Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ame Kae Dɔ “Ɣletivi” La?

Ame Kae Dɔ “Ɣletivi” La?

▪ Èkpɔ Yesu dzidzi ŋuti nɔnɔmetata alo fefe siwo me fia alo nunyala etɔ̃ yi ɖasrã Yesu kpɔ esime wònye vidzĩ si wotsɔ mlɔ lãnuɖunu me la kpɔa? Le ŋutinya ma nu la, wogblɔ be Mawu dɔ ɣletivi aɖe be wòakplɔ wo ayi lãkpɔa me le Betlexem. Ðevi gbogbo aɖewo lé fia etɔ̃ mawo ƒe ŋkɔwo ɖe ta me. Woƒe ŋkɔwoe nye Melchior, Caspar, kple Baltazar. Ke hã, ɖe ŋutinya nyanyɛ ma wɔ ɖeka kple nu si tututu Biblia gblɔa? Ao. Mewɔ ɖeka kplii o le go geɖe me.

Gbã la, ame kawoe ŋutsu siawo nye? Le Helagbe si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, womeyɔ wo be fiawo alo nunyalawo o. Akunyawɔlawo, alo ɣletivimefakalawoe wonye. Edze ƒãa be trɔ̃subɔla afakala siwo nɔa te ɖe ale si ɣletiviwo zɔnae dzi kaa afa lae wonye. Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo meyɔ ame siawo ƒe ŋkɔwo alo woƒe xexlẽme o.

Evelia, ɣekaɣie ame siawo ɖasrã Yesu kpɔ? Menye esime Yesu nye vidzĩ si wotsɔ mlɔ lãnuɖunu me lae o. Aleke míewɔ nya? Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Mateo gblɔ be: “Esi woyi aƒea me la, wokpɔ ɖevi sue la kple dadaa Maria.” (Mateo 2:11) De dzesii be ɣemaɣi la, Yesu meganye vidzĩ kokoe o, ke boŋ enye “ɖevi sue.” Maria kple Yosef megatsia lãkpɔa me dɔna o, ke boŋ aƒe aɖe mee wonɔ.

Etɔ̃lia, ame kae dɔ “ɣletivi” la be wòanɔ ŋgɔ na ɣletivimefakalaawo? Subɔsubɔhakplɔla geɖe fiaa nu be Mawue dɔ “ɣletivi” la. Nyateƒeea? De dzesii be menye Betlexem ye “ɣletivi” la kplɔ ɣletivimefakalaawo yii gbã o. Ke boŋ, ekplɔ wo yi Fia Herodes gbɔ le Yerusalem. Wogblɔ Yesu dzidzi ŋu nya na ŋusẽtɔ amewula ma si nye ŋuʋãla la, eye woƒe nyawo na gɔ̃ hã be wòlé fu ɖevi ma si ava nye “Yudatɔwo ƒe fia” la. (Mateo 2:2) Ayetɔe la, Herodes gblɔ na wo be woatrɔ ava na yeanya afi si tututu ɖevia le, eye wògblɔ kpee be ye hã yedi be yeayi aɖade bubu eŋu. Eyome “ɣletivi” la kplɔ ɣletivimefakalaawo yi Yosef kple Maria gbɔ. Eya ta ne ɖe Mawu mede asi eme o la, anye ne afɔ si ɣletivimefakalaawo ɖe la na wowu ɖevi la. Enyo ŋutɔ be Mawu de asi eme. Esi ɣletivimefakalaawo meva gblɔ dɔgbedenya na Herodes o ta la, edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòde se be woawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema o le Betlexem kple eƒe golɔgoewo.—Mateo 2:16.

Yehowa ɖɔ Yesu emegbe be “Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo.” (Mateo 3:17) Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe Vifofo dzɔdzɔetɔ lɔ̃ame ma atia trɔ̃subɔla afakala siwo yɔa gbɔgbɔ, si nye nuwɔna si wòtsri le eƒe Sea me la, be woanye yeƒe dɔtsɔlawoa? (5 Mose 18:10) Ðe wòato ɣletivi dzi akplɔ wo ayi Herodes, amewula ŋusẽtɔ si vɔ̃ɖi wu le nuto ma me la gbɔe le esime eya ŋutɔ nyae be nya si gblɔ ge woyina la ana Herodes naʋã ŋu ahalé fu ye via? Ðe Mawu azã ɣletivi ma kple ɣletivimefakala mawo ke atsɔ ana woanya afi si via si ŋu wɔna aɖeke mele o la lea?

Le kpɔɖeŋu me: Asrafomegã bibi aɖe dɔ eƒe aʋawɔla nyuitɔ ɖe nuto si me eƒe futɔwo le, afi si eƒe agbe ate ŋu aɖo afɔku me bɔbɔe le. Ðe wòana eƒe futɔwo nanya afi si eƒe aʋawɔla ma lea? Gbeɖe! Nenema kee Yehowa hã dɔ Via ɖe xexe sia si nye afɔkuteƒe la me. Ðe wòana fia vɔ̃ɖi Herodes nanya afi si Via si mate ŋu aʋli eɖokui ta o la lea? Kpao!

Ekema ame kae dɔ “ɣletivi” la, alo nu si le abe ɣletivi ene la? Enyo, ame kae di vevie be woawu Yesu, ɖevi la, si ana be mate ŋu atsi ava wɔ dɔ si wode esi be wòawɔ le anyigba dzi la o? Ame kae kplɔa amewo trana, eye wòdoa aʋatsokaka, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple amewuwu ɖe ŋgɔ? Yesu ŋutɔ ʋu go ame si nye “aʋatsokala kple aʋatsokafofo” si nye ‘amewula tso gɔmedzedzea me’ ke la. Eyae nye Satana Abosam.—Yohanes 8:44.