Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be “zɔ kilometa eve kplii”?

Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, eɖo aɖaŋu sia bena: “Ne ŋusẽtɔ aɖe zi dziwò be nàwɔ dɔ aɖe na ye ahazɔ kpli ye kilometa ɖeka la, zɔ kilometa eve kplii.” (Mateo 5:41) Anɔ eme be Yesu ƒe nyaselawo se egɔme be amedzizizidɔ si ŋusẽtɔ ate ŋu abia tso dumevi si be wòawɔ la ŋu nya gblɔmee wònɔ.

Romatɔwoe kpɔ ŋusẽ ɖe Israel dukɔa dzi le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me. Wozia amewo kple lãwo dzi be woawɔ dɔ na yewo, alo woxɔa nu sia nu si wokpɔ be ana dziɖuɖudɔwo natsɔ afɔ la sesẽe. Le kpɔɖeŋu me, wozi Simon si tso Kirene dzi be wòatsɔ Yesu ƒe fuwɔametia ayi afi si woawu Yesu le. (Mateo 27:32) Amedzizizi alea nye ameteteɖeanyi si kua dzi na Yudatɔ geɖewo, eye wòvea dɔme na wo kaɖikaɖi.

Míenya afi si gbegbe woabia tso dumevi si be wòatsɔ agba ayii ya o. Gake edze ƒãa be womalɔ̃ kura be yewoatsɔ agbaa wòagbɔ didime si tututu woɖo na wo la ŋu o. Eya ta esi Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nyaselawo be woazɔ kilometa bubu akpee, si fia be woawɔ geɖe wu la, enɔ gbɔgblɔm na wo be woalɔ̃ awɔ dɔ si ŋusẽtɔwo bia tso wo si le sea nu la tso dzi me faa.—Marko 12:17.

Ame kae nye Ana si ŋu nya wogblɔ le Nya Nyui Gbalẽawo me?

Le nuŋlɔɖi si ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu ŋu me la, woyɔ Ana (Ananus) be “nunɔlawo ƒe tatɔ.” (Luka 3:2; Yohanes 18:13; Dɔwɔwɔwo 4:6) Le nyateƒe me la, Israel ƒe nunɔlagã Kayafa ƒe toe wònye, eye eya ŋutɔ hã nye nunɔlagã kpɔ tso ƒe 6 alo 7 lia Mía Ŋɔli va se ɖe ƒe 15 lia Mía Ŋɔli me lɔƒo, si nye ƒe si me Roma dziɖuɖumegã Valerius Gratus xɔ ɖoƒe ma le esi. Togbɔ be Ana megale ɖoƒe ma o hã la, ŋusẽ gã aɖe gakpɔtɔ nɔ esi le Israel. Viaŋutsu atɔ̃ kple eƒe toyɔvi hã va zu nunɔlagãwo.

Esime Israel nye dukɔ si nɔ eɖokui si la, nunɔlagã la nɔa ɖoƒe ma va se ɖe eƒe kugbe. (4 Mose 35:25) Ke hã, esime Israel dukɔa va nɔ Roma dziɖuɖua te la, Roma nutomefiawo kple fia siwo Roma dziɖuɖua ɖo la kpɔ ŋusẽ ɖe nunɔlagã la dzi, eye wotea ŋu xɔa ɖoƒe ma le esi gɔ̃ hã. Ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus ka nya ta be, Roma nutomefia Quirinius, si nɔ Siria dzi ɖum la, xɔ nunɔlagã ƒe ɖoƒea le Joazar si le ƒe 6 alo 7 lia M.Ŋ. me lɔƒo, eye wòna Ana zu nunɔlagã ɖe eteƒe. Ke hã, edze abe dziɖula trɔ̃subɔla siawo ɖɔa ŋu ɖo be yewoatia nunɔlagã yeye siawo tso nunɔlawo dome ene.

Wonya Ana ƒe ƒometɔwo be wonye ŋuklẽlawo kple gatɔ gãwo. Edze abe wova zu gatɔwo le esi woawo koŋue dzraa nu vevi siwo wotsɔ saa vɔe, siwo dometɔ aɖewoe nye ahɔ̃newo, alẽwo, ami, kple wain ene, le afi si tsɔ gbedoxɔa gbɔ ta. Josephus gblɔ be Ananus (Anania), si nye Ana ƒe vi la ƒe “subɔvi gblẽkuwo tea ŋu xɔa nunɔlawo ƒe nu ewolia akpa sesẽe; eye woƒoa ame siwo gbe be yewomatsɔe ana wo o la gɔ̃ hã.”