Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE ʋã ŋutsu aɖe si dzudzɔ agbenɔnɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe hehe si wonae tso ɖevime nu la be wòtrɔ dzi me? Aleke ɖekakpui aɖe wɔ ke ɖe fofo si tɔgbi dim wònɔ vevie tso eƒe ɖevime ke la ŋu? Xlẽ ame siawo ŋutɔ ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Ehiã be matrɔ ava Yehowa gbɔ.”—ELIE KHALIL

ƑE SI ME WODZII: 1976

DUKƆ SI ME WÒTSO: CYPRUS

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: VI DZEAGLÃ

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Cyprus, ke Australia ye menɔ tsi. Dzinyelawo nye Yehowa Ðasefowo, eye wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe Nya, Biblia la, ɖe menye. Gake medze aglã esi menɔ nye ƒewuiwo me. Ne zã do la, medona le aƒea me dzaa ɖadoa go sɔhɛ bubuwo. Míefi ʋuwo, eye míewɔ nu bubu siwo he kuxi geɖewo va mía dzi.

Gbã la, menɔ nu siawo wɔm le bebeme, le esi menya be madze dzinyelawo ŋu o ta. Gake ʋɛʋɛʋɛ la, nyemegava vɔ̃na o. Medea ha kple ame siwo tsi sãsãsã wum, siwo melɔ̃ Yehowa o, eye ame siawo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dzinye. Mlɔeba megblɔ na dzinyelawo be nyemegadi be manɔ woƒe subɔsubɔhaa me o. Wogbɔ dzi ɖi dze agbagba be yewoakpe ɖe ŋunye, gake mesẽ dzi me. Esia na dzinyelawo ƒe dzi gbã.

Esi meʋu le aƒe me la, meva nɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm, eye mede marijuana-gblẽ hedzrae le agbɔsɔsɔ gã me hã. Menɔ agbe gbegblẽ, eye metu aglo atraɖii le zãmodzakaɖeƒewo. Meva zu ame si doa dziku kabakaba hã. Ne ame aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si menyo ŋunye o la, medoa dɔmedzoe, eye zi geɖe la, mebluna ɖe amea ta hedoa asi ɖe egbɔ gɔ̃ hã. Ne míagblɔe la, nu siwo katã wofiam be mele be Kristotɔ nawɔ o lae mewɔna.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Atike vɔ̃ɖi zãla aɖe si fofo ku esime wònye ɖevi dzaa ko la va zu xɔ̃nye kplikplikpli. Zi geɖe la, míenɔa dzeɖoɖo dzi ʋuu va se ɖe esime zã tsi. Ɣeaɖewoɣi le zã siawo me la, egblɔa eƒe dzimenyawo nam, eye wòƒoa nu tso ale si wòsusua fofoae ŋu. Esi menya nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsia ŋu ta la, meva nɔa nu ƒom tso ale si Yesu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre kpakple ale si wòdo ŋugbe be yeagava wɔe le etsɔme la ŋu nɛ. (Yohanes 5:28, 29) Megblɔna nɛ be: “Kpɔ ale si wòanɔe ɖa le susu me ne ègakpɔ fofowò ake. Mí katã míate ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.” Nya mawo wɔ dɔ ɖe xɔ̃nyea dzi ŋutɔ.

Le ɣebubuɣiwo la, xɔ̃nyea doa nya siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo kple Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiawo ŋu la ɖa. Mexlẽa mawunyakpukpui vovovo siwo gblɔ nyateƒe si ku ɖe Yehowa Mawu, Yesu kple ŋkeke mamlɛawo ŋu la nɛ le eya ŋutɔ ƒe Biblia me. (Yohanes 14:28; 2 Timoteo 3:1-5) Zi ale si mele nu ƒom tso Yehowa ŋu na xɔ̃nyea la, zi nenemae nye ŋutɔ hã meva nɔa Yehowa ŋu bum.

