Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Gblẽ Le Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?

Nu Kae Gblẽ Le Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?

Nu Kae Gblẽ Le Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?

Tso Barbara * ƒe ɖetugbui me ke la, ekpɔa ŋutegawo hesea gbeɖiɖi siwo na wòka ɖe edzi be yele kadodo me kple yeƒe ƒometɔ siwo ku. Wo kple srɔ̃a Joachim woxlẽa afakagbalẽwo, eye wova bi ɖe afakagbalẽviwo zazã me. Esia ʋu gakpɔmɔnu ɖi na wo, eya ta wotsɔe ɖo dɔe hekpɔ ga geɖe tso eme. Gbe ɖeka la, afakagbalẽviawo gblɔ na wo be ame baɖa aɖewo gbɔna wo ƒe me hefia wo ale si woakpɔ wo ɖokuiwo tae.

TOGBƆ be adze abe gbɔgbɔyɔyɔ zu tsigãdzinu ene hã la, ame geɖe ŋutɔ tsɔ ɖe le gbɔgbɔmeŋusẽwo me. Le xexea me godoo la, amewo zãa bokɛwo kple afakaʋuƒowo, eye woyia gbɔgbɔyɔlawo gbɔ be woagblɔ yewoƒe etsɔme na yewo alo akpɔ yewo ta tso vɔ̃ me. Wogblɔ le nyati si nye “Atadzikɔmpiuta Kple Lucifer,” si dze le Germanytɔwo ƒe magazine si nye Focus, me be: “Internet la na ame geɖe wu va tsɔ ɖe le gbɔgbɔyɔyɔ me.”

Ènya be Biblia ƒo nu tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋua? Ðewohĩ nu si wògblɔ tso eŋu la awɔ nuku na wò.

Nu Si Biblia Gblɔ Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu

Se si Mawu de na eƒe amewo le blema Israel la gblɔ be: “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Ame sia ame, si le nu sia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.” (5 Mose 18:10-12) Nu ka tae Yehowa ƒo nu tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu vevie nenema ɖo?

Abe ale si ŋutinya si le etame ɖee fia ene la, ame geɖe xɔe se be agbagbeawo ate ŋu aƒo nu kple kukuawo, eye nyatakaka siwo woxɔna to gbɔgbɔyɔyɔ dzi la tso kukuawo gbɔ. Subɔsubɔha geɖewo ƒe nufiafia si nye be kukuawo yia edzi nɔa agbe le gbɔgbɔmenutowo me la dzie wotu dzixɔse siawo ɖo. Esia mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o, elabena egblɔ kɔtɛ be: “Ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Biblia tsɔ kukuawo sɔ kple ale si ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi, eye menyaa naneke tso nu siwo le edzi yim la ŋu o. * (Mateo 9:18, 24; Yohanes 11:11-14) Ekema ɖewohĩ àbia be, Aleke míase nuteƒekpɔkpɔ siwo ku ɖe kadodo kple gbɔgbɔwo ŋui la gɔme? Ame kawoe amewo ƒoa nu kplii le gbɔgbɔmenutowo me?

Kadodo Kple Ame Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo Me

Nya Nyui Gbalẽawo ɖee fia be esi Yesu nɔ anyigba dzi la, edo go gbɔgbɔwo. Marko 1:23, 24 gblɔ be “gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe” gblɔ na Yesu be: “Menya ame si tututu nènye.” Ðikeke mele eme o be gbɔgbɔawo dze si wò hã. Ke wò hã ènya ame siwo wonyea?

Hafi Mawu nawɔ amegbetɔwo la, ewɔ gbɔgbɔ me viwo, alo mawudɔla geɖewo. (Hiob 38:4-7) Agbe si ƒomevi mawudɔlawo le la kɔ boo wu amegbetɔwo tɔ. (Hebritɔwo 2:6, 7) Ŋusẽ le wo ŋu, woƒe tamebubuŋutete de ŋgɔ, eye wowɔ wo be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Hakpala la dzi ha be: “Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi.”—Psalmo 103:20.

