Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu

Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu

YOSEF gatsɔ agba bubu da ɖe tedzia dzi. Kpɔe ɖaa le susu me be Yosef enye ma tsa ŋku kpɔ ale si viviti do le Betlexem kɔƒea me, eye wòƒo axame na eƒe agbatsɔlã si ŋu ŋusẽ le la bene wòaɖe zɔ. Godoo la, anɔ ale si gbegbe mɔa didii la ŋu bum. Woɖo ta Egipte! Egipte nye dzronyigba si gbe bubu dolawo le, eye woƒe dekɔnuwo to vovo. Aleke ƒome sue sia awɔ atrɔ ɖe nɔnɔme siawo katã ŋu?

Mawudɔla aɖe de gbe aɖe, si tso Mawu gbɔ la, asi na Yosef le drɔ̃e me. Menɔ bɔbɔe na Yosef be wòaɖe nyaa dzi na srɔ̃a lɔlɔ̃a, Maria o, gake elé dzi ɖe ƒo hegblɔe nɛ. Egblɔ nɛ be Fia Herodes di be yeawu yewo viŋutsuvi sue la! Eya ta ele be yewoasi adzo enumake. (Mateo 2:13, 14) Maria tsi dzi vevie. Nu ka gɔ̃e ana ame aɖe nadi be yeawu ɖevi si medze agɔ aɖeke o, si mele naneke nyam o la? Maria kple Yosef mese nya bliboa gɔme o. Gake woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu henɔ klalo be yewoawɔ nu si wògblɔ.

Esi Betlexemtɔwo katã dɔ alɔ̃, eye womenya nu si le edzi yim o la, Yosef, Maria kple Yesu wɔ dzadzadza do go le kɔƒea me le zã me. Esime woɖo ta anyiehe gome, eye ɣe de asi dzedze me la, Yosef anya bu ale si ŋgɔgbea ava nɔe ŋu. Aleke atikpala tsɛ sia awɔ akpɔ eƒe ƒomea ta tso ŋɔdzinu siawo me? Ðe wòate ŋu akpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ɣesiaɣia? Ðe wòate ŋu ado dzi atsɔ agbanɔamedzi kpekpe si Yehowa Mawu de esi be wòalé be na vi tɔxɛ sia ahakpɔ edzi la? Kuxi gãwo dze ŋgɔ Yosef. Esi míele ale si wònɔ te ɖe wo nui me dzrom la, míakpɔ nu si tae wòle be vifofowo kple mía dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ Yosef ƒe xɔse.

Yosef Kpɔ Eƒe Ƒomea Ta

Ɣleti aɖewo do ŋgɔ esime Yosef nɔ wo de Nazaret la, wodo Eli vinyɔnu, Maria, ŋugbe nɛ, eye esia he tɔtrɔ gãwo va eƒe agbe me. Yosef nya be Maria nye ɖetugbui maɖifɔ si wɔa nuteƒe. Gake eva se be fu le eƒo! Eya ta eɖoe be yeagbee le adzame bene yemagado ŋukpee o. * Ke hã, mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ le drɔ̃e me gblɔ nɛ be fu si Maria fɔ la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Mawudɔlaa gblɔ kpee be vi si wòadzi la “aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.” Egade dzi ƒo na Yosef gblɔ bena: “Mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va aƒewò me o.”—Mateo 1:18-21.

Yosef, si nye ame dzɔdzɔe kple toɖola la, wɔe nenema pɛpɛpɛ. Agbanɔamedzi gã aɖee nye ema wòlɔ̃ be yeatsɔ, si nye be wòanyi viŋutsu si menye etɔ o, evɔ wònye ame vevitɔ kekeake na Mawu la, ahakpɔ edzi. Emegbe le se si dziɖula aɖe de ta la, Yosef kplɔ srɔ̃a, si ƒo fu nɔ la yi Betlexem hena ŋkɔŋɔŋlɔ. Afi mae wodzi ɖevia le. *

Yosef megakplɔ eƒe ƒomea wotrɔ yi Nazaret o. Ke boŋ, woyi ɖatsi Betlexem, si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa ʋɛ aɖewo. Togbɔ be woda ahe hã la, Yosef wɔ nu si wòate ŋui be yeatsɔ akpɔ Maria kple Yesu ta be womagaɖi hiã alo akpe fu o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wova nɔ aƒe kpokploe aɖe me. Azɔ, esime Yesu meganye vidzĩ o, ke boŋ ɖevi sue si anya xɔ wu ƒe ɖeka la, nuwo gatrɔ kpata ake.

