Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kristotɔwo” Katãe Nye Kristotɔ Vavãwoa?

“Kristotɔwo” Katãe Nye Kristotɔ Vavãwoa?

“Kristotɔwo” Katãe Nye Kristotɔ Vavãwoa?

KRISTOTƆ nenie li? Agbalẽ aɖe (Atlas of Global Christianity) gblɔ be le ƒe 2010 me la, woƒe xexlẽme de miliɔn 2,300 kloe le xexea me godoo. Ke agbalẽ ma ke gagblɔ be Kristotɔ mawo ma ɖe ha vovovo 41,000 me, ɖe sia ɖe kple eƒe hamenufiafia kple hakplɔɖoɖowo. Esi subɔsubɔha mawo gbegbe gblɔna be yewonye Kristotɔwo ta la, mewɔ nuku o be ame geɖe tɔtɔ alo be womenya woƒe ɖusi tso mia gbɔ le nya sia ŋu gɔ̃ hã o. Ðewohĩ woanɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Ame siwo be yewonye Kristotɔwo katãe nye Kristotɔ vavãwoa?’

Na míagadzro nya sia me le mɔ bubu nu kpɔ. Zi geɖe la, wobiana tso mɔzɔla si be wòagblɔ dukɔ si me wòtso la na dedzidɔwɔla. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be wòaɖo kpe edzi be ame si wòbe yenye lae wònye vavã, ɖewohĩ to eƒe mɔzɔgbalẽ tsɔtsɔ fia dzi. Nenema kee menye egbɔgblɔ be yenye Kristotɔ koe nye nyaa o, ke ele be ame naɖo kpe edzi hã. Ele be wòaɖee afia be Kristotɔe yenye vavã. Aleke wòawɔe?

Ɣeaɖeɣi le ƒe 44 Mía Ŋɔli megbee wozã nya “Kristotɔ” zi gbãtɔ. Biblia me ŋutinyaŋlɔla Luka ŋlɔ bena: “Antioxia ye Mawu na woyɔ nusrɔ̃lawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 11:26) De dzesii be ame siwo woyɔ be Kristotɔwo la nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Nu kae wòfia be ame nanye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la? Numekugbalẽ aɖe (The New International Dictionary of New Testament Theology) ɖe eme be: “Be ame aɖe nanye Yesu ƒe nusrɔ̃la fia be wòatsɔ [eƒe] agbe aɖo anyi bliboe . . . le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Esia fia be Kristotɔ vavãe nye ame si nɔa agbe ɖe Yesu, ame si ɖo Kristotɔnyenye gɔme anyi la, ƒe nufiafiawo kple mɔfiamewo nu bliboe.

Ðe wòanya wɔ be míake ɖe ame siawo ƒomevi ŋu le ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo egbea la domea? Nu kae Yesu ŋutɔ gblɔ be woatsɔ ade dzesi ye yomedzela vavãwo? Míade dzi ƒo na wò be nàdzro ale si Biblia ɖo nya siawo ŋui me. Le nyati siwo kplɔe ɖo me la, míadzro nya atɔ̃ aɖewo siwo Yesu gblɔ, siwo ɖea dzesi le eyomedzela vavãwo ŋu, siwo míate ŋu atsɔ ade dzesi woe la me. Míadzro ale si nya siwo Yesu gblɔ la ɖe dzesi le Kristotɔ gbãtɔwo ŋui me. Eye míadze agbagba akpɔe ɖa be le ame geɖe siwo gblɔna egbea be yewonye Kristotɔwo dome la, ame kawo ƒe nuwɔnawoe sɔ ɖe wo tɔ dzi hã.