Biblia ɖee fia be emegbe mawudɔla aɖewo va nɔ kadodo me kple amegbetɔwo le mɔ si medze Mawu ŋu o nu. Nu ka tae wowɔ esia ɖo? Mawudɔla gbãtɔ si wɔ esia la ble ame gbãtɔwo, Adam kple Xawa, si wɔe be woɖe ɖe aga tso woƒe Mawu, si nye wo Wɔla la gbɔ. Esia na wòzu Satana, amegɔmezɔla kple Abosam, ame si tsi tsitre ɖe Mawu ŋu.—1 Mose 3:1-6.

Emegbe mawudɔla bubuwo gblẽ “woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi” le dziƒo hetrɔ wo ɖokuiwo zu amegbetɔwo, eye wova ɖe nyɔnu dzetugbewo le anyigba dzi. (Yuda 6; 1 Mose 6:1, 2) Mawudɔla dzeaglã mawo kpakple vi siwo wodzi kple amegbetɔ nyɔnuwo la wɔ nu vlowo ale gbegbe be “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” Ðewohĩ ènya Biblia ŋutinya si ku ɖe ale si Mawu tsrɔ̃ dzidzime sẽŋuta vɔ̃ɖi ma ɖa le Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa me la ŋu.—1 Mose 6:3, 4, 11-13.

Tsiɖɔɖɔa ƒoe ɖe mawudɔlawo nu wotrɔ zu gbɔgbɔwo ake hetrɔ yi gbɔgbɔmenutowo me. Ke Wɔla la meɖe mɔ na wo wotrɔ yi wo “nɔƒe” si wonɔ tsã la o. Ke boŋ ena wotsi nɔnɔme ɖigbɔ aɖe si wotsɔ sɔ kple “blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe dowo” la me. (2 Petro 2:4, 5) Biblia yɔ mawudɔla dzeaglãwo be “gbɔgbɔ vɔ̃wo.” (Yakobo 2:19) Woawoe nye ŋusẽ si le megbe na gbɔgbɔyɔyɔ.

Gbɔgbɔ Vɔ̃awo Ƒe Taɖodzinu

Gbɔgbɔ vɔ̃ siwo doa ka kple amegbetɔwo la ƒe taɖodzinu gbãtɔe nye be yewoaɖe amewo ƒe susu ɖa le Yehowa, si nye Mawu vavã la, subɔsubɔ ŋu. Nunana alo ŋusẽ si gbɔgbɔyɔla geɖe gblɔna be ele yewo si la nye susuhenu siwo woatsɔ axe mɔ na amewo be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la nagasu wo si ne woayi nu si dzea eŋu la wɔ ge o.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe taɖodzinu evelia dze ƒãa le nu si woƒe ŋgɔnɔla Satana tsɔ te Yesu kpɔe la me. Satana do ŋugbe be yeatsɔ “xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” ana Yesu. Nu kae Satana di tso Yesu si hafi atsɔe anae? Egblɔ be ‘wòadze klo ade ta agu na ye.’ Ɛ̃, Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo di be woade ta agu na yewo. Yesu megbe nu le Mawu gbɔ o, ke boŋ elé tadedeagu vavãtɔ me ɖe asi.—Mateo 4:8-10.

Egbea, ƒãa hafi gbɔgbɔ vɔ̃wo tea ame kpɔna tẽe nenema ya. Gake wotsɔa nu siwo dzena abe womagblẽ naneke le ame ŋu o abe, afakahuhɔ̃ewo, tiigbewo, afakagbalẽviwo, ɣletivimefakaka kple pendulum zazã ene, blea ame siwo mele ɖeke me nyam o. Mègana woable wò to mɔnu siawo dzi o! Menye mɔnu nyui, siwo dzi míato ado ka kple ame siwo le xexe bubu aɖe mee wonye o. Gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔa ale si amewo dina be yewoanya nu tso vivimeŋusẽwo ŋui la ŋu dɔ tsɔ blea woe, kple susu be womagade ta agu na Yehowa o. Zi geɖe la, ne esia medze edzi o la, gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖea fu na ame siwo ge ɖe woƒe mɔ̃ me la hewɔa fu wo. Ne aleae wòle le gowòme la, ke aleke nàwɔ avo tso wo si me?