Ŋutsu aɖewo siwo nye ɣletivimefakalawo la tso Ɣedzeƒe va do, ɖewohĩ Babilon kee wotso. Ɣletivi aɖe yomee wodze va Yosef kple Maria ƒe me, eye wonɔ ɖevi si ava nye Yudatɔwo ƒe fia la dim. Ŋutsuawo wɔ nu le bubu deto me.

Ɣletivimefakalaawo ɖanya alo womeɖanyae o wode Yesu, ɖevi la, ƒe agbe afɔku gã aɖe me. Ɣletivi si wokpɔ la kplɔ wo yi Yerusalem gbã hafi kplɔ wo va Betlexem. Le Yerusalem la, wogblɔ na fia vɔ̃ɖi Herodes be yewole ɖevi si ava zu Yudatɔwo ƒe fia la dim. Esia wɔe be fia la ʋã ŋu, eye wòdo dɔmedzoe.—Kpɔ nyati si nye “Exlẽlawo Bia Be . . . Ame Kae Dɔ ‘Ɣletivi’ La?” si le axa 29 lia.

Gake dzidzɔtɔe la, ŋusẽ bubu li si kɔ wu Herodes tɔ. Le mɔ ka nu? Amedzroawo tsɔ nunanawo ɖe asi vae hetsɔe na wo faa. Anya wɔ mo yaa na Yosef kple Maria be zi ɖeka le vome ko la, kesinɔnu siwo nye “sika, lifi, kple kotoklobo” su yewo si! Ɣletivimefakalaawo ɖoe be yewoagblɔ afi si tututu yewokpɔ ɖevi si dim yewonɔ la na Fia Herodes hafi. Ke hã, Yehowa de asi eme. Ede se na ɣletivimefakalaawo le drɔ̃e me be woatrɔ ato mɔ bubu ayi aƒe.—Mateo 2:1-12.

Esi ɣletivimefakalaawo trɔ dzo teti ko la, Yehowa ƒe dɔla xlɔ̃ nu Yosef gblɔ bena: “Tso, kplɔ ɖevi sue la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime mana gbe wò; elabena eteƒe madidi o, Herodes le ɖevi sue la di ge be yeawu.” (Mateo 2:13) Eya ta abe ale si míegblɔe le gɔmedzedzea me ene la, Yosef ɖe afɔ enumake. Via ƒe dedienɔnɔ ye wòtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, ale wòkplɔ eƒe ƒomea dzoe yi Egipte. Esi ɣletivimefakalaawo tsɔ nunana xɔasi mawo vae na ƒomea ta la, esia ado alɔ wo le woƒe mɔa zɔzɔ me.

Emegbe amewo va ɖe ami ɖe ŋutinya si ku ɖe woƒe Egipte yiyi ŋu la le apokrifa nyakpakpawo kple xotutuwo me. Wogblɔ be Yesu, ɖevi la, wɔ nukunu aɖewo: ena mɔ legbee la zu mɔ kpui aɖe ko, exɔ ŋusẽ le adzodalawo si, eye wòna ayedetiwo bi va anyi me bene dadaa nagbe woƒe tsetsewo aɖu. * Gake nyateƒeae nye be enye mɔ legbee teɖeɖiameŋu yi tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe.

Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yosef gbɔ. Elɔ̃ faa ɖe asi le eƒe dɔ ŋu, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe dzidzemekpɔkpɔ sa vɔe be yeakpɔ yeƒe ƒomea ta tso afɔku me. Edze ƒãa be ebu eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ be enye dɔdeasi kɔkɔe tso Yehowa gbɔ. Egbea, xexe si me nu siwo ate ŋu ade ɖeviwo ƒe agbe afɔku me, agblẽ wo, alo agblẽ agbe dome na wo gɔ̃ hã la mee dzilawo le wo viwo nyim le. Aleke gbegbe vidada kple vifofo siwo ɖea afɔ enumake tsɔ kpɔa wo viwo ta tso nu mawo si me, abe ale si Yosef wɔe ene la, ƒe nu nyoa ame ŋui enye esi!

