Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Kristo Eŋuti Biabiawo Ŋu Ðoɖo

Yesu Kristo Eŋuti Biabiawo Ŋu Ðoɖo

Yesu Kristo Eŋuti Biabiawo Ŋu Ðoɖo

“Ame kae amehaawo le gbɔgblɔm be menye?”—LUKA 9:18.

YESU bia nya mawo eƒe nusrɔ̃lawo, elabena enya be nukpɔsusu vovovowoe le amewo si ku ɖe ye ŋu. Ke hã, susu gobi aɖeke meli si tae wòle be woatɔtɔ ɖo o. Yesu meɣla eɖokui ɖe amewo hewɔ eƒe dɔwo le adzame o. Ke boŋ, ede ha kple amewo faa le woƒe kɔƒewo kple duwo me. Eɖe gbeƒã hefia nu amewo le dutoƒo, elabena edi be woanya nyateƒe si ku ɖe ye ŋu.—Luka 8:1.

Yesu ƒe nyawo kple nuwɔnawo, siwo dze le Biblia me Nya Nyui Gbalẽawo, siwo nye Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes me la, ate ŋu ana míanya nyateƒe si ku ɖe eŋu. Nuŋlɔɖi ma si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la dzie míato akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ku ɖe Yesu ŋu. *Yohanes 17:17.

BIABIA: Ðe Yesu nɔ anyi kpɔ vavã?

ŊUÐOÐOA: Ɛ̃. Ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔlawo abe, Josephus kple Tacitus ene, gblɔ be Yesu nɔ anyi kpɔ. Gawu la, Nya Nyui Gbalẽawo ɖo kpe edzi kɔtɛ be ame ŋutɔŋutɔe Yesu nye, ke menye glimeme o. Nuŋlɔɖi mawo gblɔ nyawo tsitotsito ku ɖe ɣeyiɣi kple teƒe si nuwo dzɔ le la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Luka yɔ dziɖula adre ƒe ŋkɔwo tsɔ ɖo kpe ƒe si me Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme dzi, eye ŋutinyaŋlɔlawo da asi ɖe edzi be dziɖula mawo nɔ anyi kpɔ vavã.—Luka 3:1, 2, 23.

Kpeɖodzi sẽŋuwo le nu siwo ɖee fia be Yesu nɔ anyi kpɔ la ŋu. Agbalẽ aɖe (Evidence for the Historical Jesus) gblɔ be: “Ŋutinyaŋlɔla akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu, si tso Nazaret la, nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me vavã.”

BIABIA: Nyateƒee wònye be Yesue nye Mawua?

ŊUÐOÐOA: Ao. Yesu mebui kpɔ be ye kple Mawu yewosɔ o. Ke boŋ ɖe Yesu ɖee fia enuenu be yele Yehowa * te. Le kpɔɖeŋu me, Yesu yɔ Yehowa be “nye Mawu” kple “Mawu vavã ɖeka la.” (Mateo 27:46; Yohanes 17:3) Ame si le ame aɖe te la koe ate ŋu azã nyagbe mawo atsɔ aɖɔ ame si te wòle. Dɔwɔla si yɔa eƒe dɔtɔ be “nye amegã” alo “dɔdzikpɔla” la le eɖem fia kɔtɛ be eƒe ɖoƒe kɔ wu ye tɔ.

Yesu ɖee fia hã be yele vovo na Mawu. Gbe ɖeka Yesu gblɔ na ame siwo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu la be: “Woŋlɔ ɖe mia ŋutɔwo miaƒe Se la me hã be: ‘Ame eve ƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.’ Nyee nye ame si le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo si dɔm ɖa la hã le ɖase ɖim le ŋunye.” (Yohanes 8:17, 18) Esia fia be Yesu le vovo na Yehowa. Ne menye nenema o la, ke gɔmesese ka nue wonye ɖaseɖila eve le? *

BIABIA: Ame nyui aɖe koe Yesu nyea?

ŊUÐOÐOA: Ao. Ame si Yesu nye la yi ŋgɔ wu ema. Yesu nyae be yewɔ akpa vevi aɖewo be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo:

“Mawu ƒe Tenuvi la.” (Yohanes 3:18) Yesu nya afi si wòtso. Le nyateƒe me la, eli tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke hafi wova dzii ɖe anyigba dzi. Egblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va.” (Yohanes 6:38) Yesue nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye Mawu to edzi wɔ nu bubuwo katã. Esi wònye eya koe Mawu ŋutɔ wɔ tẽe ta la, esɔ be Yesu yɔ eɖokui be “Mawu ƒe Tenuvi la.”—Yohanes 1:3, 14; Kolosetɔwo 1:15, 16.