Ale Si Nàtso Kadodo Me Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo

Nyateƒea koe nye be, gbɔgbɔ siwo doa ka kple amegbetɔwo la nye Mawu ƒe futɔwo, eye Mawu atsrɔ̃ wo godoo. (Yuda 6) Wonye aʋatsokalawo kple alakpanuwɔla siwo wɔa wo ɖokuiwo abe kukuawo ene. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èva nyae be ame si be yenye xɔ̃wò la nye alakpanuwɔla si ɖoe be yeagblẽ nu le ŋuwò? Aleke nàwɔ nui ne èva nya be sigbeɖe, ame si nèdoa ka kplii le Internet dzi la blea amewo nu be yeanɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ kpli wo? Kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ya ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò wu gɔ̃ hã. Ele be nàwɔ wò ŋutete katã be nàtso kadodo me kpli wo. Aleke nàwɔe?

Esi blema Efesotɔ aɖewo va srɔ̃ nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la, wokpɔe be ele be yewoagblẽ yewoƒe afakagbalẽwo dome, togbɔ be ho gbogbo aɖee wonye hã. “Wotɔ dzo wo le amewo katã ŋkume.” (Dɔwɔwɔwo 19:19, 20) Egbea, menye nuwo abe agbalẽwo, atiblɛwo, kple afakaʋuƒowo ene, koe do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ o, ke elektrɔnik mɔɖaŋunuwo hã le eme. Ƒo asa na nu sia nu si adze abe enye gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔnu ene la.

Èɖo ŋku atsu kple asi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la dzia? Esi woka nu to afakagbalẽviawo dzi la, woƒo nya ta be ame baɖa aɖewo gbɔna yewo ƒe me, eye mele be yewoaɖo to wo alo axɔ naneke tso wo si o. Ke hã, esi Connie kple Gudrun, siwo nye Yehowa Ðasefowo, va ƒo ʋɔ na wo hegblɔ be yewotsɔ Mawu ŋuti nya nyui vae na wo la, Joachim kple Barbara lɔ̃ be yewoaɖo to wo. Woƒe dzeɖoɖoa va ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu, eya ta Connie kple Gudrun gblɔ nu si tututu Ŋɔŋlɔwo fia tso eŋu la na wo. Ale wote Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi.

Eteƒe medidi hafi Joachim kple Barbara ɖoe be yewoatso kadodo me kple gbɔgbɔ vɔ̃awo o. Ðasefoawo gblɔ na wo be esia madze gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋu o. Le nyateƒe me la, Joachim kple Barbara to nɔnɔme sesẽwo me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo do ŋɔdzi na wo. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, vɔvɔ̃ ɖoa wo zã sia zã va se ɖe esime woʋu yi aƒe bubu me hafi wokpɔ gbɔdzɔe vie. Le woƒe xaxaɣiwo katã me la, Filipitɔwo 4:13 me nyawo do ŋusẽ wo. Afi ma gblɔ be: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.” Yehowa yra wo ɖe woƒe dzidodo ta, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo dzudzɔ fuɖeɖe na wo mlɔeba. Egbea, Joachim kple Barbara le Yehowa, Mawu vavã la, subɔm dzidzɔtɔe.

Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu ame siwo katã di Yehowa ƒe yayra la be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:7, 8) Yehowa Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàvo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me, eye akpe ɖe ŋuwò hã, ne èdii nenema. Ale si Joachim kple Barbara vo tso gbɔgbɔ vɔ̃awo si mee la wɔe be wolɔ̃ ɖe Psalmo 121:2 me nyawo dzi kple dzi blibo. Afi ma gblɔ be: “Nye xɔname atso Yehowa . . . gbɔ.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Míetrɔ ŋkɔawo.

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe wu tso nɔnɔme si me kukuawo le ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 6 lia, si ƒe tanyae nye “Afikae Ame Kukuwo Le?” Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Gbɔgbɔyɔyɔ wɔnɛ be amewo ƒe nu medzea Mawu ŋu o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

“Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—YAKOBO 4:8