Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ŋuɖoɖoawo Nyanya Le Veviea?

Ðe Ŋuɖoɖoawo Nyanya Le Veviea?

Ðe Ŋuɖoɖoawo Nyanya Le Veviea?

“Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”—YOHANES 8:32.

DZIXƆSE siwo le amewo si tso Yesu ŋu la dometɔ aɖewo tɔtɔa ame, alo kplɔa ame tranae gɔ̃ hã. Gake Biblia me nyateƒea ana míavo tso wo si me. Ke hã, ɖe nu si míexɔ se ku ɖe Yesu ŋu la le veviea? Ɛ̃, ele vevie. Ele vevie na Yehowa. Ele vevie na Yesu hã. Eye ele be wòanɔ vevie na míawo hã.

Nu ka tae wòle vevie na Yehowa? Míaɖo eŋu kpuie ko be, esi “Mawu nye lɔlɔ̃” tae. (1 Yohanes 4:8) Yehowa di be míanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me. Yesu gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea [amegbetɔƒomea] ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la . . . [nakpɔ] agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Mawu dɔ Via be wòava nye mía Ðela, eye wòaʋu agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔ ɖi na mí, abe ale si Wòɖoe le gɔmedzedzea me ene. (1 Mose 1:28) Mawu di vevie be yeatsɔ agbe mavɔ ƒe nunana la ana ame siwo srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Via ŋu henɔa agbe ɖe eŋuti.—Romatɔwo 6:23.

Nu ka tae wòle vevie na Yesu? Yesu hã lɔ̃ ameƒomea. Eɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia to ale si wòlɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía tae dzi. (Yohanes 15:13) Enya be esia koe nye mɔ ɖeka kolia si dzi Mawu ato ana ɖeɖe ameƒomea. (Yohanes 14:6) Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí be Yesu di be yeƒe tafevɔsaa naɖe vi na ame sia ame si ko adze nɛa? Esia tae wòde dɔ asi na eyomedzela vavãwo be woafia nu amewo tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu le xexea me godoo.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Nu ka tae wòle be wòanɔ vevie na mí? Tɔ sẽe nàbu nu siwo ɖikeke mele eme o be wole vevie na wò, siwo nye wò lãmesẽ kple wò ƒome, ŋu kpɔ. Ðe nèdina be ye ŋutɔ kple yeƒe ame veviwo mianɔ lãmesẽ me, eye agbea nadze edzi na mia? Yehowa to Yesu dzi tsɔ mɔkpɔkpɔ si nye be mia kple wò ame veviwo miava nɔ lãmesẽ deblibo me ahanɔ agbe tegbee le xexe yeye si me vevesese kple fukpekpe manɔ o la ɖo mia ŋkume. (Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ðe agbenɔnɔ le xexe ma me dzro wò veviea? Ne nenemae la, ke nane li wòhiã be nàwɔ.

Gàde ŋugble le mawunyakpukpui si míeyɔ kpe ɖe tanyaa ŋu si nye, “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi” la ŋu kpɔ. Yesu ŋuti nyateƒea kple akpa si wòwɔna le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me la nyanya ate ŋu ana míavo tso kluvinyenye si vloe wu ɖe sia ɖe la me, si nye kluvinyenye na nu vɔ̃ kple ku. Gake be ablɔɖe ma nasu asiwò la, ele be nànya “nyateƒe la.” Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nyateƒe sia kple ale si wòaɖe vi na mia kple wò ame veviwoe ŋu oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.