Yosef Lé Be Na Eƒe Ƒomea

Edze abe ƒomea menɔ Egipte eteƒe didi o ene, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mawudɔlaa gblɔ na Yosef be Herodes ku. Yosef kplɔ eƒe ƒomea wotrɔ yi wo de. Wogblɔe ɖi tso blema ke be Yehowa ayɔ via ‘tso Egipte.’ (Mateo 2:15) Afɔ si Yosef ɖe la wɔe be nyagblɔɖi sia va eme. Gake afi kae wòakplɔ eƒe ƒome ayii azɔ?

Yosef ɖɔ ŋu ɖo. Enɔ vɔvɔ̃m na Arxelao, ame si va xɔ ɖe Herodes teƒe la, eye esɔ nenema hã, elabena eya hã nye amewula vɔ̃ɖi abe Herodes ke ene. Mawu na Yosef kplɔ eƒe ƒomea yi dziehe gome, afi si didi tso Yerusalem gbɔ, si wɔe be wosi le afɔku siwo le afi ma la nu, eye wotrɔ yi wo de Nazaret si le Galilea. Afi mae wo kple Maria wonyi wo viwo le.—Mateo 2:19-23.

Agbe tsɛ ye wonɔ, gake nuwo menɔ bɔbɔe na wo o. Biblia gblɔ be Yosef nye atikpala. Atikpakpa lɔ ati ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ vovovowo nu ɖe eme, abe atitsotso, etsɔtsɔ ayi aƒe mee, esiasia be wòaƒu bene woatsɔe atu xɔwo, akpa tɔdziʋuwo, alo awɔ tɔdzisasrãwo, agbatsɔkekewo, kekefɔtiwo, kɔkutiwo kple agbledɔwɔnu bubuwo. (Mateo 13:55) Dɔ sesẽe wònye. Zi geɖe la, atikpala siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la wɔa dɔ le woƒe aƒewo ƒe agbo dzi alo le dɔwɔƒe si wotu ɖe aƒea xa.

Yosef wɔ dɔwɔnu vovovowo ŋu dɔ, eye ɖewohĩ enyi wo dometɔ aɖewo ƒe dome tso fofoa gbɔ. Anya zã dzogoedzidzenu, tsumikpe, ɣé, fiá, laxalaxa, zu, atizu, pɛ, nu si wotsɔ ɖea do ɖe ati me, nutrenu vovovowo kple ɖewohĩ gatagbadzɛwo, togbɔ be woxɔ asi ɣemaɣi hã.

Kpɔe ɖaa le susu me be Yesu, ɖevi sue la, le ŋku lém ɖe fofoa si xɔe nyi la ŋu esime wòle dɔ wɔm. Ake ŋku anɔ nu sia nu si wɔm Yosef le la kpɔm tututu, eye ɖikeke mele eme o be Yosef ƒe akɔta gbadza, eƒe alɔkame sesẽ, ale si wòbi ɖe dɔa me kple aɖaŋu si le ŋku dzi nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi. Ðewohĩ esime Yesu nɔ sue la, Yosef fia dɔ viviviwo wɔwɔe, abe lãtsro ƒuƒu tsɔtsɔ zrɔ̃ ati ŋui ene. Ðewohĩ efia vovototo siwo le ati vovovo siwo wòzãna, abe gboti, amiti kple bubuawo ene, dome la Yesu.

Yesu de dzesii hã be asi sesẽ mawo siwo Yosef zãna tsɔ lãa atiwo, dzea xɔgbatiwo hewɔa dɔ sesẽ bubuwo la kee wòtsɔna faa dzi na ye, ye dada kple ye nɔviwo. Ɛ̃, Yosef kple Maria ƒe ƒomea va dzi ɖe edzi, elabena vi ade ya teti va nɔ wo si kpe ɖe Yesu ŋu. (Mateo 13:55, 56) Ehiã be Yosef nagawɔ dɔ sesĩe wu atsɔ akpɔ wo katã dzi ahanyi wo.

