Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Egbegbe Aztektɔwo Va Zu Kristotɔ Vavãwo

Egbegbe Aztektɔwo Va Zu Kristotɔ Vavãwo

Egbegbe Aztektɔwo Va Zu Kristotɔ Vavãwo

“Wogbã gbedoxɔwo, wozu ke kple afi, wotsrɔ̃ legbawo, eye wotɔ dzo agbalẽ kɔkɔewo, ke hã, blemamawuwo ƒe nu galé dzi na Indiatɔwo kokoko.”​—Las antiguas culturas mexicanas (Blema Mexicotɔwo Ƒe Kɔnuwo).

MEXICO ye nye Aztektɔwo de. Le ƒe 1200-awo me la, wonye tokɔ sue aɖe ko, ke hã wodzi ɖe edzi va zu fiaɖuƒe si kpɔ ŋusẽ abe Inka fiaɖuƒe si nɔ Peru la ene. Togbɔ be Aztektɔwo ƒe fiaɖuƒea mu esi Spaintɔwo xɔ Tenochtitlán le ƒe 1521 me hã la, Aztektɔwo ƒe gbe si nye Nahuatl ya gakpɔtɔ li. * Aztektɔ abe miliɔn ɖeka kple afã ene doa gbe sia le Mexico nuto 15 ya teti me. Esia hã le eme tae Aztektɔwo ƒe dzixɔsewo nu meyi o ɖo, abe ale si numekula Walter Krickeberg ƒe nya siwo dze le etame la ɖee fia ene. Dzixɔse mawo dometɔ aɖewoe nye kawo?

Kɔnu Siwo Ðe Fu Heɖi Wo Nɔewo

Anɔ eme be Aztektɔwo ƒe kɔnu si le nyanya na amewo wue nye ale si wotsɔa amegbetɔwo saa vɔe. Wowɔa esia le esi woxɔe se be ɣea aku, nenye be wometsɔ amegbetɔwo ƒe dzi kple ʋu nyii o. Spaintɔwo ƒe nunɔla Diego Durán gblɔ be le ƒe 1487 me, esime wonɔ Tenochtitlán ƒe gbedoxɔ gã, si tame le tsutsuẽ la ŋu kɔm la, wowu ame 80,000 kple edzivɔ sɔŋ le ŋkeke ene me tsɔ sa vɔe.

Togbɔ be kɔnu sia dzi ŋɔ na Spaintɔwo hã la, ewɔ mo yaa na wo be Aztektɔwo ƒe kɔnu bubu geɖewo ya ɖi Katolikoha si me yewo le la tɔwo. Le kpɔɖeŋu me, Aztektɔwo ɖua kɔminiɔn ƒomevi aɖe si me wotsɔa bli mèa abolo ɖe woƒe mawuwo ƒe nɔnɔme me heɖunɛ. Woɖua amegbetɔ siwo wotsɔ sa vɔe ƒe lã hã ɣeaɖewoɣi. Aztektɔwo zãa atitsoga, woʋua nu vɔ̃ me, hedea mawutsi ta na vidzĩwo. Ðewohĩ esi gawɔ mo yaa wue nye ale si wosubɔa Tonantzin, ɖetugbui leaƒe si nye “Mawuwo Dada,” si Aztektɔwo yɔna vividoɖenuŋutɔe be Mía Dada Sue la.

Togbɛ aɖe dzie Aztektɔwo dea ta agu na Tonantzin le, eye wogblɔ be togbɛ ma tututu dzie Guadalupe Ƒe Ðetugbui Leaƒe si Katolikotɔwo subɔna, si ƒe ŋutigbalẽ nyɔ, si nɔ Nahuatlgbe dom la ɖe eɖokui fia Aztektɔ Indiatɔ aɖe le le ƒe 1531 me. Esia na Aztektɔ geɖe va zu Katolikotɔwo. Wotu gbedoxɔ aɖe na ɖetugbui leaƒe sia ɖe Tonantzin ƒe gbedoxɔa ƒe gɔmeɖoanyi dzi. Mexicotɔ akpe alafa geɖe siwo doa vevie mawusubɔsubɔ, siwo dometɔ geɖe doa Nahuatlgbe la, yia gbedoxɔ sia me le December 12 lia dzi.

