Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

“Míeɖe Kuku, Na Míatrɔ Agbɔ Va Aƒe”

“Míeɖe Kuku, Na Míatrɔ Agbɔ Va Aƒe”

Ðe nèsubɔ Yehowa kpɔ hafi va dzudzɔa? Ðe wònye wò didi be nàgasubɔe ake, gake mènya nenye be agalɔ̃ axɔ wò oa? Míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ nyati sia kple esi kplɔe ɖo la nyuie. Wò koŋ tae míeŋlɔ wo ɖo.

“MEDO gbe ɖa na Yehowa heɖe kuku nɛ be wòana matrɔ ava egbɔ, eye be wòatsɔ agɔ siwo medze le edzi la akem.” Nya siae nyɔnu aɖe si tra ɖa tso Kristotɔwo ƒe hehe si wonae tso ɖevime gbɔ la gblɔ. Ðe nèse veve ɖe enua? Ðe nèbia kpɔ be: ‘Aleke Mawu sena le eɖokui me ɖe ame siwo subɔe kpɔ hafi va dzudzɔ la ŋua? Ðe wògaɖoa ŋku wo dzia? Ðe wòdi be woatrɔ agbɔ “va aƒea”?’ Be míaɖo nya mawo ŋu la, na míadzro Yeremiya ƒe nuŋlɔɖi aɖewo me kpɔ. Ðikeke mele eme o be ŋuɖoɖoawo ado dzidzɔ na wò.—Xlẽ Yeremiya 31:18-20.

Bu ɣeyiɣi si me Yeremiya ŋlɔ nya mawo ŋu kpɔ. Le ƒe 740 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me, si nye ƒe geɖe do ŋgɔ na Yeremiya ŋɔli la, Yehowa ɖe mɔ Asiriatɔwo kplɔ Israel-to ewo fiaɖuƒea yi aboyo me. * Mawu ɖe mɔ afɔku sia va eƒe amewo dzi be wòanye tohehe na wo, elabena wonɔ nu vɔ̃ gãwo wɔm, eye womeɖo to nuxlɔ̃ame si wòtsɔ to nyagblɔɖilawo dzi na wo enuenu la o. (2 Fiawo 17:5-18) Ðe nɔnɔme sesẽ siwo me woto le aboyomenɔɣi, esime womegate ŋu nɔ Mawu subɔm o, eye wonɔ adzɔge tso aƒe la, na wotrɔ dzi mea? Ðe Yehowa ŋlɔ wo be kura? Ðe wòalɔ̃ be woatrɔ ava aƒe agava subɔ yea?

“Evem”

Esi wonɔ aboyo me la, wode dzesii be yewowɔ nu vɔ̃, eya ta wotrɔ dzi me. Yehowa de dzesii be wotrɔ dzi me vavã. De dzesi ale si Yehowa ɖɔ Israel vi aboyomeawo, siwo wòyɔ be Efrayim la, ƒe nɔnɔme kpakple ale si wose le wo ɖokui me la.

Yehowa gblɔ be, “Mese Efrayim le nu xam xoxo.” (Kpukpui 18) Ese ale si Israel viwo xa nu ɖe nu si do tso woƒe nu vɔ̃wo me ta. Le agbalẽnyalagã aɖe ƒe nya nu la, nya “le nu xam” ate ŋu afia ale si ame “naʋuʋu” tae. Wonɔ abe viŋutsu dzeaglã si le ta ʋuʋum le nuxaxa ta esime wòle nɔnɔme sesẽ siwo wòhe va eɖokui dzii ŋu bum hele didim vevie be yeatrɔ ayi aƒe mee la ene. (Luka 15:11-17) Nya ka gblɔmee Israel viwo nɔ?

“Èhe to nam . . . abe nyivi, si womemla o la ene.” (Kpukpui 18) Wolɔ̃ ɖe edzi be yewodze na tohehe. Le nyateƒe me la, wole ko abe nyivi si womemla o ene. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia ate ŋu afia be wole abe nyivi si “ne ɖe meʋli le kɔkutia te o la, anye ne womatsɔ nutɔnu atɔe akpɔ o la ene.”

“Gakplɔm gbɔe, ne matrɔ, elabena wòe nye Yehowa nye Mawu.” (Kpukpui 18) Esi wobɔbɔ wo ɖokui le dzi me la, woyɔ Mawu. Woƒe nu vɔ̃wo na wotra ɖa, ke azɔ woɖe kuku na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoatrɔ agbɔ ne wòave yewo nu. Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe kpukpui sia gɔme be: “Wòe nye mía Mawu—míeɖe kuku, na míatrɔ agbɔ va aƒe.”—Contemporary English Version.