“Amegbetɔvi.” (Mateo 8:20) Yesu yɔ eɖokui zi geɖe be “Amegbetɔvi la.” Nyagbe sia dze le Nya Nyui Gbalẽawo me abe zi 80 sɔŋ ene. Dzesideŋkɔ sia ɖee fia be amegbetɔ ŋutɔŋutɔe wònye, ke menye Mawue wònye trɔ zu amegbetɔ o. Aleke wòdzɔe be wova dzi Mawu ƒe tenuvi la wònye amegbetɔ? Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi trɔ Via ƒe agbe de Yuda ɖetugbui nɔaƒe Maria ƒe vidzidɔ me, si na wòfɔ fu. Esia wɔe be wodzi Yesu wònye ame deblibo si ŋu nu vɔ̃ mele o.—Mateo 1:18; Luka 1:35; Yohanes 8:46.

“Nufiala.” (Yohanes 13:13) Yesu na eme kɔ ƒãa be dɔ si Mawu de ye sie nye be ‘yeafia nu amewo ahaɖe gbeƒã’ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Mateo 4:23; Luka 4:43) Eɖe nu si Mawu Fiaɖuƒea nye kple ale si wòana Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nava emee la me le mɔ si le bɔbɔe si me kɔ ŋutɔ nu.—Mateo 6:9, 10.

“Nya la.” (Yohanes 1:1) Yesu nye Mawu ƒe Nyanuɖela, si fia be eya dzie Mawu tona dea gbe asi na amewo hefiaa mɔ wo. Yehowa to Yesu dzi na Eƒe gbedeasia ɖo amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzi.—Yohanes 7:16, 17.

BIABIA: Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la?

ŊUÐOÐOA: Ɛ̃. Biblia me nyagblɔɖiwo gblɔ Mesia, alo Kristo, si gɔmee nye “Amesiamina” la, ƒe vava ɖi. Ŋugbedodovi sia wɔ akpa vevi aɖe be Yehowa ƒe tameɖoɖowo nava eme. Gbe ɖeka la, Samaria nyɔnu aɖe gblɔ na Yesu be: “Menyae be Mesia, si woyɔna be Kristo, la gbɔna.” Yesu ʋu eme nɛ kɔtɛ be: “Nye ame si le nu ƒom na wò la, nyee nye ame ma.”—Yohanes 4:25, 26.

Ðe kpeɖodzi aɖe li be Yesue nye Mesia la vavã? Abe ale si ko ame aɖe ƒe asibidenufliwo megasɔna kple ame bubu aɖeke tɔ o ene la, nenema kee kpeɖodzi etɔ̃, siwo ŋu kakaɖedzi blibo le la, fia asi ame ɖeka ko be eyae nye Mesia la. Ðe kpeɖodziawo fia be Yesu yea? Bu nya siawo ŋu kpɔ:

Ƒome si me wòtso. Biblia gblɔe ɖi be Mesia la anye Abraham ƒe dzidzimevi si ado tso David ƒe ƒomea me. (1 Mose 22:18; Psalmo 132:11, 12) Ame siawo ƒe dzidzimevie Yesu nye vavã.—Mateo 1:1-16; Luka 3:23-38.

Nyagblɔɖi siwo va eme. Nyagblɔɖi geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Mesia la ƒe anyigbadzigbenɔnɔ, si ƒe akpa aɖewo ku ɖe edzidzi kple eƒe ku ŋu la ŋu. Nyagblɔɖi siawo katã va eme ɖe Yesu dzi. Wo dometɔ aɖewoe nye esi: Wodzii le Betlexem (Mixa 5:1; Luka 2:4-11), woyɔe tso Egipte (Hosea 11:1; Mateo 2:15), wowui gake womeŋe eƒe ƒuwo dometɔ aɖeke o (Psalmo 34:21; Yohanes 19:33, 36). Manya wɔ gbeɖe be Yesu ŋutɔ natrɔ asi le nuwo ŋu ale gbegbe be nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu la nava eme ɖe eyama dzi o. *

Mawu ŋutɔ ƒe ɖaseɖiɖi. Le Yesu dziɣi la, Mawu dɔ mawudɔlawo be woana alẽkplɔlawo nanya be wodzi Mesia la. (Luka 2:10-14) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, Mawu ŋutɔ ƒo nu tso dziƒo enuenu gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ŋu. (Mateo 3:16, 17; 17:1-5) Yehowa na Yesu wɔ nukunu ɖedzesiwo, eye esia hã ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la.—Dɔwɔwɔwo 10:38.

BIABIA: Nu ka tae wòle be Yesu nakpe fu ahaku ɖo?

