Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Aleke Wòle Be Míaɖo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzii?

Aleke Wòle Be Míaɖo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzii?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Aleke wòle be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzii?

Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woazã abolo kple wain, si nye kpɔɖeŋunuɖuɖu la, atsɔ aɖo ŋku yeƒe kua dzii. Abolo la le tsitre ɖi na Yesu ƒe ŋutilã, eye wain la le tsitre ɖi na eƒe ʋu.—Xlẽ Luka 22:19, 20.

Abolo si Yesu zã la nye abolo maʋamaʋã, si fia be amɔwɔʋãnu menɔ eme o. Amɔwɔʋãnu tsia tre ɖi na nu vɔ̃ zi geɖe le Biblia me. Eya ta esɔ be aboloa le tsitre ɖi na Yesu ƒe ŋutilã debliboa. Etsɔ eƒe ŋutilã sa vɔe, eye esia xɔ ɖe lãwo tsɔtsɔ sa vɔe ƒe ɖoɖo si le Mose ƒe Sea me la teƒe. (Hebritɔwo 10:5, 9, 10) Wain la nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe ʋu xɔasi si wòkɔ ɖe anyi wònye vɔsasa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la.—Xlẽ 1 Petro 1:19; 2:24; 3:18.

2. Ɣekaɣie wòle be woaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi?

Yesu ku le Nisan 14 lia, si nye Ŋutitotoŋkekenyui la dzi. Ɣeɖoto ye nye ŋkekea ƒe gɔmedzedze na Yudatɔwo. Le fiẽ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kple eƒe apostolowo, eyome eɖo ŋkuɖodzinuɖuɖu yeye aɖe anyi be woatsɔ anɔ ŋku ɖom yeƒe ku dzi.—Xlẽ Luka 22:14, 15.

Egbea, Mawu ƒe amewo ɖoa ŋku nu si Mawu wɔ to Yesu dzi be xexe bliboa navo tso nu vɔ̃ kple ku si me la dzi. (2 Mose 12:5-7, 13, 17) Abe ale si ko woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia zi ɖeka le ƒe me ene la, woɖua Yesu ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi hã zi ɖeka le ƒe me le ɣeɖoto le Nisan 14 lia dzi le Biblia ƒe ɣletigbalẽ nu.—Xlẽ Yohanes 1:29.

3. Ame kawoe wòle be woaɖu aboloa ahano wain la?

Esi Yesu tsɔ wain la na eyomedzelawo la, egblɔ be: “Kplu sia tsi tsitre ɖi na nubabla yeye.” (1 Korintotɔwo 11:25) Nubabla yeyea xɔ ɖe Mose Ƒe Se ƒe nubabla, si me Mawu do ŋugbe na Israel viwo le be ne woɖo to ye bliboe la, yeana woazu yeƒe amewo la teƒe. (2 Mose 19:5, 6) Ke hã, Israel viwo meɖo to Mawu ƒe gbe o. Eya ta Yehowa ɖo nubabla yeye anyi.—Xlẽ Yeremiya 31:31.

To nubabla yeyea dzi la, Yehowa ato ame ʋɛ aɖewo ko dzi ayra ame gbogbowo. Nubabla yeyea me tɔwo le ʋɛ, wole ame 144,000 pɛ ko. To ame siawo dzi la, woatsɔ agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ayra ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me. Ame siwo le nubabla yeyea me la dometɔ aɖewo le Yehowa subɔm le anyigba dzi egbea. Esɔ be woawo ɖeɖe ko naɖu aboloa ahano wain la, elabena kplu la “tsi tsitre ɖi na nubabla yeye” la.—Xlẽ Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 14:1, 3.

4. Aleke Ŋkuɖodzia ɖea vi na míi?

Yesu ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi si míeɖuna ƒe sia ƒe la nana míekpɔa ŋudzedze deto ɖe lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia mí la ŋu. Edɔ Via be wòava ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Eya ta ne míede Ŋkuɖodzia la, ele be míade ŋugble le ale si Yesu ƒe kua ɖe vi na míi ŋu. Ele be míade ŋugble tso ale si míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋu la ŋu.—Xlẽ Yohanes 3:16; 2 Korintotɔwo 5:14, 15.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 206-208 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.