Vivivi la, Biblia me nyateƒe siwo dzinyelawo ku kutri ƒã ɖe dzi me nam tso nye ɖevime ke la va nɔ dɔ wɔm ɖe dzinye. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi ne meyi aglotuƒe, eye mía kple xɔ̃nyewo míele atike vɔ̃ɖiwo zãm la, kasia megava nɔa ŋugble dem le Yehowa ŋu. Xɔ̃nye geɖe gblɔna be yewolɔ̃ Mawu, gake woƒe nuwɔnawo meɖenɛ fiana be wolɔ̃e o. Esi nyemedi be manɔ abe woawo ene o ta la, mekpɔ nu si wòle be mawɔ la dze sii azɔ. Ehiã be matrɔ ava Yehowa gbɔ.

Ame ate ŋu anya nu si wòhiã be wòawɔ, gake ewɔwɔ koŋue sesẽna. Tɔtrɔ aɖewo wɔwɔ nɔ bɔbɔe nam; mesesẽ nam be madzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã o. Medzudzɔ hadede kple xɔ̃nyewo hã, eye Kristotɔ hamemetsitsi aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kplim.

Ke tɔtrɔ aɖewo wɔwɔ ya sesẽ nam ŋutɔ. Nye dziku dzi ɖuɖu menɔ bɔbɔe nam kura o. Metea ŋu ɖua ɖokuinye dzi ɣeaɖewoɣi, ke ɣebubuɣiwo la, nyemetea ŋui o. Esia tena ɖe dzinye, eye mesena le ɖokuinye me be medo kpo nu. Dzi ɖe le ƒonye, eye mete ɖe hamemetsitsi si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la ŋu. Hamemetsitsi sia si gbɔa dzi ɖi hewɔa nu dɔmenyotɔe la, de dzi ƒo nam ŋutɔ. Gbe ɖeka la, ena mexlẽ Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe si ku ɖe nu si tae dzidodo le vevie la ŋu. * Míedzro afɔ siwo mate ŋu aɖe ne dzi le kuyem la me. Le nyatia me nyawo ŋu bubu kpakple gbedodoɖa na Yehowa agbadre megbe la, vivivi la, mete ŋu va ɖu nye dzikudodoa dzi. Mlɔeba le ƒe 2000 ƒe April me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Mewɔ nuku o be dzinyelawo gli kple dzidzɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Nye susu dze akɔ anyi, eye dzitsinya nyui le asinye azɔ, elabena menya be nyemegale ɖi ƒom nye ŋutilã to atike vɔ̃ɖi zazã kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me o. Nu sia nu si wɔm mele, eɖanye dɔ, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede alo modzakaɖeɖee o, mesea vivi nɛ wu. Nye dzi dze eme.

Medaa akpe na Yehowa ɖe dzinyelawo ta, elabena womeɖe nu le nye nya me o. Mebua Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 6:44 hã ŋu. Afi ma gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae.” Ne mebu ale si mete ŋu trɔ va Yehowa gbɔ le esi wòhem va eɖokui gbɔe ta ŋu la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

“Edzrom Be Fofo Nanɔ Asinye.”—MARCO ANTONIO ALVAREZ SOTO

ƑE SI ME WODZII: 1977

DUKƆ SI ME WÒTSO: CHILE

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: DEATH-METAL HADZIHA ME TƆ

AGBE SI MENƆ TSÃ: Danye gbɔe menɔ tsi le Punta Arenas, si nye du dzeani aɖe si le Magellan Tsimɔ la to le afi si te ɖe South America ƒe anyiehe kekeake ŋu. Dzinyelawo dome klã esi mexɔ ƒe atɔ̃ pɛ ko, si wɔe be metsi akogo. Edzrom be fofo nanɔ asinye.

Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple danye, eye danye kplɔnam yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ke hã, kpekpeawo dede medzɔa dzi nam kura o, eya ta menɔa avinugbe wɔm le mɔa dzi. Esi mexɔ ƒe 13 la, medzudzɔ kpekpeawo dede keŋkeŋ.