ŊUÐOÐOA: Medze be Yesu, ame si ŋu nu vɔ̃ mele o la, nakpe fu hafi o. Medze hã be woahee ɖe ati ŋu abe nu vlo wɔla ene ahagblẽe ɖe afi ma wòaku vlodoametɔe o. Ke hã, togbɔ be Yesu nyae be woasẽ ŋuta le ye ŋu hã la, elɔ̃ faa to eme.—Mateo 20:17-19; 1 Petro 2:21-23.

Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo ɖee fia be ele be wòakpe fu ahaku, bene wòalé avu ɖe ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta. (Yesaya 53:5; Daniel 9:24, 26) Yesu ŋutɔ gblɔ be yeva be “yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mateo 20:28) Mɔkpɔkpɔ le ame siwo xɔ ale si eƒe vɔsakua ate ŋu axɔ ame ɖe agbee dzi se la si be woava ɖe yewo tso nu vɔ̃ kple ku si me, bene yewoanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. *Yohanes 3:16; 1 Yohanes 4:9, 10.

BIABIA: Ðe míate ŋu aka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be wofɔ Yesu ɖe tsitrea?

ŊUÐOÐOA: Ɛ̃. Yesu ka ɖe edzi bliboe be woafɔ ye tso ame kukuwo dome. (Mateo 16:21) Ke hã, ele vevie be míanya be Yesu ŋutɔ alo Biblia ŋlɔla aɖeke megblɔ kpɔ be, to dzɔdzɔmemɔnu aɖe dzie Yesu ato afɔ tso kukuawo dome o. Esia manya wɔ o. Nu si Biblia gblɔ boŋue nye be: ‘Mawu fɔe ɖe tsitre esi wòtu ku ƒe bablawo.’ (Dɔwɔwɔwo 2:24) Ne míexɔe se be Mawu li, eye be eyae wɔ nuwo katã la, ke ele be míaka ɖe edzi bliboe be ate ŋu afɔ Via tso ku me.—Hebritɔwo 3:4.

Ðe kpeɖodzi sẽŋuwo li be wofɔ Yesu ɖe tsitrea? Bu nya siawo ŋu kpɔ.

Nuteƒekpɔlawo ƒe ɖaseɖiɖi. Anɔ abe ƒe 22 le Yesu ƒe ku megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ bena nuteƒekpɔla 500 kple edzivɔ kpɔ Yesu le eƒe tsitretsitsi megbe, eye woƒe akpa gãtɔ gakpɔtɔ nɔ agbe esime Paulo nɔ eƒe agbalẽa ŋlɔm. (1 Korintotɔwo 15:6) Ne ame ɖeka alo eve aɖewo koe kpɔ eteƒe la, anɔ bɔbɔe be woagbe woƒe ɖaseɖiɖia xɔxɔ, ke ɖe wòanya wɔ be woagbe ame 500 sɔŋ ƒe ɖaseɖiɖia?

Ðasefo siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ƒo nu tso eƒe tsitretsitsia ŋu dzinɔameƒotɔe, elabena wonya be efɔ ɖe tsitre vavã, le esi wonye nuteƒekpɔlawo ta. (Dɔwɔwɔwo 2:29-32; 3:13-15) Le nyateƒe me la, woka ɖe edzi be ele vevie be ame si nye Kristotɔ la naxɔ Yesu ƒe tsitretsitsia dzi ase. (1 Korintotɔwo 15:12-19) Nusrɔ̃la mawo lɔ̃ faa be yewoaku tsɔ wu be yewoadzudzɔ Yesu dzi xɔxɔ se. (Dɔwɔwɔwo 7:51-60; 12:1, 2) Ðe nènya ame aɖe si alɔ̃ faa aku ɖe nu si wònya nyuie be enye aʋatso la taa?

Míedzro ale si Biblia ɖo nyabiase vevi ade siwo ku ɖe Yesu ŋu la me. Ŋuɖoɖo siwo ŋu míeke ɖo la na míenya ame si tututu Yesu nye. Gake ɖe ŋuɖoɖoawo nyanya le veviea? Alo ne míagblɔe bubui la, ɖe nu si nètia be yeaxɔ ase tso Yesu ŋu la le veviea?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Àte ŋu axlẽ nu tso ale si Nya Nyui Gbalẽawo to vovo na nyakpakpa siwo woŋlɔ tso Yesu ŋu la ŋu le nyati si nye “Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo—Yesu Ŋu Nyateƒenya Ɣaɣlɛwoe Wonyea?” si dze le axa 18-19 la me.

^ Le Biblia me la, Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Yehowa.

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Dzeɖoɖo Kple Aƒelika—Yesu Ke Koe Ganye Mawua?” si le axa 20-22.

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu tso nyagblɔɖi bubu geɖe siwo va eme ɖe Yesu dzi ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 200 lia.

^ Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ale si Yesu ƒe kua ate ŋu alé avu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo tae ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia me.