Nahuatlgbedolawo ɖua azã vovovowo na woƒe ame kɔkɔe vevitɔwo le woƒe tonuto saɖeagawo me. Woɖua azã siawo ŋkeke geɖewo alo kwasiɖawo gɔ̃ hã. Agbalẽ si nye El universo de los aztecas (Aztektɔwo Ƒe Nuɖoanyia) gblɔ be Aztek vidzidziwo “xɔe se be ale si Katolikoha la subɔa ame kɔkɔewoe la wɔ ɖeka kple kɔ siwo yewonyina do ŋgɔ na Cortés ƒe vava.” Nahuatlgbedolawo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ hã me ŋutɔ. Ne wodze dɔ la, woyia gbedala siwo wɔa kɔnu aɖewo tsɔ kɔa wo ŋu hetsɔa lãwo saa vɔe la gbɔ. Azɔ hã, wo dometɔ geɖe menya agbalẽ o; wometea ŋu xlẽa Spaingbe alo Nahuatlgbea o. Esi wolé woƒe dekɔnuwo kple wo degbea me ɖe asi sesĩe hegada ahe vevie ta la, ame geɖe mebua wo ɖe ɖeke me o.

Egbegbe Aztektɔwo Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu

Ƒe geɖewoe nye esia la, Yehowa Ðasefo siwo le Mexico la dze agbagba be yewoagblɔ “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la na amewo katã. (Mateo 24:14) Le ƒe 2000 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico wɔ ɖoɖo be yewoaɖe gbeƒã na Nahuatlgbedolawo katã le wo degbea me ahaɖo Nahuatlgbe hamewo hena wo dometɔ siwo dea kpekpewo le Spaingbe hamewo me. Woɖo gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be wòanɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe Nahuatlgbe me. Wofiaa Nahuatlgbedolawo wo degbea xexlẽ kple eŋɔŋlɔ hã. Nu kae do tso eme? Bu nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

Esi Aztek nyɔnu aɖe se Biblia me nuƒo aɖe le Nahuatlgbe me zi gbãtɔ la, ewɔ dɔ ɖe edzi wògblɔ be: “Ƒe ewoe nye esia míele kpekpewo dem, gake míekpɔa ta nɛ o, elabena míese Spaingbea nyuie o. Ke fifia ya, ɖeko wòle abe ɖe míegadze agbea gɔme ene!” Juan xɔ ƒe 60, eye wo kple srɔ̃a kple viawo wonɔ Biblia srɔ̃m henɔ Spaingbe me kpekpeawo dem ƒe 8 sɔŋ, ke womewɔ ŋgɔyiyi aɖeke o. Azɔ wova nɔ Biblia srɔ̃m kplii le Nahuatlgbe me. Mede ƒe ɖeka hafi wòxɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo o!

Abe ale si nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖee fia ene la, Spaingbe mee ame geɖe te Biblia sɔsrɔ̃ le, ke hã womese nuwo gɔme nyuie o. Ke esi kpekpewo, takpekpewo kple agbalẽwo le wo degbea me azɔ ta la, wote ŋu se Biblia me nyateƒea gɔme henya nu si wobia tso wo si abe Kristotɔwo ene.

Kplamatsedonuwo Dzi Ðuɖu

Kplamatsedonu aɖewo le mo dom ɖa esime Nahuatlgbedolawo le ŋgɔyiyi wɔm le Biblia sɔsrɔ̃ me. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔmeawo ƒonɛ ɖe wo nu be woakpɔ gome le subɔsubɔzãwo me. Womeɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me le San Agustín Oapan o, elabena vɔvɔ̃ li be ne woɖe mɔ na wo la, amewo madzɔ ga be woatsɔ ado alɔ azãɖuɖuawo o. Esi Florencio kple Ðasefo Nahuatlgbedola ʋɛ aɖewo nɔ gbeƒã ɖem la, wolé wo dometɔ etɔ̃. Le miniti 20 pɛ ko me la, amewo ƒo zi be yewoatso nya me le nu si yewoatu kpli wo ŋu.

Florencio gblɔ be: “Wodi be yewoawu mí enumake. Ame aɖewo do susu ɖa be woabla mí atsɔ aƒu gbe ɖe tɔsisia me ne míanyrɔ! Míetsi gaxɔ me dɔ ŋu ke. Le ŋufɔke la, Ðasefo senyala aɖe kple haxɔsetɔ etɔ̃ bubu va be yewoaxɔ na mí. Ke wolé woawo hã de gaxɔ me. Mlɔeba, dumegãwo tso nya me be, ne míaʋu adzo le dua me ko la, ke yewoaɖe asi le mía ŋu.” Ke hã, le ƒe ɖeka ko megbe la, woɖo hame ɖe afi ma. Wo dometɔ 17 nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo, eye ame siwo ade 50 ye dea kpekpeawo.