Ɣemaɣi lɔƒo la, meva lɔ̃ hadzidzi, eye mede dzesii be hadzidzi ƒe ŋutete le asinye. Kaka maxɔ ƒe 15 la, meƒoa heavy-metal kple death-metal hawo le azãɖuƒewo, ahanoƒewo kple wɔna bubuwo teƒe. Mede ha kple hadzila bibiwo, si wɔe be meva lɔ̃ ha siwo wodzina ɖe blematsyãwo dzi. Mete hasɔsrɔ̃ le nutoa me haƒoƒosrɔ̃suku aɖe. Esi mexɔ ƒe 20 la, meʋu yi Santiago, si nye fiadu la me heyi nye hasɔsrɔ̃a dzi. Meyi edzi nɔ ha ƒom kple heavy-metal kple death-metal hadzihawo.

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o. Be seselelãme sia dzi naka aɖe la, memua aha, eye mía kple nye hadziha me tɔwo, siwo va le abe ƒometɔwo ene nam la, zãa atike vɔ̃ɖiwo. Medze aglã, eye esia ɖe dzesi le nye dzedzeme ŋu. Medoa awu yibɔ, meɖo ge, eye mena nye taɖa to va se ali gbɔ kloe.

Enuenu la, nye nuwɔnawo wɔnɛ be medzea nya me le setɔwo gbɔ. Gbe ɖeka esi meno aha la, mede asi avuwɔwɔ me kple atike vɔ̃ɖi dzrala aɖewo siwo va nɔ ge dim le mía kple xɔ̃nyewo ŋu. Atike vɔ̃ɖi dzralaawo ƒom ale gbegbe be nye glãƒu ŋe.

Ke hã, ame siwo mía kpli wo míele kplikplikpli lae wɔ nu wòvem wu. Gbe ɖeka meva nya be nye ahiãvia ganɔ zɔzɔm kple xɔ̃nye vevitɔ hã ƒe aɖewoe nye ema, eye xɔ̃nyewo katã ɣla nya sia ɖem. Esia na nye dzi gbã.

Megaʋu yi Punta Arenas, afi si mete hafiafia le hezu saŋkuƒola. Azɔ hã, meyi edzi nɔ dɔ wɔm kple heavy-metal kple death-metal hadzihawo. Meva dze si ɖetugbui dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Sussan, eye mía kplii míeva li ɖekae. Sussan va kpɔe be ye dada xɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la dzi se, ke nye ya nyemexɔe se o. Eya ta ebiam be: “Ekema kae nye nyateƒea?” Megblɔ nɛ be menya be Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la nye aʋatso, ke ɖeko nyemenya Biblia ƒe afi si matsɔ aɖo kpe edzi o. Ke hã, menya ame siwo ate ŋu aɖo kpe edzi nɛ. Megblɔ nɛ be Yehowa Ðasefowo ate ŋu afiae nyateƒea tso Biblia me. Eyome mewɔ nane si nyemegawɔ kpɔ o ƒe geɖewoe nye ema—medo gbe ɖa na Mawu bia eƒe kpekpeɖeŋu.

Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, medo go ŋutsu aɖe si ɖi ame nyanyɛ nam, eye mebiae be Ðasefoe wònye hã. Togbɔ be edze kɔtɛ be nye dzedzemea na dzidzi ƒoe hã la, eɖo nya siwo mebiae tso Fiaɖuƒe Akpataa me kpekpewo ŋu la ŋu nam ameŋububutɔe. Meka ɖe edzi be Mawue na medo go ŋutsu sia, le gbe si medo ɖa la ta. Meyi Fiaɖuƒe Akpataa me henɔ anyi ɖe zikpui mlɔetɔ dzi be ame aɖeke nagakpɔm adze sii o. Ke hã, ame geɖe siwo dze sim tso esime menɔ kpekpeawo dem le nye ɖevime la kpɔm dze sii. Woxɔm nyuie hewɔ atuu nam vividoɖeameŋutɔe, si wɔe be nye dzi dze eme ŋutɔ. Mese le ɖokuinye me be megbɔ va aƒe. Esi mekpɔ ŋutsu si srɔ̃ Biblia kplim le nye ɖevime la, megblɔ nɛ be wòagasrɔ̃ nu kplim ake.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Gbe ɖeka mexlẽ Lododowo 27:11, afi si gblɔ be: “Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi.” Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be amegbetɔ dzrowo ate ŋu ana xexe bliboa Wɔla nakpɔ dzidzɔ. Meva de dzesii be Yehowa ye nye Fofo si dim mele tso nye ɖevime ke la!