“Evem. . . . Ŋukpe lém, eye mezu ame ɖigbɔ hã.” (Kpukpui 19) Ete ɖe Israel viwo dzi be yewowɔ nu vɔ̃. Wolɔ̃ ɖe edzi be yewoda vo, eye yewodze na fɔbubu. Woƒo woƒe akɔtawo abe ame siwo wodo ŋukpee heɖi gbɔe ene.—Luka 15:18, 19, 21.

Israel viwo trɔ dzi me. Woxa nu vevie, woʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Mawu, eye wotrɔ ɖa le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Ðe woƒe dzimetɔtrɔa ana Mawu ƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋua? Ðe wòana woatrɔ ava egbɔa?

“Makpɔ Nublanui Nɛ Kokoko”

Yehowa nɔ ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Israel viwo. Egblɔ le wo ŋu be: “Fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.” (Yeremiya 31:9) Ðe vifofo lɔ̃ame agbe be yemana ye vi si nuxaxa yɔ dzi me na la natrɔ ava ye gbɔ oa? De dzesi ale si Yehowa ɖe Vifofo ƒe lɔlɔ̃ si le esi na eƒe amewo gblɔ.

“Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa.” (Kpukpui 20) Ðe nya mawo mewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ oa? Abe dzila lɔ̃ame si mewɔa vi na viawo o ene la, eva hiã be Mawu ‘naƒo nu le’ viawo ŋu, eye wòxlɔ̃ nu wo enuenu be woatrɔ ɖa le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Esi wosẽ dzi me hegbe toɖoɖo la, ena wokplɔ wo yi aboyo mee, si wɔe be wodzo le wo de. Gake togbɔ be ehe to na wo hã la, meŋlɔ wo be o. Mawɔ nu ma akpɔ gbeɖe o. Vifofo lɔ̃ame meŋlɔa viawo be o. Ke aleke Yehowa se le eɖokui me esi wòkpɔ be ye viwo trɔ dzi me vavã?

“Nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, * makpɔ nublanui nɛ kokoko.” (Kpukpui 20) Yehowa tsɔ ɖe le eme na viawo vevie. Ale si wotrɔ dzi me anukwaretɔe la na eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòdi vevie be woatrɔ ava ye gbɔ. Abe vifofo si le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu me ene la, woƒe “nu wɔ nublanui” na Yehowa, eye wòkpɔ mɔ vevie be woatrɔ ava ye gbɔ.—Luka 15:20.

“Yehowa Na Metrɔ Gbɔ Va Aƒe!”

Nya siwo dze le Yeremiya 31:18-20 la na míekpɔ ale si gbegbe Yehowa sea veve ɖe ame nu hekpɔa nublanuii. Mawu meŋlɔa ame siwo subɔe kpɔ hafi va dzudzɔ la be o. Ke ne ame siawo di be yewoatrɔ ava egbɔ ya ɖe? Mawu ‘lɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5) Madzɔ gbeɖe be wòagbe ame siwo trɔ dzi me heva egbɔ la xɔxɔ o. (Psalmo 51:17) Ke boŋ exɔa wo dzidzɔtɔe.—Luka 15:22-24.

Nyɔnu si ŋu nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la ŋutɔ wɔ afɔɖeɖea be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ, eye wòde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Le gɔmedzedzea me la, eƒe seselelãmewo ɖe fu nɛ. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nyemedze o.” Gake hamemetsitsiwo de dzi ƒo nɛ hekpe ɖe eŋu woa kple Mawu dome gava le nyuie. Egblɔ tso dzi me be: “Aleke gbegbe dzi le dzɔyem enye esi be Yehowa na metrɔ gbɔ va aƒe!”

Ne èsubɔ Yehowa kpɔ hafi dzudzɔ, eye nègadi be yeasubɔe ake la, míade dzi ƒo na wò be nàde ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le miaƒe nutoa me. Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo trɔ dzi me hegblɔna nɛ be, “Míeɖe kuku, na míatrɔ agbɔ va aƒe” la ŋu, eye wòkpɔa nublanui na wo.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le April me:

Yeremiya 17-31

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Le ƒe 997 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli, si nye ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ la, Israel viwo ma ɖe fiaɖuƒe eve me. Ðekae nye Yuda ƒe to eve fiaɖuƒea si le anyiehe. Eveliae nye Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea si nɔ dziehe gome, si wogayɔna be Efrayim, le esi wònye eyae nye to si xɔ ŋkɔ wu ta.

^ Biblia gɔmeɖelawo ƒe mɔfiagbalẽ aɖe ɖe nu si tae wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si nye dɔmetɔtrɔ me ale: “Yudatɔwo se egɔme be ametia ƒe ememe kee seselelãmewo tsona.”