Ke hã, Yosef nyae be kpekpeɖeŋu si yeana yeƒe ƒomea le mawusubɔsubɔ gome lae le vevie wu. Eya ta edi ɣeyiɣi fia nu viawo tso Yehowa Mawu kple Eƒe seawo ŋu. Yosef kple Maria kplɔa ɖeviawo yia nutoa me ƒuƒoƒea, afi si woxlẽa Sea heɖea eme le la, edziedzi. Ðewohĩ ne wotrɔ gbɔ tso ƒuƒoƒea la, Yesu biaa nya geɖe, eye Yosef dzea agbagba vevie be yeaɖo nya siwo ɖevia bia tso Mawu ŋu la nɛ. Yosef kplɔa eƒe ƒomea ɖe asi yia subɔsubɔ ƒe ŋkekenyuiwo ɖuƒe le Yerusalem. Ðewohĩ Yosef kple eƒe ƒomea ahiã na kwasiɖa eve be woate ŋu ade ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe ahatrɔ agbɔ, eye abia be woazɔ kilometa 112.65 ƒe mɔ.

Egbea, ƒome ƒe ta siwo nye Kristotɔwo la srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua. Wotsɔa wo ɖokuiwo ɖoa anyi ɖe wo viwo ta, eye hehenana wo be woasro Mawu ɖa ye nɔa vevie na wo wu nu bubuwo katã, siwo dome ŋutilãmenudzedziname hã le. Wokua kutri vevie be yewoakplɔ yewo viwo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpe gãwo. Abe Yosef ene la, woawo hã wonyae be nu bubu aɖeke megali si nyo wu esia si yewoawɔ na yewo viwo o.

“Míetsi Dzodzodzoe”

Esi Yesu xɔ ƒe 12 la, Yosef kplɔ ƒomea yi Yerusalem, abe ale si ko wòwɔna ƒe sia ƒe ene. Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi ɖo. Enye azãɖuɣi si me ƒome blibowo kple woƒe agbatsɔlãwo lɔna hoo zɔa mɔ toa kɔƒenuto siwo me gbe damawo le la le adameŋɔli. Ke ne wova ɖo gbegbenyigba siwo te ɖe Yerusalem, si le to dzi ŋu la, wo dometɔ geɖe dzia todzimɔ dzi hadzidzi si ame geɖe lɔ̃na la. (Psalmo 120-134) Dua me ayɔ fũu kple ame akpe alafa geɖe. Le azãa ɖuɖu vɔ megbe la, ƒomeawo kple woƒe agbatsɔlãwo gadzea aƒe mɔ. Esi nu geɖe anya xɔ susu me na Yosef kple Maria ta la, wobu xaa bena Yesu hã nɔ mɔzɔla bubuwo, abe ƒometɔwo ene, dome. Esi woɖe Yerusalem ɖe megbe abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene hafi wova de dzesi nane si na dzidzi ƒo wo—Yesu bu!—Luka 2:41-44.

Wotsi dzodzodzoe hegbugbɔ to teƒe siwo katã woto va yi la trɔ yi Yerusalem. Bu ale si woanya se le wo ɖokui me azɔ be dua ɖi gbɔloe esime wole abla ɖem le mɔdodowo dzi hele wo via ŋkɔ yɔm sesĩe la ŋu kpɔ. Afi kae woakpɔ ɖevia le? Le ŋkeke etɔ̃a gbe tso esime wote edidi la, ɖe Yosef se le eɖokui me be yedo kpo nu le agbanɔamedzi kɔkɔe si Yehowa de esi la tsɔtsɔ mea? Mlɔeba, woyi ɖe gbedoxɔ la me. Wodii le afi ma va se ɖe esime woge ɖe xɔ aɖe si me agbalẽnyala geɖe siwo nya Sea nyuie ƒo ƒu ɖo la me. Kaka woakpɔ la, Yesue nye ema bɔbɔ nɔ wo dome! Aleke gbegbe Yosef kple Maria ƒe dzi adze eme enye esi!—Luka 2:45, 46.

Yesu nɔ to ɖom agbalẽnyala mawo henɔ nya biam wo moveviɖoɖotɔe. Ðevia ƒe nugɔmesese kple nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na ŋutsu siawo. Esia wɔ nuku na Maria kple Yosef ŋutɔ. Togbɔ be nuŋlɔɖia mehe susu yi Yosef ƒe numenya aɖeke dzi o hã la, nya si Maria gblɔ la na ale si wo ame evea se le wo ɖokui mee la dze ƒãa. Egblɔ be: “Vinye, nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Kpɔ ɖa, mía kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm.”—Luka 2:47, 48.