Medi be madze Fofonye si le dziƒo la ŋu ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, gake mezu kluvi na atike vɔ̃ɖiwo kple aha ƒe geɖewoe nye ema. Meva se Yesu ƒe nufiafia si dze le Mateo 6:24, si ƒe akpa aɖe gblɔ be, “ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o” la gɔme. Esi menɔ agbagba dzem be mawɔ tɔtrɔwo la, nya si dze le 1 Korintotɔwo 15:33 si nye be, “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo” la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mede dzesii be manya wɔ be maɖe asi le numame gbegblẽ mawo ŋu nenye be megakpɔtɔ le teƒe mawo ke yim hele ha dem kple xɔ̃nye tsãtɔwo o. Biblia ƒe nuxlɔ̃amea me kɔ: Ehiã be mawɔ tɔtrɔ gãwo hafi ate ŋu avo tso nu siwo nɔ heyem ɖe megbe la si me.—Mateo 5:30.

Esi melɔ̃ hadzidzi ta la, asiɖeɖe le heavy-metal ŋu keŋkeŋ va zu nyametsotso sesẽtɔ si mewɔ kpɔ le agbe me. Gake le xɔ̃nye siwo le hamea me ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu klɔ asi ɖa le eme mlɔeba. Medzudzɔ aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖi zazã. Azɔ hã, meko ta helũ ge, eye medzudzɔ awu yibɔwo ko dodo. Esi megblɔ na Sussan be medi be mako ta la, edi vevie be yeanya nu si tae. Egblɔ be, “Makplɔ wò ɖo ayi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me aɖakpɔ nu si tututu yia edzi le afi ma!” Nu si teƒe wòkpɔ le afi ma la dzɔ dzi nɛ, eye eteƒe medidi hafi wòna wote Biblia sɔsrɔ̃ kplii o. Mía kple Sussan míeva ɖe mía nɔewo. Le ƒe 2008 me la, míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo. Edzɔ dzi na mía kple srɔ̃nye be míeva wɔ ɖeka kple danye le Yehowa subɔsubɔ me.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Mevo tso yeaɖidzidzɔkpɔkpɔ ƒe agbe si menɔ va yi kpakple xɔlɔ̃ mawɔnuteƒewo si me azɔ. Togbɔ be megalɔ̃ hadzidzi hã la, metiaa wo me nyuie azɔ. Mezãa nu siwo me meto la tsɔ kpena ɖe ƒonyemetɔwo kple ame bubuwo, vevietɔ sɔhɛwo ŋu. Medi be mana woanyae be nu siwo xexea tsɔ ɖoa wo ŋkume la adze nu nyuiwo, gake le nyateƒe me la, “gbeɖuɖɔ” sɔŋ ko wonye.—Filipitɔwo 3:8.

Meke ɖe xɔlɔ̃ wɔnuteƒewo ŋu le Kristo hamea, afi si lɔlɔ̃ kple ŋutifafa xɔ aƒe ɖo la me. Ƒo wo katã ta la, meke ɖe Fofo si tɔgbi dim menɔ la ŋu, le esi mete ɖe Yehowa ŋu ta.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Nyatia, si ƒe tanye nye “Dzidzedzekpɔkpɔ To Kutrikuku Me” la, dze le February 1, 2000 tɔ me, axa 4-6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

“Mete ŋu trɔ va Yehowa gbɔ le esi wòhem va eɖokui gbɔe ta”