Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Nui Egbea?

Aleke Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Nui Egbea?

Aleke Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Nui Egbea?

KRISTOTƆ vavã siwo li egbea meƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me o. Nu ka tae? Elabena wosrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Egblɔ tso eɖokui ŋu be: “Nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o.” Egblɔ tso eyomedzelawo hã ŋu be: “Mienye xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 15:19; 17:14) Bu susu siwo ta mele be Kristotɔwo nade nu dunyahehe me o la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

1. Amegbetɔ ƒe ŋutete se ɖe afi aɖe ko. Biblia gblɔ be ŋutete kple gome mele amegbetɔwo si be woaɖu wo ɖokui dzi o. Nyagblɔɖila Yeremiya ŋlɔ bena: “Ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremiya 10:23.

Abe ale si ko womewɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woadzò le yame le wo ɖokui si o ene la, nenema kee womewɔ wo be woaɖu wo ɖokui dzi dzidzedzetɔe o. Esi ŋutinyaŋlɔla David Fromkin nɔ nu ƒom tso seɖoƒe si le amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ŋu ŋuti la, egblɔ be: “Dziɖuɖuwo nye amegbetɔwo ƒe nuɖoanyiwo; eya ta wodoa kpo nu, eye kakaɖedzi mele woƒe etsɔme ŋu o. Ŋusẽ aɖe le wo si ya, gake ɖeko wòse ɖe afi aɖe ko.” (The Question of Government) Eya ta mewɔ nuku o be Biblia xlɔ̃ nu mí be míagaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu o!—Psalmo 146:3.

2. Gbɔgbɔ vɔ̃wo le ŋusẽ kpɔm ɖe dziɖuɖuwo dzi fifia. Esi Satana tsɔ xexea dzi ɖuɖu ɖo Yesu ŋkume la, Yesu megblɔ be ŋusẽ mele Abosam si be wòatsɔ xexea me fiaɖuƒewo katã ana ye o. Yesu gblɔ emegbe gɔ̃ hã be Satanae nye “xexea dzi ɖula.” Ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo gblɔ be Satanae nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu.” (Yohanes 14:30; 2 Korintotɔwo 4:4) Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati Kristotɔwo bena: “Míele kame tem . . . kple viviti sia ƒe xexemedziɖulawo, kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” (Efesotɔwo 6:12) Le ame akpa gãtɔ ƒe manyamanya me la, gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwoe le xexea dzi ɖum. Le esia ta, aleke wòle be míabu dunyahehee?

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Abe ale si ko ŋusẽ le atsiaƒu ŋu wòtea ŋu kplɔa tɔdziʋu suewo dzonae ene la, nenema kee gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo hã kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe dunyahenuɖoanyiwo dzii. Abe ale si ko ʋukula siwo le tɔdziʋu mawo me mate ŋu awɔ naneke tso ale si tsia le sisimee ŋu o ene la, nenema kee dunyahelawo hã mate ŋu awɔ naneke tso gbɔgbɔmeŋusẽ sẽŋuawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu o. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖoe kplikpaa be yewoagblẽ nu le amegbetɔwo ŋu ɖikaa ahawɔ nu siwo ana wòasɔ be woado “baba na anyigba.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Eya ta ame aɖe si tri akɔ wu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃awo koe ate ŋu atrɔ nuwo wòanyo. Ame mae nye Yehowa Mawu ŋutɔ.—Psalmo 83:19; Yeremiya 10:7, 10.

3. Mawu Fiaɖuƒea dzi koe Kristotɔ vavãwo de. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nyae be le ŋkeke ɖoɖi aɖe dzi la, Mawu ŋutɔ aɖo dziɖuɖu aɖe anyi le dziƒo, si aɖu anyigba bliboa dzi. Biblia yɔ dziɖuɖu sia be Mawu Fiaɖuƒe, eye wòna míenya be Yesu Kristoe nye dziɖuɖu sia ƒe Fia si woɖo. (Nyaɖeɖefia 11:15) Esi Fiaɖuƒe ma aɖu amegbetɔwo katã dzi ta la, “Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” koŋ ŋue Yesu fia nu tsoe. (Luka 4:43) Azɔ hã, efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava.” Nu ka tae? Elabena le Fiaɖuƒe ma te la, woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi godoo.—Mateo 6:9, 10.

Ke nu kae adzɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dzi? Biblia gblɔ be woatsrɔ̃ dziɖuɖu siwo le “anyigba blibo la dzi.” (Nyaɖeɖefia 16:14; 19:19-21) Ne ame aɖe xɔe se vavã be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe amegbetɔwo ƒe dunyahenuɖoanyiwo katã ɖa kpuie la, ke nu si me nunya le be wòawɔe nye be wòagado alɔ wo o. Le nyateƒe me la, ne edze agbagba be yeado alɔ amegbetɔ ƒe dziɖuɖu siawo siwo woava tsrɔ̃ ɖa la, ke ele tsitre tsim ɖe Mawu ŋu.

Esi Kristotɔ vavãwo meƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me o ta la, ɖe wòfia be wometsɔ ɖeke le nu siwo woate ŋu awɔ be nuwo naka ɖe eme wu le nuto siwo me wole la wɔwɔ me oa? Míekpe wò be nàxlẽ ale si woɖo nya sia ŋui le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Yehowa Ðasefowo doa Mawu Fiaɖuƒea ɖe ŋgɔ, ke menye dunyahehe me tɔtrɔwo o