Nya ʋɛ siawo siwo dze le Mawu ƒe Nyaa me la ɖe ale si dzilanyenye nɔna la fia kɔtɛ. Vihehe mele bɔbɔe o, nenye be ɖevia de blibo gɔ̃ hã! Vihehe le xexe gblẽku sia me ate ŋu ahe ‘dzodzodzoetsitsi’ geɖe avae na vifofowo kple vidadawo, gake enyanya be kuxi siwo wodoa goe la ŋu nya dze le Biblia me la ate ŋu afa akɔ na wo.

Dzidzɔtɔe la, teƒe ɖeka kolia si Yesu ase le eɖokui me be yete ɖe ye Fofo si le dziƒo, Yehowa, ŋu le wu lae wònɔ henɔ to lém ɖe nya sia nya si me nufiame le la ŋu vevie. Eya ta eɖo nya ŋu na wo kpuie tso dzi me ale: “Nu ka tae wòle be mianɔ diyem? Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe aƒe me oa?”—Luka 2:49.

Ðikeke mele eme o be Yosef bu nya mawo ŋu zi geɖe. Ðewohĩ eva nye dada nɛ be ɖevia gblɔ nya mawo. Ƒe geɖewoe nye ema wòku kutri fia Yesu, vi si wòxɔ nyi la, be wòase le eɖokui me nenema ɖe Yehowa Mawu ŋu. Togbɔ be Yesu ganye ɖevi ɣemaɣi hã la, ese le eɖokui me be fofo lɔ̃ame le ye si, eye Yosef hã wɔ akpa vevi aɖe le esia me.

Ne vifofoe nènye la, ɖe nède dzesii be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woase nu si wòfia be vifofo lɔ̃ame si kpɔa ame ta nanɔ ame si la gɔmea? Azɔ hã, ne èxɔ vi le nyinyim alo atikɔmeviwo le asiwò la, ɖo ŋku Yosef ƒe kpɔɖeŋua dzi, eye nàde asixɔxɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ahawɔ nu ɖe wo ŋu wotɔwotɔwoe. Kpe ɖe wo ŋu be woate ɖe wo Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, ŋu.

Yosef Do Vevie Nu Hewɔ Nuteƒe

Nya ʋɛ aɖewo koe Biblia gagblɔ tso Yosef ŋu, gake wo me dzodzro nyuie aɖe vi. Biblia gblɔ be Yesu yi “edzi bɔbɔ eɖokui na” edzilawo. Eye wògagblɔ hã be “Yesu yi edzi nɔ tsitsim, eye eƒe nunya hã nɔ dzidzim ɖe edzi, eye wònɔ amenuveve kpɔm le Mawu kple amewo siaa gbɔ.” (Luka 2:51, 52) Nu kae nya mawo ɖe fia tso Yosef ŋu? Eɖe nu geɖe fia. Míesrɔ̃e be Yosef yi edzi xɔ ŋgɔ le eƒe ƒomea me, elabena via deblibo sia de bubu fofoa ƒe tanyenye ŋu, eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui nɛ.

Wogblɔ hã be Yesu tsi ɖe edzi le nunya me. Yosef anya wɔ akpa vevi aɖe godoo le via ƒe ŋgɔyiyi sia wɔwɔ me. Le ɣeyiɣi mawo me la, Yuda ame tsitsiwo doa lo aɖe si me wogblɔna le be, ame siwo ŋu vovo le la koe ate ŋu adze nunya ŋutɔŋutɔ, ke asinudɔwɔlawo abe, atikpalawo, agbledelawo, kple gbedewo ene ya “mate ŋu afia nu tso dzɔdzɔnyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu o; eye womakpɔ wo le afi si wodoa lo si me nufiame le la o.” Emegbe Yesu ɖee fia be lododo ma menye nyateƒe o. Togbɔ be atikpala koe fofoa si xɔe nyi la nye hã la, le Yesu ƒe ɖevime la, ese ale si Yosef fia nu tso Yehowa ƒe “dzɔdzɔnyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃” ŋu ɖe eteƒe la zi geɖe! Ðikekemanɔmee la, Yosef wɔa esia enuenu.