Le Nahuatl-tɔwo ƒe nuto si nye Coapala la, wokpe Alberto, si nye Yehowa Ðasefo, be wòakpɔ gome le yewoƒe azãa ɖuɖu me, gake egbe, eya ta wolée de gaxɔ me. Nutoa me tɔwo kpe ta, eye wo dometɔ aɖewo do dziku nɔ gbɔgblɔm be woade ka ve nɛ wòaku, bene vɔvɔ̃ naɖo ame siwo adi be yewoage ɖe eƒe haa me ahagbe nu le yewoƒe kɔnuwo gbɔ la. Ðasefo bubuwo te kpɔ be yewoaxɔ nɛ, ke wolé woawo hã. Esi kwasiɖa ɖeka ƒe azã ma wu enu la, woɖe asi le wo katã ŋu. Esi tsitretsiɖeŋua nu gbe tsotso ta la, eva hiã be woadi kpekpeɖeŋu tso dziɖuɖumegãwo gbɔ, ale wode se si na yometitia nu tso. Dzidzɔtɔe la, ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm na yometitia dometɔ ɖeka va xɔ Biblia me nyateƒea le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe hexɔ nyɔnyrɔ. Hame ɖeka le du ma me fifia.

Nukuwo Ƒu Hena Ŋeŋe

Ðasefo geɖe va le Nahuatlgbea srɔ̃m esi wokpɔe be Nahuatl-tɔ geɖe le ɖe tsɔm le Biblia sɔsrɔ̃ me ta. Ke hã, kplamatsedonuwo li. Ŋu kpea Nahuatl-tɔwo ŋutɔ, eye womedina be yewoado yewo degbea amewo nase o, le nu siwo wotu kpli wo va yi ta. Azɔ hã, gbe sia ƒe gbetagbe vovovowoe li.

Sonia, si nye gbe sia gbe nya nyui gblɔla, gblɔ nu si ʋãe wòsrɔ̃ gbea ale: “Nahuatl dɔwɔla siwo ade 6,000 nye amedzroviwo le afi si dzɔlawo le wo nu le, eye wo gbɔ didi tso gbɔnye gaƒoƒo eve. Wote wo ɖe anyi hedo vlo wo. Woƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena Nahuatl-tɔwo nye ame siwo ŋu bubu nɔ tsã, eye woawoe ɖo míaƒe dekɔnuwo gɔme anyi. Ƒe 20 sɔŋ míenɔ gbeƒã ɖem na wo le Spaingbe me, ke womese nuwo gɔme nyuie o, si wɔe be wometsɔ ɖe le eme tututu o. Ke esi mesrɔ̃ wo degbea me nya ʋɛ aɖewo ko la, mɔnukpɔkpɔwo ʋu ɖi nam be maɖo dze kpli wo. Woƒo zi ɖe ŋunye be yewoaɖo tom. Mewɔ ɖoɖo kple nyɔnu aɖe be mafiae nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ne eya hã nafia Nahuatl gbeam. Azɔ nutoa me tɔwo yɔnam be ‘nyɔnu si doa mía degbea.’ Ðeko wòle abe ɖe menye dutanyanyuigblɔla le mía de ene.” Nahuatlgbe hame ɖeka le nuto ma me fiafia.

Maricela, si hã nye gbe sia gbe nya nyui gblɔla la, le kutri kum be yeasrɔ̃ Nahuatlgbea. Tsã la, esrɔ̃a Biblia kple Félix, si xɔ ƒe 70, le Spaingbe me. Esi Maricela nɔ ŋgɔ yim le Nahuatlgbea sɔsrɔ̃ me la, eva nɔ nuwo me ɖem na Félix le wo degbea me. Nu nyuiwo do tso eme. Dzi dzɔ Maricela esi Félix biae be, “Ðe Yehowa sea gbe siwo medona ɖa le Nahuatlgbe mea?” Dzi dzɔ Félix esi wòse be Yehowa se gbe ɖe sia ɖe. Togbɔ be ele be Félix nazɔ gaƒoƒo ɖeka kple afã hafi ade kpekpeawo hã la, edena edziedzi, eye exɔ nyɔnyrɔ fifia. Maricela gblɔ be, “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mele dɔ wɔm aduadu kple mawudɔla si lé nya nyui ɖe asi be yeagblɔ na dukɔwo la!”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Nahuatl gblea ƒu “hena ŋeŋe” vavã, elabena gbeƒãɖeɖedɔa le afɔ tsɔm. (Yohanes 4:35) Míele gbe dom ɖa be Yehowa Mawu nayi edzi ahe dukɔwo katã me tɔwo, siwo dome egbegbe Aztektɔwo hã le la, ava eƒe to la dzi ne wòafia wo eƒe mɔwo.—Yesaya 2:2, 3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Nahuatl nye Uto-Aztek gbewo dometɔ ɖeka, eye to siwo donɛ la dometɔ aɖewoe nye Hopi, Shoshone, kple Comanche siwo le Dziehe Amerika. Nahuatl nyagbe vovovowo abe avocado, chocolate, coyote, kple tomato ene va zu Eŋlisigbea ƒe akpa aɖe.

[Anyigbatata si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

MEXICO CITY

AZTEKTƆ SIWO LE NUTO GÃWO ME

150,000

ANƆ 1,000