Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Kristotɔwo Ƒe Nufiafiawo Ðea Vi Na Amewoe?

Aleke Kristotɔwo Ƒe Nufiafiawo Ðea Vi Na Amewoe?

Aleke Kristotɔwo Ƒe Nufiafiawo Ðea Vi Na Amewoe?

NYATI siwo do ŋgɔ la dzro susu siwo ta Kristotɔ vavãwo meƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me o la me. Gake aleke Kristotɔwo ate ŋu aɖee afia be yewotsɔ ɖe le nu siwo ana nɔnɔmewo nanyo wu le nuto siwo me wole la wɔwɔ me? Mɔ ɖekae nye to Yesu ƒe sedede sia dzi wɔwɔ me: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.”—Mateo 28:19, 20.

Kadodo le se si Yesu de be ‘miwɔ nusrɔ̃lawo’ la dzi wɔwɔ kpakple mɔfiame si wòna be woanɔ abe xexea ƒe dze kple kekeli ene la dome. (Mateo 5:13, 14) Nu kae nye kadodoa? Eye vi kae dɔ sia wɔwɔ ɖena na amewo?

Kristo Ƒe Gbedeasia​—Ekpɔa Ame Ta Hekɔa Nu Me

Dze tea ŋu kpɔa nuɖuɖu ta be wòagagblẽ o. Nenema kee gbe si Yesu de asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒãe le dukɔwo katã me hã kpɔa ame ta tso gbegblẽ me. Ame siwo xɔ Yesu ƒe nufiafiawo hewɔa wo dzi la kpɔa wo ɖokuiwo ta tso nɔnɔme gblẽku siwo xɔ aƒe ɖe xexea me egbea la me. Le mɔ ka nu? Wosrɔ̃a ale si woaƒo asa na nuwɔna siwo gblẽa nu le woƒe lãmesẽ ŋu, abe atamanono ene, eye wotua nɔnɔme nyuiwo abe lɔlɔ̃, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo kple nyuiwɔwɔ ene ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Nɔnɔme siawo wɔnɛ be wova zua dumevi ɖɔʋuwo. Kristotɔ siwo ɖea gbeƒã gbedeasi sia si trɔa amewo ƒe nɔnɔme la nye viɖenu na ame siwo dome wole.

Ke kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso kekeli ŋu ya ɖe? Abe ale si ko kekeli si tso ɣea gbɔ nana dzinu ɖinae ene la, nenema kee Kristo yomedzelawo nana “kekeli” si tso Yehowa Mawu gbɔ la klẽna. Wowɔa esia to gbeƒãɖeɖe gbedeasi si naa numekɔkɔ ame kpakple woƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ dzi.—1 Petro 2:12.

Yesu gate gbe ɖe ɖekawɔwɔ si le kekelinyenye kple nusrɔ̃lanyenye dome esi wògblɔ be: “Ne wosi akaɖi la, wometsɔnɛ dana ɖe nudokusi te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòklẽna ɖe ame siwo katã le aƒea me la dzi. Nenema kee mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume.” Ne wosi akaɖi da ɖe akaɖiti dzi la, eklẽna na ame siwo katã te ɖe eŋu la nyuie. Nenema kee wòle be gbeƒãɖeɖedɔa kple dɔ nyui bubu siwo Kristotɔ vavãwo wɔna la nadze ƒãa na ame siwo dome wole. Nu ka tae? Elabena Yesu gblɔ be ame siwo kpɔ woƒe dɔwɔwɔ nyuiwo la atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, ke menye na Kristotɔawo o.—Mateo 5:14-16.

Ame Hahoowo Ƒe Dɔe

Nya si Yesu gblɔ be “Miawoe nye xexea ƒe kekeli” kple “mina miaƒe kekeli naklẽ” la yi na eƒe nusrɔ̃lawo katã. Manya wɔ be ame ɖekaɖeka siwo kaka ɖe subɔsubɔha vovovowo me la nawɔ Yesu ƒe dɔdeasia ade goe o. Ke boŋ xɔsetɔwo katãe nye “kekeli” la. Yehowa Ðasefo miliɔn adre siwo le dukɔ siwo wu 235 me la xɔe se be yewo katã yewoƒe dɔe wònye be yewoayi yewo haviwo gbɔ aɖagblɔ gbedeasi si Kristo di be ye yomedzelawo naɖe gbeƒãe la na wo.

Nu kae nye nyati vevitɔ si ŋu Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le? Esi Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã la, megblɔ na wo be woaɖe gbeƒã tso tɔtrɔ siwo wòhiã be woawɔ le hadome kple dunyahehe me alo Sɔlemea kple Dukɔa ƒe ɖekawɔwɔ, alo xexemenukpɔsusu bubu aɖeke o. Ke boŋ egblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Kristotɔ vavã siwo li egbea la wɔa Yesu ƒe sedede sia dzi heyia edzi ƒoa nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na wo haviwo. Fiaɖuƒe siae nye dziɖuɖu ɖeka kolia si ate ŋu ahe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui ahahe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye vae.

Le nyateƒe me la, míade dzesii le Nya Nyui Gbalẽawo me be, nu vevi eve ɖe dzesi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me siwo dzena le Kristotɔ vavãwo ƒe dɔwɔnawo me egbea. Míadzro esiawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Gɔmesese ka nue Kristotɔwo le abe dze ene le?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Mɔ ka nue Kristo ƒe gbedeasia le abe akaɖi le afi si viviti do ɖo ene?