Akpa si Yosef wɔ le Yesu ƒe tsitsi nyuie me hã dze ƒãa. Esi wolé be na Yesu nyuie tso eƒe ɖevime ta la, etsi va zu ŋutsu sesẽ si le lãmesẽ me. Gakpe ɖe eŋu la, Yosef fia dɔ si wòwɔna la Yesu, si wɔe be eya hã va bi ɖe eme. Eya ta menye ɖeko woyɔ Yesu be atikpala ƒe vi o, ke woyɔe be “atikpala” hã. (Marko 6:3) Esia fia be Yosef hee nyuie. Ƒome ƒe tawo wɔnɛ nyuie be wosrɔ̃a Yosef ƒe kpɔɖeŋua hekpɔa wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, eye wokpena ɖe wo ŋu be woate ŋu akpɔ wo ɖokuiwo dzi le etsɔme.

Tso ɣeyiɣi si me Biblia gblɔ be Yesu xɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe 30 la, womegaƒo nu tso Yosef ŋu azɔ o. Kpeɖodziawo na wòdze abe Maria nye ahosi le ɣeyiɣi si me Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme ene. (Kpɔ aɖaka si nye “Ɣekaɣie Yosef Ku?” si le axa 27.) Ke hã, nu siwo Yosef wɔ la ɖe dzesi. Eɖo kpɔɖeŋu nyui na vifofowo le ale si wòkpɔ eƒe ƒomea ta, ale si wòlé be na wo, kple ale si wòwɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwui me. Anyo ŋutɔ be vifofowo, ƒome ƒe tawo, kple Kristotɔwo katã nasrɔ̃ Yosef ƒe xɔse.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Le ɣemaɣi la, ne ŋutsu kple nyɔnu le ŋugbedodo me la, ɖeko wòde sɔsɔ ge kple srɔ̃ɖeɖe.

^ Kpɔ nyati si nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse—‘Enɔ Nyaawo Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me’” si dze le October 1, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ Biblia gblɔe kɔtɛ be Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbee wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ. (Yohanes 2:1-11) Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso apokrifa nya nyui gbalẽwo ŋu le nyati si nye “Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo—Yesu Ŋu Nyateƒenya Ɣaɣlɛwoe Wonyea?” me le axa 18 lia.

[Aɖaka si le axa 27]

Ɣekaɣie Yosef Ku?

Míenya be Yosef gakpɔtɔ nɔ agbe esime Yesu xɔ ƒe 12. Le ƒe ma xɔxɔ me la, Yudatɔ sɔhɛ geɖe dzea dɔ si wo fofo wɔna la sɔsrɔ̃ gɔme hezua dɔsrɔ̃viwo le woƒe ƒe 15 xɔxɔ me. Edze ƒãa be Yosef nɔ agbe va se ɖe esime wòfia dɔ Yesu wòzu atikpala. Esi Yesu xɔ abe ƒe 30 ene hedze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, ɖe Yosef gakpɔtɔ nɔ agbe ɣemaɣia? Edze abe menɔ agbe o ene. Woƒo nu tso Yesu dada, nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo ŋu be wonɔ agbe ɣemaɣi, gake womeƒo nu tso Yosef ŋu o. Gbe ɖeka woyɔ Yesu gɔ̃ hã be “Maria ƒe vi,” ke menye Yosef ƒe vi o. (Marko 6:3) Biblia ƒo nu tso ale si Maria wɔa nuwo le eɖokui si le esime mebia srɔ̃aŋutsu ƒe susu le wo ŋu hafi o la ŋu. (Yohanes 2:1-5) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nyɔnu mawɔ nu nenema o negbe ɖeko wònye ahosi hafi. Mlɔeba, esi Yesu nɔ kukum la, etsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de asi na apostolo Yohanes. (Yohanes 19:26, 27) Ne ɖe Yosef le agbe la, anye ne esia mahiã hafi o. Eya ta edze ƒãa be Yosef ku esime Yesu nye ɖekakpui. Esi Yesu nye ŋgɔgbevia ta la, ɖikeke mele eme o be, eyi atikpakpadɔa dzi tsɔ kpɔ ƒomea dzi va se ɖe eƒe nyɔnyrɔxɔɣi.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yosef medi eɖokui tɔ o, eɖe afɔ enumake tsɔ kpɔ via ta

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Yosef wɔ dɔ sesĩe tsɔ kpɔ eƒe ƒomea dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yosef kplɔa eƒe ƒomea yia Yerusalem gbedoxɔa me edziedzi hena tadedeagu

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Yosef he via wòva zu atikpala