) Na míalé ŋku ɖe haƒonu ƒomevi siawo ŋu kpɔ.

Saŋkuwo Kasaŋku kple kasaŋku suetɔ le wodzoe, si wɔnɛ be wotea ŋu tsɔnɛ ɖe asi yia teƒeteƒewoe, eye eƒe wɔwɔme nye ati kple ka siwo me wohe. Ne Fia Saul ƒe susu medze akɔ anyi o la, David ƒoa saŋku nɛ, eye edzi kana ɖena nɛ. (1 Samuel 16:23) Hadziha si ƒo ha le Salomo ƒe gbedoxɔa ŋu kɔɣi la zã haƒonu siawo, eye wozãa wo le dzidzɔɣi bubuwo, abe le azãɖuɣiwo ene hã.—2 Kronika 5:12; 9:11.

Saŋku kaetɔ̃ la le abe kasaŋku ene, gake zi geɖe la, eƒe nɔnɔme toa vovo. Zi geɖe la, enyea ka ʋɛ aɖewo siwo me wohena toa ʋuƒo gbabɛ si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe be wòana saŋkua naɖi sesĩe la dzi. Ne wotɔ asi kaawo nu la, ɖewohĩ ale si wòɖinae la le abe dzitaa si woƒona egbea la tɔ ene. Atagbi si wotro alo lãwo ƒe dɔkawoe wotsɔ wɔa woƒe kawoe.

Haƒonu Siwo Me Woɖoa Ƒuƒu Ðo Woƒo nu tso haƒonu siawo ŋu zi geɖe le Biblia me. Haƒonu siawo ƒe xoxotɔwo dometɔ ɖekae nye Yudatɔwo ƒe lãdzo si wogayɔna be shofar. Agbo ƒe dzoe wotsɔ wɔnɛ, eye eɖina sesĩe ŋutɔ. Israel viwo zãa dzo sia tsɔ ƒoa aʋawɔlawo nu ƒu, eye wotsɔnɛ naa mɔfiame dukɔa.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:27; 7:22.

Haƒonu sia ƒomevi bubue nye kpẽ si wotsɔ ga wɔ. Agbalẽ aɖe si ŋu woke ɖo le Ƒu Kukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo dome la ɖee fia be gbeɖiɖi vovovo geɖewoe le haƒonu sia si. Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ klosalo awɔ kpẽ eve siwo woazã hena avɔgbadɔa ŋu ɖoɖowo. (4 Mose 10:2-7) Emegbe esime wonɔ Salomo ƒe gbedoxɔa ŋu kɔm la, woku kpẽ 120 sesĩe le wɔna ma teƒe. (2 Kronika 5:12, 13) Aɖaŋudɔwɔlawo wɔa kpẽ siwo ƒe didime le vovovo. Wo dometɔ aɖewo ƒe didime nye sentimeta 91 tso nugbɔ va se ɖe tagbɔ.

Dze nye haƒonu si me woɖoa ƒuƒu ɖo, si ame geɖe lɔ̃na. Eƒe ɖiɖi nya sena, eye wokunɛ ne ƒomewo ƒo ƒu na kplɔ̃ɖoɖo, le azãɖuɣiwo kple srɔ̃ɖeƒewo. (1 Fiawo 1:40; Yesaya 30:29) Wokua dze le kuteƒewo hã, afi si hadzilawo dzia ha wònyea kukɔnua ƒe akpa aɖe le (kpɔ axa 14 lia).—Mateo 9:23.

Ʋuwo Kple Gakogoewo Israel viwo zãa haƒonu sia ƒomevi vovovowo le aglotuɣiwo. Haƒonu siawo ƒe ɖiɖi wɔa dɔ ɖe amewo dzi ŋutɔ. Axatsɛ nye lãgbalẽ si me wohe hefa ɖe ati si le togodoo dzi. Ne haƒolaa alo ɣeɖulaa tsɔ asi ƒoe la, eɖina abe ʋu ene. Ne eʋuʋui la, gavi siwo wotsi ɖe eŋu la ɖina tsɛkétsɛké wònya sena.

Haƒonu siawo ƒomevi bubue nye nyawowoewo. Enye ga si xa gobaa, si ŋu alɔ le, eye ga lɛlɛlɛ siwo ŋu gaviwo le la tso gae. Ne woʋuʋu haƒonu sia la, eɖina tsɛkétsɛké.

Ayawagbawo ya gaɖina sesĩe wu. Enyea agba gã gbadzɛ eve, siwo woƒona kpea wo nɔewo wòɖina sesĩe. Akogɛwo, alo gakogoewo, hã nye haƒonu siwo wodea asibide eve nu heƒona kpea wo nɔewo, eye eƒe ɖiɖi nya sena. Ayawagbawo ɖina sesĩe wu gakogoewo.—Psalmo 150:5.

Woƒe Kpɔɖeŋua Sɔsrɔ̃

Egbea, Yehowa Ðasefowo tsɔa haƒoƒo kple hadzidzi dzea woƒe kpekpewo gɔme hetsɔnɛ wua enu hã. Le takpekpe gãwo me la, ha siwo woƒona kpena ɖe hadzidziwo ŋu la nye esiwo me hadzihawo wɔ egbegbe haƒonu siwo le abe blema saŋkuwo, haƒonu siwo me woɖoa ƒuƒu ɖo kpakple ʋuwo kple gakogoewo ene la, ŋu dɔ le.

Ðasefowo srɔ̃a blema Israel viwo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu to haƒoƒo kple hadzidzi ŋu dɔ wɔwɔ le tadedeagu me dzi. (Efesotɔwo 5:19) Egbea, edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoazã hakpanyawo kple ha viviwo atsɔ akafu Yehowa abe ale si mawusubɔlawo wɔe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ene.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

(Menye woƒe lolome ŋutɔŋutɔe nye esia o)

(Kpɔ agbalẽa)